bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Judges 7
Judges 7
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 8 →
1
Tete Yerub-Baal si nye Gideon kple eƒe amewo katã fɔ ŋdi kanya, eye woyi ɖaƒu asaɖa anyi ɖe Xarod tsidzidzi la gbɔ. Midiantɔwo hã ƒu asaɖa anyi le dzigbeme lɔƒo ɖe bali si le More-togbɛ la gbɔ la me.
2
Tete Aƒetɔ gblɔ na Gideon be: “Medi be mana miaɖu Midiantɔwo dzi, evɔ la, ame siwo nèkplɔ ɖe asi la sɔ gbɔ akpa. Ne mieɖu dzi la, Israel magado eɖokui ɖe dzi agblɔ be: Nye ŋutɔ nye asie ɖem’ o.
3
Eya ta azɔ la, ɖe gbeƒã ne amewo katã nase be: ‘Ame si ke le vɔvɔ̃m, eye dzi mele eƒo o la, negbugbɔ yi aƒe.’ ” Tete Gideon do wo kpɔ eye ame akpe bla eve vɔ eve trɔ dzo, eye ame akpe ewo susɔ.
4
Ke Aƒetɔ gblɔ na Gideon be: “Ameawo gasɔ gbɔ akpa kokoko. Kplɔ wo yi ɖe tɔ la nu bene mado wo kpɔ na wò le afi ma. Ne megblɔ be ame aɖe neyi kpli wò la, eya neyi kpli wò. Ne megblɔ be ame aɖe ya megayi kpli wò o la, megayi kpli wò o.”
5
Esi Gideon kplɔ ameawo va tɔa nu la, Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Tia ame siwo no tsi la kple aɖe abe avu ene la ɖe aga tso ame siwo dze klo tsyɔ nu eme noe la gbɔ.”
6
Ame siwo ku tsia ɖe asiƒome no kple aɖe la le ame alafa etɔ̃, ke ame mamlɛawo katã ya dze klo tsyɔ nu ɖe tsia me hafi noe.
7
Aƒetɔ gblɔ na Gideon be: “Matsɔ ame alafa etɔ̃ siwo ku tsia no kple aɖe abe avu ene la aɖe mi, eye mana miaɖu Midiantɔwo dzi. Ke na ame mamlɛawo katã nagbugbɔ ayi wo nɔƒe.”
8
Ale Gideon na ame sia ame gbugbɔ yi enɔƒe, negbe ame alafa etɔ̃ la ko. Ame siawo tsɔ woƒe nuɖuɖu kple kpẽwo ɖe asi. Azɔ la, Midiantɔwo ƒe aʋasaɖa le balia me le wo gɔme ɖa.
9
Le zã ma me ke la, Aƒetɔ gblɔ na Gideon be: “Tso nàlũ ɖe wo dzi le woƒe asaɖa la me, elabe mana nàɖu wo dzi godoo.
10
Ke ne èvɔ̃ be yeayi la, ekema kplɔ wò dɔla Puva ɖe asi miayi afi ma.
11
Ne mieyi la, miase nya si gblɔm wole la eye dzi aɖo ƒowò miatso ɖe wo ŋu.” Ale Gideon kple eƒe dɔla Pura woyi ɖate ɖe woƒe futɔwo ƒe asaɖa la ŋu kpuie.
12
Ɣe ma ɣi la, Midiantɔwo kple Amalekitɔwo kpakple ɣedzeƒeviwo ƒu asaɖa anyi ɖe bali la me kpaŋkpaŋkpaŋ; wosɔ gbɔ abe ʋetsuviwo ene. Woƒe kposɔwo ya le abe ƒutake ene.
13
Esi Gideon va ɖo la, ŋutsu aɖe nɔ drɔ̃e lĩm na xɔlɔ̃a wòse. Egblɔ be: “Meku drɔ̃e, eye mekpɔ abolo aɖe si wome kple lu. Aboloa mli togotogo va míaƒe ƒe asaɖa me. Elɔ agbadɔ ɖeka, eye agbadɔa mu gbloo tsyɔ anyigba.”
