bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Judges 1
Judges 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 2 →
1
Le Yosua ƒe ku megbe la, Israelviwo bia Aƒetɔ be: “Míaƒe toawo dometɔ kae le hoho ge aɖawɔ aʋa kple Kanaanitɔwo gbã?”
2
Aƒetɔ ɖo eŋu be: “Yuda-to la neho yi. Kpɔ ɖa, metsɔ anyigba la de asi nɛ.”
3
Tete Yuda gblɔ na nɔvia Simeon be: “Va kplɔm yi anyigba si wotsɔ nam la dzi ne maɖawɔ aʋa kple Kanaanitɔwo. Emegbe la, nye hã makplɔ wò ayi teƒe si wotsɔ na wò la dzi aɖakpe ɖe mia ŋu.” Ale Simeon yi kplii.
4
Esi woyi la, Aƒetɔ na woɖu Kanaanitɔwo kple Perizitɔwo dzi. Wowu ame akpe ewo le Bezek.
5
Wodo go Adoni-Bezek le afi ma, eye wowɔ aʋa kplii.
6
Esí, eye woti eyome ɖalée. Wolã eƒe asi kple afɔ degblefetsuwo katã.
7
Tete Adoni-Bezek gblɔ be: “Fia bla adrẽ siwo ƒe asi kple afɔ degblefetsuwo wolã la fɔa nuɖuɖu wuwlui le nye kplɔ̃ te ɖuna. Nu si mewɔ na wo la, eya teƒee Mawu ɖo nam.” Wokplɔe va Yerusalem afi si wòku ɖo.
8
Yuda-to la me tɔwo wɔ aʋa kple Yerusalem-dua, eye woxɔe. Wowu dua me tɔwo kple yi hetɔ dzo dua.
9
Emegbe la, Yuda-to la me tɔwo yi ɖawɔ aʋa kple Kanaanitɔ siwo le tonyigba dzi, esiwo le bali me le toawo gɔme kpakple esiwo le gbegbe si le anyigbeme la.
10
Wozɔ ɖe Kanaanitɔ siwo le Xebron-du me la dzi. Woyɔa du sia tsã be Kiryat-Arba. Woɖu Sesai, Aximan kple Talmai dzi le afi ma.
11
Esi Yuda-to la me tɔwo tso le afi ma la, woho aʋa ɖe Debirtɔwo ŋu. Woyɔa Debir-dua tsã be Kiryat-Sefer.
12
Tete wo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Kaleb la gblɔ be: “Ame si ke aɖu Debir-dua dzi ahaxɔe la, matsɔ vinye nyɔnu Axsa nɛ wòaɖe.”
13
Kaleb ƒe tsɛ ŋutsu Kenaz vi si ŋkɔe nye Otniel lae va xɔ dua. Ale Kaleb tsɔ via Axsa nɛ wòɖe.
14
Le srɔ̃ɖegbea la, Otniel ƒo nu kple srɔ̃a be nebia agble tɔ́a. Tete nyɔnua ɖi le tedzi si dom wònɔ la dzi. Kaleb biae be: “Nu kae hiã wò?”
15
Nyɔnua ɖo eŋu nɛ be: “Na nanem. Esi nèdam ɖe anyigbemekegbegbe la, na tsivudo hãm. “Ale Kaleb tsɔ vudo siwo le toawo dzi kple baliawo me la nɛ.
16
Ke Mose to, Keni, ƒe dzidzimeviwo, ʋu tso Yerixo, devedu la me, yi gbedadaƒo si le Arad ƒe anyigbeme le Yuda, eye woɖanɔ dukɔ la dome.
17
Yuda-to la me tɔwo ho aʋa kpe ɖe wo nɔvi Simeon-to la me tɔwo ŋu, eye woɖu Kanaanitɔ siwo nɔ Zefat la dzi. Wotsrɔ̃ ameawo keŋkeŋ, eye wona ŋkɔ dua be Xorma.
18
Yuda-to la me tɔwo xɔ Gaza, Askalon kple Ekron hekpe ɖe anyigba siwo ƒo xlã wo la ŋuti.
