bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Judges 3
Judges 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 4 →
1
Ale Aƒetɔ na dukɔ aɖewo susɔ be yeatsɔ wo ado Israelvi siwo katã mekpɔ aʋawɔwɔ teƒe kpɔ le Kanaan-nyigba dzi o la kpɔe.
2
Ewɔ esia bene yeatsɔ afia aʋawɔwɔ Israelviwo ƒe dzidzime siwo mekpɔ aʋawɔƒe kpɔ o la, ale be woawo hã nadze aʋawɔwɔ.
3
Dukɔawoe nye: Filistitɔwo ƒe amegã atɔ̃awo ƒe duwo, Kanaanitɔwo katã, Sidontɔ kple Xivitɔ siwo nɔ Lebanon-to dzi tso Baal-Xermon va se ɖe Xamat.
4
Wotsi anyi bene Aƒetɔ natsɔ wo ado Israelviwo kpɔ be woawɔ yeƒe se siwo yede na wo tɔgbuiwo to Mose dzi la dzi mahã.
5
Israelviwo nɔ Kanaantɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xivitɔwo kple Yebusitɔwo dome.
6
Israelviwo ɖe dukɔ siawo me nyɔnuwo, eye wotsɔ woƒe nyɔnuwo na dukɔ siawo me ŋutsuwo woɖe, eye wosubɔ woƒe mawuwo.
7
Israelviwo wɔ nuvɔ̃ le Aƒetɔ ŋkume, elabe woŋlɔ Aƒetɔ, woƒe Mawu la be, eye woɖale Baalwo kple nyɔnumawu Aserawo subɔm.
8
Ale Aƒetɔ do dziku ɖe Israelviwo ŋu. Ena Mesopotamia-fia, Kusan-Risataim, ɖu wo dzi eye wonɔ ete hesubɔe ƒè enyi.
9
Tete Israelviwo do ɣli yɔ Aƒetɔ, eye wòdɔ ŋutsu aɖe ɖa wòva ɖe wo. Eŋkɔe nye Otniel, Kaleb yometɔ ŋutsu Kenaz, vi.
10
Aƒetɔ ƒe gbɔgbɔ nɔ edzi, eye wòkplɔ Israel-dukɔ la. Eho aʋa ɖe Mesopotamia-fia ŋu, eye Aƒetɔ na wòɖu edzi keŋ.
11
Ale wɔ tomefafa nɔ anyigba la dzi ƒe bla ene va se ɖe esime Otniel, Kenaz vi la, va ku.
12
Tete Israelviwo gawɔ nuvɔ̃ɖi ɖe Aƒetɔ ŋu. Eya ta Aƒetɔ na ŋusẽ gaɖo Moab-fia, Eglon, ŋu ɖe wo ŋu.
13
Eglon ƒo ƒu Amontɔwo kple Amalekitɔwo kpe ɖe eɖokui ŋu, eye woho aʋa ɖe Israelviwo ŋu. Woɖu Israelviwo dzi, eye woxɔ Yerixo, devedu la.
14
Ale wɔ Israelviwo nɔ Moab-fia, Eglon, te hesubɔe ƒe wui enyi sɔŋ.
15
Israelviwo do ɣli yɔ Aƒetɔ, eye wòna ame do tso wo dome bene wòaɖe wo. Eŋkɔe nye Ehud, si nye Gera vi tso Benyamin-to la me. Enye miawɔla. Israelviwo tsɔ nunanawo de esi be wòatsɔ ayi na Moab-fia, Eglon.
16
Ehud tu adekpui nu evee si didi abe sentimeta bla atɔ̃ ene. Esae ɖe ali, eye wòle eƒe ɖusitagba dzi le eƒe awu ʋlaya me.
17
Azɔ la, etsɔ nunanaawo yi na Moab-fia, Eglon, ame si nye ame lolo dami aɖe.
18
Esi Ehud tsɔ nunanaawo nɛ vɔ la, ekplɔ ame siwo kpe ɖe eŋu yi la ɖaɖo ɖa.
19
Ke Ehud ŋutɔ trɔ le dulegba siwo le Gilgal la gbɔ, eye wògbugbɔ yi Eglon gbɔ hegblɔ nɛ be: “Fia, medi be makpɔ wò kple nya aɖe vie.” Ale fia la bia tso eƒe subɔlawo si be woado go gbɔ, eye wo katã wodo go.
20
Esime fia Eglon le xɔta me, afi si eya ɖeka nɔna xɔa ya la, Ehud yi egbɔ. Egblɔ nɛ be: “Mawu dɔm be mava gblɔ nya aɖe na wò.” Ale fia la tsi tsitre.
21
Enumake Ehud do miasi ɖa, eye wòhe adekpui la le eƒe ɖusikpa dzi heƒo ɖe dɔme nɛ.
22
Adekpuia kple asiléƒea katã bu ɖe lã me nɛ, eye ami nyè tsyɔ adekpuia. Etso eme do ɖe emegbe ke, ale be Ehud mete ŋu hee do goe le dɔme nɛ o.
23
Emegbe Ehud do go ɖe akpata me. Edo ʋɔa, eye wòde ga eme ɖe enu.
24
Esi wòdo go dzo la, fia la ƒe subɔlawo va eye wokpɔ be xɔtaxɔe la ƒe ʋɔawo le dodo, eya ta wobu be: “Anyanɔ afɔdzi le yaxɔƒe la.
25
Ke esi wolala ʋuu meʋu ʋɔa o la, wotsɔ safui va ʋu ʋɔ lae. Va kpɔ! Woƒe aƒetɔ nye esi ku ɖe anyigba!
26
Esime wohe ɖe megbe la, Ehud sí gbɔ kpe kpakpaawo ŋu, eye wòva do ɖe Seira.
27
Esi wògbɔ va la, eku kpẽ le Efrayim-tonyigba la dzi. Tete Israelviwo ɖi tso towo dzi va kpe ta le egbɔ, eye eya ŋutɔ dze wo ŋgɔ.
28
Egblɔ na wo be: “Mikplɔm ɖo. Aƒetɔ na míeɖu dzi! Míeɖu míaƒe futɔ, Moabtɔwo dzi!” Enumake wodze eyome, eye wova xe Yordan-tɔsisi la tsoƒemɔ na Moabtɔwo. Womena ame aɖeke tso tɔ la o.
29
Wowu Moabtɔ kalẽtɔ kako abe akpe ewo sɔŋ ene; ɖeka hɔ̃ hã mesí o.
30
Ale Moabtɔwo ge ɖe Israelviwo si me tso ɣe ma ɣi dzi, eye anyigba la dzi fa ƒe bla enyi sɔŋ.
31
Ðela bubu si gado lae nye Samgar, Anat vi. Eya hã ɖe Israelviwo esime wòwu Filistitɔ alafa ade kple lãkplɔti nu tsuẽ.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21