14
Ke xɔlɔ̃a ɖo eŋu nɛ be: “Israeltɔ Gideon, Yoas vi la ƒe yie nèkpɔ; menye nu bubu aɖekee o. Mawu na ŋusẽe be wòaɖu mí Midiantɔwo kple aʋakɔ sia katã dzi.”
15
Esi Gideon se drɔ̃e la kple eƒe gɔmeɖeɖe la, edze klo do gbe ɖa. Emegbe la, egbugbɔ va Israelviwo ƒe asaɖa me, eye wògblɔ na wo be: “Mía tɔwo, mitso, elabe Aƒetɔ tsɔ Midiantɔwo ƒe aʋakɔ la de mía si.”
16
Ema ame alafa etɔ̃ la ɖe aʋalɔgo etɔ̃ me, eye wòtsɔ kpẽ kple ze ƒuƒlu si me akakati le la na ame sia ame.
17
Egblɔ na wo be: “Ne míezɔ tu woƒe asaɖa la dzi kpuie la, milé ŋku ɖe ŋunye; nu si mewɔ la, miawo hã miwɔe.
18
Ne nye kple nye aʋalɔgo la míeku míaƒe kpẽawo la, ekema miawo hã miku mia tɔ ƒo xlã woƒe asaɖa la godoo. Mido ɣli gblɔ be: ‘Aƒetɔ kple Gideon tɔe!’ ”
19
Ale Gideon kple ame alafa ɖeka si le eŋu la zɔ tu futɔwo ƒe asaɖa la kpuie hafi zã titina ɖo. Ŋudzɔnɔlawo ɖɔli wo nɔewo teti ko wova ɖo. Tete Gideon kple etɔwo ku kpẽawo, eye wogbã ze siwo le wo si la.
20
Enumake aʋalɔgo eve mamlɛawo hã wɔ nenema ke. Wolé kpẽawo ɖe ɖusi helé akakatiawo ɖe mia, eye wonɔ ɣli dom be: “Aƒetɔ kple Gideon tɔe nye yi la!”
21
Wo dome ame sia ame tɔ te ɖe eteƒe le futɔawo ƒe asaɖa la ŋu godoo. Zi tɔ le asaɖa la me eye wode asi dusisi me kple ɣli nɔ sísim.
22
Esime Gideon ƒe amewo nɔ kpẽawo kum la, Aƒetɔ na futɔawo nɔ nu vevi wɔm wo nɔewo kple woawo ŋutɔ ƒe yi. Wosí ɖo ta Zereda va do ɖe Bet-Sita. Wogbɔ afi ma ŋu va ke ɖe Abel-Mexola ƒe liƒo ŋu heto Tabat ŋu dzo.
23
Woyɔ Israel-ŋutsuwo tso Naftali kple Aser kpakple Manase-to eveawo me, eye wonyà Midiantɔwo ɖe nu.
24
Gideon dɔ amewo ɖo ɖe Efrayim-tonyigba blibo la dzi be woaɖagblɔ be: “Miɖi va kpe Midiantɔwo. Mixe tɔʋuawo kple Yordan-tɔsisi la nu va se ɖe keke Bet Bara ke!” Ale woyɔ Efrayim-ŋutsuwo katã ƒo ƒu, eye woxe tɔawo kple Yordan nu va se ɖe Bet Bara.
25
Tete woƒe asi su Midian-fia eveawo, Oreb kple Zeeb dzi. Wowu Oreb ɖe Oreb-kpe la gbɔ, eye wowu Zeeb ya ɖe Zeeb ƒe wainfiãƒe. Azɔ wogakplɔ Midiantɔwo ɖo ʋuu hafi trɔ. Wogbɔ va kple Oreb kple Zeeb ƒe tawo, eye wotsɔ wo na Gideon, ame si le Yordan-tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe go ŋu ɣe ma ɣi.
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21