bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Judges 10
Judges 10
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 11 →
1
Le Abimelex ƒe ku megbe la, Tola, Pua vi, ame si nye Dodo tɔgbuiyɔvi la do va xɔ na Israel. Etso Isaxar-to la me, eye wònɔ Samir le Efrayim-tonyigba la dzi.
2
Ekplɔ Israel-dukɔ la ƒe bla eve vɔ etɔ̃. Emegbe la, eku, eye woɖii ɖe Samir.
3
Le Tola megbe la, Yair si tso Gilead do. Eya kplɔ Israel-dukɔ ƒe bla eve vɔ eve.
4
Ŋutsuvi bla etɔ̃ nɔ esi, ame siwo doa tedzi bla etɔ̃. Du bla etɔ̃ nɔ wo si le Gilead-nyigba dzi, eye woyɔa wo be Yair-duwo va se ɖe egbe.
5
Yair ku, eye woɖii ɖe Kamon.
6
Azɔ la, Israelviwo gawɔ nuvɔ̃ɖi si medze Aƒetɔ ŋu o. Wosubɔ Baalwo kple Astarot. Hekpe ɖe mawu siawo ŋu la, wosubɔ Siriatɔwo, Sidontɔwo, Moabtɔwo, Amon viwo kple Filistitɔwo ƒe mawuwo. Ale wogblẽ Aƒetɔ ɖi, eye womegasubɔnɛ kura o.
7
Ðe esia ta, Aƒetɔ do dziku ɖe wo ŋu, eye wòna Filistitɔwo kple Amon viwo ɖu wo dzi.
8
Wote Israelvi siwo katã nɔ Yordan-tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe gome, le Gilead le Amoritɔwo ƒe anyigba dzi la ɖe anyi, eye wosẽ ŋuta le wo ŋu ƒe wui enyi sɔŋ.
9
Amon viwo ya tso Yordan-tɔsisi la kura gɔ̃, eye wova wɔ aʋa kple Yuda, Benyamin kple Efrayim toawo me tɔwo. Ale wɔ Israel ɖo xaxa dziŋɔ aɖe me.
10
Tete Israelviwo do ɣli yɔ Aƒetɔ. Wogblɔ nɛ be: “Míewɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò; míegblẽ wò, míaƒe Mawu la ɖi hesubɔ Baalwo.”
11
Aƒetɔ gblɔ na wo be: “Esi Egiptetɔwo, Amoritɔwo, Amon viwo kple Filistitɔwo,
12
Sidontɔwo, Amalekitɔwo kple Maontɔwo te mi ɖe anyi va yi, eye miedo ɣli yɔm la, nyemexɔ na mi oa?
13
Ke miawo miegblẽm ɖi yi ɖale mawu bubuwo subɔm. Nyemegale xɔxɔ ge na mi azɔ akpɔ o.
14
Mawu siwo mietia la, miyi ɖado ɣli miayɔ wo. Miyɔ wo ne woava xɔ na mi le miaƒe xaxaɣi.”
15
Ke Israelviwo gblɔ na Aƒetɔ be: “Míewɔ nuvɔ̃. Nu si dze ŋuwò la, wɔ mí faa. Míeɖe kuku, xɔ na mí egbe godoo.”
16
Ale woɖe mawu bubuawo ɖa le wo dome, eye wosubɔ Aƒetɔ. Esia ta fu siwo kpem Israelviwo le la mena Aƒetɔ ɖe dzi ɖi o.
17
Azɔ Amon viwo kpe ta, eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe Gilead. Nenema ke Israelviwo hã kpe ta, eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe Mizpa le Gilead-nyigba dzi.
18
Tete Gileadtɔwo kple woƒe kplɔlawo bia wo nɔewo be: “Ame kae adze ŋgɔ akpe aʋa kple Amon viwo? Ame si dze ŋgɔ la, eyae lava zu tatɔ na ame sia ame le Gilead.”
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 11 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21