19
Aƒetɔ nɔ kple Yuda-to la, ale be wote ŋu xɔ tonyigba la, ke womete ŋu nyà ame siwo nɔ balia me la ɖa o, elabe gatasiaɖamwo nɔ wo si.
20
Wotsɔ Xebron na Kaleb, abe ale si Mose gblɔ ene, eye wònyà Anak ƒe dzidzimevi etɔ̃awo ɖa le afi ma.
21
Ke Benyamin-to la me tɔwo menyà Yebusitɔ siwo nɔ Yerusalem la ɖa o, ale wɔ Yebusitɔwo kple Benyamin-to la me tɔwo tsaka le Yerusalem va se ɖe egbe.
22
Yosef ƒe dzidzimeviwo hã ho aʋa ɖe Betel-du ŋu, eye Aƒetɔ nɔ kpli wo.
23
Yosef ƒe dzidzimeviwo na woyi ɖatsa ŋku le Betel. Azɔ la, woyɔa dua tsã be Luz.
24
Tete ŋkutsalaawo kpɔ ŋutsu aɖe si do tso dua me. Wogblɔ nɛ be: “Fia mɔ si míato age ɖe dua me la mí, eye míave nuwò.”
25
Ale ŋutsua fia mɔ wo. Efrayim kple Manase toawo me tɔwo wu ame sia ame le dua me, negbe ŋutsua kple srɔ̃a kpakple viawo ko.
26
Azɔ ŋutsua yi ɖatso du ɖe Xititɔwo ƒe anyigba dzi, eye wòna ŋkɔe be Luz. Ŋkɔ sia tsi dua ŋu va se ɖe egbe.
27
Ke Manase-to la menyà Bet-Sean, Tanax, Dor, Yibleam kple Megido tɔwo kpakple du siwo tsɔ ɖe wo gbɔ la me tɔwo ɖa o. Ale Kanaantɔwo gale afi mawo ko.
28
Ke esi ŋusẽ va ɖo Israelviwo ŋu la, wozia Kanaantɔ siawo dzi wowɔa dɔ na wo dzodzroe, eye womenyà wo ɖa le afi mawo o.
29
Efrayim-to la me tɔwo hã menyà Kanaantɔ siwo nɔ Gezer la ɖa o, eya ta woawo hã wotsi afi ma henɔ wo dome.
30
Zebulon-to la me tɔwo menyà Kitrontɔwo kple Nahaloltɔwo ɖa o, eya ta Kanaantɔwo tsi wo dome eye wozia wo dzi wowɔa dɔ na wo dzodzroe.
31
Aser-to la me tɔwo menyà Akotɔwo, Sidontɔwo. Axlabtɔwo, Axzibtɔwo, Xelbatɔwo, Afiktɔwo kple Rexobtɔwo ɖa o.
32
Esi Aser-to la me tɔwo menyà Kanaantɔ siwo nye anyigba la dzi nɔlawo ɖa o ta la, wotsi wo dome.
33
Naftali-to la me tɔwo menyà Bet-Semestɔwo kple Bet-Anatetɔwo ɖa o, eya ta wonɔ Kanaantɔ siwo nye anyigba la dzi nɔlawo la dome. Ke wozia wo dzi wowɔa dɔ na wo dzodzroe.
34
Amoritɔwo nyà Dan-to la me tɔwo ɖo ɖe tonyigba dzi, eye womeɖe mɔ na wo be woava gbadzaƒe si le balia me o.
35
Ke Amoritɔwo ɖoe kplikpaa be yewomadzo le Ayalon, Saalbim kple Xeres towo dzi akpɔ o. Emegbe la, Efrayim kple Manase toawo me tɔwo ƒe asi va sẽ ɖe wo dzi, eye wozia wo dzi wowɔa dɔ na wo dzodzroe.
36
Amoritɔwo ƒe liƒo tso Akrabim todomemɔ si le Sela gbɔ, eye wòmlo ɖe nu ɖo ta dzi.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21