bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Judges 5
Judges 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 6 →
1
Tete gbe ma gbe la, Debora kple Barak, Abinoam vi, dzi ha sia be:
2
“Mikafu Aƒetɔ! Elabe esi dukɔa ƒe aʋakplɔlawo dze ŋgɔ la, dukɔmeviwo tsɔ wo ɖokui ke faa.
3
“Mi fiawo, miɖo to! Mi amegãwo, mike to nyuie! Mele ha dzi ge na Aƒetɔ. Mele ha dzi ge atsɔ akafu Aƒetɔ, Israel Mawu lae.
4
“Aƒetɔ, esi nèho tso Seir-towo dzi, eye nèzɔ to Edom-nutome la, anyigba ʋuʋu, tsi kɔ ɖi bababa tso dziŋgɔli me, eye alilikpowo hã dza tsi.
5
Towo ʋuʋu nyànyanya le Aƒetɔ ŋkume; Sinai-to ma ʋuʋu le Aƒetɔ, Israel Mawu la ŋkume.
6
“Le Samgar, Anat vi kple Yael ŋɔli la, mɔzɔlawo ƒe hawo nu tso; mɔzɔlawo va le gbedzemɔ tom.
7
Aʋakplɔlawo nu tso le Israel; wo nu tso keŋkeŋ, va se ɖe esime nètso, Debora, tso abe vi nɔ ene le Israel.
8
Esi Israelviwo tia mawu yeyewo la, aʋawɔwɔ do mo ɖe anyigba la dzi, woakpɔ akpoxɔnu kple akplɔ le Israelviwo ƒe ame akpe bla eneawo domea?
9
Nye dzi ku ɖe Israelviwo kplɔlawo kple ame siwo lɔ̃ faa, tsɔ wo ɖokui ke, ɖe dukɔa ta la ŋu. Mikafu Aƒetɔ!
10
“Miƒo nu le eŋu, mi ame siwo do tedzinɔ ɣiwo yina, mi ame siwo bɔbɔ nɔ afɔɖodzivɔ bɔbɔe xɔasiwo dzi, mi ame siwo le mɔ ta yina.
11
Miɖo to miase ɖa! Tsikulawo ƒe ha le ɖiɖim le vudowo to, afi mae wole Aƒetɔ ƒe dziɖuɖu ŋutinya gblɔm, gale gblɔm, le agbledelawo ƒe dziɖuɖu le Israel ŋu gblɔm le. “Emegbe Aƒetɔ ƒe dukɔ la zɔ ɖi abu ɖo ta woƒe agbowo nu.
12
“Nyɔ, Debora, nyɔ! Nyɔ nàdzi ha, nyɔ! Tso kpla, Barak, Abinoam vi. Kplɔ wò aboyomeawo dzoe.
13
Tete dukɔ la ƒe bubume mamlɛawo ɖi abu va; Aƒetɔ ƒe amewo ɖi va egbɔ ɖe kalẽawo ŋu.
14
Tso Efrayim woho ɖo ta bali la me, kplɔ wò, Benyamin kple wò ƒometɔwo ɖo. Gbeɖelawo ɖi abu tso Maxir, eye tsiamititsɔlawo tso Zebulon.
15
Isaxar-megãwo le Debora ŋu va do. Isaxar wɔ nuteƒe na Barak. Wole eyome kpledukpledu ɖo ta balia me. Ruben tokɔmetɔwo ya yi adaŋu me; womenya ne ɖe woayi loo, alo ɖe woatsi anyi o.
16
Nu ka ta nètsi alẽhawo gbɔ? Be nànɔ alẽkplɔlawo ƒe alẽwo yɔyɔ sem ta loo? Ruben tokɔmetɔwo ya yi adaŋu me.
17
Gilead ya tsi Yordan ƒe go kemɛ dzi. Nu ka ta Dan ya le tɔdziʋuwo gbɔ? Aser-to la me tɔwo bɔbɔ nɔ ƒuta, eye wotsyɔ akɔ anyi ɖe afi ma.
18
Zebulon nye ame siwo tsɔ woƒe agbe ke ku faa; Naftali hã nenema, le gbadzaƒe si le toawo dzi.”
19
“Fiawo va wɔ aʋa, Kanaan-fiawo va wɔ aʋa ɣe ma ɣi le Tanax le Megido-tɔʋuwo nu; ke womekpɔ klosalo aɖeke ha dzoe o.
20
Ɣletiviwoe nɔ dziƒo wɔ aʋa la, wonɔ woƒe mɔwo dzi le ya me, eye wowɔ aʋa kple Sisera.
21
Kison-tsisisi lae si kplɔ wo yii, tsi si le sisím kplakplakpla lae, Kison-tsisisi lae. Nye luʋɔ, zɔ yi ŋgɔ kple ŋusẽ!
22
“Tete sɔwo le du dzi, woƒe afɔziwo le ɖiɖim sesĩe kplàkplakpla.”
23
Aƒetɔ ƒe dɔla be: “Neɖi Meros ŋu! Neɖi emenɔlawo ŋu kpékpekpe! Elabe womeva kpe ɖe Aƒetɔ ŋu o; kpe ɖe Aƒetɔ ŋu akpe akɔ kple ŋusẽtɔ la o.
24
“Woyra Yael, Kenitɔ Xeber srɔ̃, le nyɔnuwo dome. Woyrae le nyɔnu siwo nɔa agbadɔ me la dome!
25
Tsie Sisera bia, ke notsie wònae; woku notsi babla kpekẽ, wòkui ɖe bubumewo ƒe tsinonu me vɛ.
26
Yael do asi ɖa tsɔ tsyoti, elé gbede ƒe zu la ɖe ɖusi. Eda zua ɖe Sisera dzi, tsyotia ŋɔ eƒe tonu to eƒe tame do.
27
Sisera tsra wɔɔ, edze anyi, emlɔ anyi ɖe eƒe afɔnu, eƒe afɔnue wòtsraa wɔɔ ɖo, edze anyi; afi si wòtsraa wɔɔ ɖo, teƒe mae wòdze anyi ku ɖo.
28
“Edo mo ɖe fesre nu; Sisera nɔ do mo ɖa to adzrala me: edo ɣli to adzrala me be: “Ale ke wɔ eƒe tasiaɖamwo meva do kpɔ o? Ale ke wɔ eƒe tasiaɖamfɔwo ƒe ɖiɖi tsi megbe ale?”
29
Eƒe nyɔnu nunyalawo ɖo eŋu, gbeɖe, eya ŋutɔ ɖo eŋu na eɖokui be:
30
‘Ðe womele kekem ɖe aboyonuwo ŋu le mamam oa? Nyɔnuvi ɖeka alo eve na ŋutsu ɖe sia ɖe. Sisera naxɔ awu ŋɔŋɔewo, kɔmevɔ ŋɔŋɔe eve kple aboyonu na nye kɔ.’
31
“Aƒetɔ, tsrɔ̃ wò futɔwo katã alea! Ke xɔ̃wòwo, nenɔ abe ale si ɣe dzena kple eƒe ŋusẽ ene.” Emegbe anyigba la gbɔ ɖe eme ƒe bla ene sɔŋ.
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21