bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Judges 12
Judges 12
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 13 →
1
Efrayimtɔwo ho aʋa. Wotso Yordan-tɔsisi la va Zafon, eye wogblɔ na Yefta be: “Nu ka ta nèho aʋa ɖe Amon viwo ŋu, eye mèyɔ mí ne míakplɔ wò ayi o? Míele dzo tɔ ge wò xɔ ɖe dziwò!”
2
Yefta gblɔ na wo be: “Mía kple nye dukɔ míewɔ aʋa dziŋɔ aɖe kple Amon viwo, medo gbe mi baa, gake mieva xɔ nam o.
3
Esi mekpɔ be miele xɔxɔ ge nam o la, metsɔ nye agbe ke heho ge ɖe woƒe anyigba me, eye Aƒetɔ na meɖu wo dzi. Ale ke wɔ mietso ɖe ŋunye egbea be yewoawɔ aʋa kplim?”
4
Tete Yefta ƒo Gileadtɔwo katã nu ƒu, eye wòyi ɖawɔ aʋa kple Efrayimtɔwo heɖu wo dzi elabe Efrayimtɔwo gblɔna be: “Gileadtɔwo, ame dzegowo mienye le Efrayim kple Manase dome.”
5
Gileadtɔwo yi ɖaxe Yordan-tɔsisi la tsoƒewo na Efrayimtɔwo. Ne Efrayimtɔ aɖe le sísim va ɖo tɔtsoƒea la, ebiaa mɔ be yeatso tɔ la. Gileadtɔwo bianɛ be: “Efrayimtɔwo nènyea?” Eɖoa eŋu be: “Gbeɖe!”
6
Wogblɔna nɛ be: “Gblɔ be Sibolet!” Ke eya gblɔna be Zibolet, elabe menyà eyɔyɔ nyuie o. Enumake wolénɛ, eye wowunɛ ɖe tɔtsoƒe la le Yordan-tɔsisi la nu. Ale wowu Efrayimtɔ ame akpe bla ene vɔ eve le ɣe ma ɣi me.
7
Yefta kplɔ Israel-dukɔ la ƒe ade. Emegbe la, eku, eye woɖii ɖe wo dedu me le Gilead.
8
Le Yefta yome la, Ibzan ame si tso Betlehem la kplɔ Israel-dukɔ la.
9
Viŋutsuvi bla etɔ̃ kple vinyɔnuvi bla etɔ̃ nɔ esi. Eɖe srɔ̃ na via ŋutsuvi bla etɔ̃awo tso duta, eye nenema ke wòna via nyɔnuvi bla etɔ̃awo hã ɖe srɔ̃ tso dutae. Ibzan kplɔ Israel-dukɔ la ƒe adrẽ.
10
Emegbe la, eku, eye woɖii ɖe Betlehem.
11
Le Ibzan yome la, Elon, ame si tso Zebulon la va kplɔ Israel-dukɔ la ƒè ewo.
12
Emegbe la, eku, eye woɖii ɖe Ayalon le Zebulon-nyigba dzi.
13
Le Elon yome la, Abdon, Hilel vi tso Piraton va kplɔ Israel-dukɔ la.
14
Viŋutsuvi bla ene kple tɔgbuiyɔvi bla etɔ̃ nɔ esi, eye wodoa tedzi bla adrẽ. Ekplɔ Israel-dukɔ la ƒè enyi.
15
Emegbe la, Abdon ku, eye woɖii ɖe Piraton le Efrayim-nyigba dzi le Amalekitɔwo ƒe to dzi.
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 13 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21