bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Judges 13
Judges 13
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 14 →
1
Azɔ Israelviwo gawɔ nuvɔ̃ ɖe Aƒetɔ ŋu, eya ta wòna Filistitɔwo ɖu wo dzi ƒe bla ene.
2
Ɣe ma ɣi la, ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Manoax la tso Zora, eye wòle Dan ƒomea me. Srɔ̃a nye konɔ.
3
Tete Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fia nyɔnu la, eye wògblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, ètsi ko; mèdzi vi kpɔ o, gake èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi.
4
Eya ta lé be na ɖokuiwò. Mègano wain alo aha muame aɖeke o. Nenema ke mègaɖu nu makɔmakɔ aɖeke hã o!
5
Nyateƒee, èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi. Anye vi si ŋu Mawu kɔ̀ tso nɔa ƒe dɔme ke, eya ta talũhɛ made ta ŋu nɛ akpɔ o. Eya ade asi Israel-dukɔ la ɖeɖe me tso Filistitɔwo si me.”
6
Tete nyɔnu la yi ɖagblɔ na srɔ̃a be: “Mawu ƒe ame aɖe va gbɔnye. Ele abe mawudɔla ene, eye ŋɔdzi le eŋu ŋutɔ. Ke nyemebia afi si wòtso o, eye meyɔ eŋkɔ hã nam o,
7
Ke egblɔ nam be: ‘Kpɔ ɖa èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi, eya ta mègano wain alo aha sesẽ aɖeke o; mègaɖu nu makɔmakɔ aɖeke hã o, elabe ŋutsuvi la anye vi si ŋu Mawu kɔ̀ tso nɔa ƒe dɔme ke va se ɖe eƒe kugbe.’ ”
8
Tete Manoax do gbe ɖa na Aƒetɔ gblɔ be: “Aƒetɔ, meɖe kuku, na Mawu ƒe ame si nèdɔ ɖa la, nagava mía gbɔ zi ɖeka, bene wòava fia nu si míawɔ na ɖevi si woadzi na mí la, mí.”
9
Mawu se Manoax ƒe gbedodoɖa la. Esi Manoax srɔ̃ bɔbɔ nɔ anyi ɖe agble me la, mawudɔla la gava egbɔ, ke srɔ̃a Manoax menɔ egbɔ hafi o.
10
Ale nyɔnua ƒu du enumake yi ɖagblɔ na srɔ̃a be: “Kpɔ ɖa, ŋutsu si va gbɔnye gbe ma gbe la gava!”
11
Manoax tso dze nyɔnua yome. Esi wova ŋutsua gbɔ la, ebiae be: “Wòe nye ame si ƒo nu kple nyɔnu sia?” Eɖo eŋu be: “Ẽ, nyee.”
12
Azɔ Manoax biae be: “Ne wò nya la va eme la, ale ke ɖevia ava nɔ agbee? Nu ka wòava wɔ?”
13
Mawudɔla la ɖo eŋu nɛ be: “Nu siwo katã megblɔ na srɔ̃wò be newɔ la, nekpɔ egbɔ be yewɔ wo pɛpɛpɛ.
14
Megaɖu wainkanu aɖeke o. Megano wain alo aha muame aɖeke o. Nenema ke megaɖu nu makɔmakɔ aɖeke hã o. Newɔ se siwo katã mede nɛ la dzi.”
15
Tete Manoax gblɔ na Aƒetɔ ƒe dɔla la be: “Taflatsɛ, na míasika wò ɖi vie. Míedi be míawu gbɔ̃vi aɖe na wò.”
16
Aƒetɔ ƒe dɔla la ɖo eŋu na Manoax be: “Ne èsikam ɖi hã la, nyemaɖu miaƒe nuɖuɖua o. Evɔ nenye be numemevɔ nèdi be yeasa la, ekema mèe nàtsɔ sa vɔe na Aƒetɔ.” Ke Manoax medze sii be Aƒetɔ ƒe dɔla wònye o.
17
Manoax biae be: “Ŋkɔwò ɖe? Míedi be ne wò nya la va eme la, míade bubu ŋuwò.”
18
Mawudɔla la bia be: “Nu ka ta nèle nye ŋkɔ biam? Mènya be ŋkɔ wɔnuku wònye oa?”
19
Ale Manoax lé gbɔ̃vi aɖe, tsɔ nuɖuɖu kpe ɖe eŋu, eye wòsa vɔ le agakpe aɖe dzi na Aƒetɔ si wɔa nukunuwo la.
20
Esi dzo ƒe aɖewo de dzi le vɔsamlekpuia dzi la, Aƒetɔ ƒe dɔla to vɔsamlekpui la ƒe dzo ƒe aɖeawo me yi dzi le Manoax kple srɔ̃a ŋkume wokpɔ. Tete wotsyɔ mo anyi.
21
Ke Aƒetɔ ƒe dɔla megaɖe eɖokui fia Manoax kple srɔ̃a kpɔ o. Azɔ Manoax dze sii be Aƒetɔ ƒe dɔla wònye.
22
Manoax gblɔ na srɔ̃a be: “Míele kuku ge, elabe míekpɔ Mawu!”
23
Ke srɔ̃a ɖo eŋu nɛ be: “Ne Aƒetɔ ɖe wòdi be yeawu mí la, anye ne mexɔ míaƒe numemevɔsa kple nuɖuɖuvɔsa la o. Gawu la, anye ne mena míekpɔ nu siawo alo gblɔ nu siwo míese la fifia o.”
24
Emegbe nyɔnu la dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Simson. Ðevia va tsi, eye Aƒetɔ yrae.
25
Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ de asi dɔwɔwɔ me le eme le Dan ƒe asaɖa si le Zora kple Estaol dome la me.
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 14 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21