bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Leviticus 3
Leviticus 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 4 →
1
“Ne ame aɖe di be yeatsɔ yeƒe nyi ɖeka asa ŋutifafavɔ la, ate ŋu atsɔ nyitsu alo nyinɔ si naneke mewɔ o la ava Aƒetɔ ŋkumee.
2
Amea natso lãa le godoƒegbadɔ la nu. Ele be wòatsɔ asi aɖo lãa ƒe ta dzi hafi atsoe, eye Aron viŋutsu siwo nye nunɔlawo la, nahlẽ eƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo va kpe.
3
Eyome ame si tsɔ nyia vɛ la naɖe lãa ƒe ami siwo tsyɔ dɔmenuawo dzi kple esiwo le dɔmenuawo ŋu la, atsɔ asa dzovɔ na Aƒetɔ,
4
hekpe ɖe ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu le eƒe alime kpakple aklã ƒe gbadzaƒe eveawo ŋu.
5
Aron viŋutsu siwo nye nunɔlawo la, atsɔ nu siawo katã akpe ɖe numemevɔsa siwo le nake dzi le vɔsamlekpuia dzi xoxo la ŋu, eye woamè wo katã va se ɖe esime woafiã keŋkeŋ. Dzovɔsa sia ƒe ʋeʋẽ lílilĩ doa dzidzɔ na Aƒetɔ.”
6
“Nenye alẽ alo gbɔ̃ wòdi be yeatsɔ sa ŋutifafavɔ lae la, ate ŋu atsɔ atsua alo nɔa awɔe faa gake ele be wòanye lã si naneke kura mewɔ afi aɖeke na o.
7
Nenye alẽe wòtsɔ vɛ la,
8
ekema atsɔ asi aɖo lãa ƒe ta dzi, eye wòatsoe le godoƒegbadɔ la nu. Aron viŋutsuwo nahlẽ eƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo va kpe.
9
Eyome aɖe akpa aɖewo le ŋutifafavɔsa la ŋu atsɔ ana Aƒetɔ abe dzovɔsa ene. Akpa siawoe nye: lãa ƒe ami, eƒe asikɛ blibo la kple ami si le lãa ƒe dɔmenuwo ŋu la katã,
10
ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu kpakple ami si le aklã ŋu, esiwo akpe ɖe ayikuawo ŋu. Woalã asikɛa ƒe akpa dami la le keke asikɛa ƒe agunu ke.
11
Nunɔlaa natɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi. Dzovɔsanuɖuɖu wòanye na Aƒetɔ.”
12
“Nenye gbɔ̃ amea di be yeatsɔ sa vɔ lae la, netsɔe va sa vɔe le Aƒetɔ ŋkume.
13
Atsɔ asi aɖo lãa ƒe ta dzi, eye wòatsoe le afi ma. Aron viŋutsu siwo nye nunɔlawo la, nahlẽ eƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo va kpe.
14
Eyome aɖe akpa aɖewo le ŋutifafavɔsa la ŋu atsɔ ana Aƒetɔ abe dzovɔsa ene. Akpa siawoe nye: ami si tsyɔ dɔmenuawo dzi la katã,
15
ayikuawo kple ami si le wo ŋu, aklã ŋu miawo kple aklãa ƒe gbadzaƒe eveawo, hekpe ɖe ayikuawo ŋu.
16
Nunɔlaa namè nu siawo katã le vɔsamlekpui la dzi va se ɖe esime woafiã keŋkeŋ, eye woanye dzovɔsanuɖuɖu si dzea Aƒetɔ ŋu. Lã siwo katã wotsɔ sa vɔe la ƒe ami nye Aƒetɔ tɔ; vɔsa tɔxɛ wonye nɛ.
17
Eya ta miekpɔ mɔ aɖu lã ƒe ami alo lã ƒe ʋu o. Ɖoɖo sia nanye se na Israelviwo katã, le afi sia afi, tso dzidzime yi dzidzime, heyi ɖe mavɔ me.”
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27