bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Judges 18
Judges 18
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 19 →
1
Ɣeyiɣi sia me la, fia aɖeke menɔ Israel-dukɔ la si o. Dan viwo ƒe to la nɔ anyigba dim le ɣeyiɣi sia me be yewoanɔ edzi, elabe anyigba aɖeke mesu wo si abe domenyinu ene le Israel-toawo dome va se ɖe ɣe ma ɣi o.
2
Ale Dan-to la me tɔwo tia ŋutsu kalẽtɔ atɔ̃ tso woƒe ƒomeawo dome, eye wodɔ wo tso Zora kple Estaol ɖo ɖa be woayi aɖatsa ŋku le anyigba la dzi alé ŋku ɖe eŋu. Wogblɔ na amedɔdɔawo be: “Miyi ɖatsa le anyigba la dzi nyuie.” Esi wova ɖo Efrayim-tonyigba la dzi la, woyi ɖe Mixa ƒeme ɖadze egbɔ.
3
Esi woɖo Mixa ƒe aƒea gbɔ la, wodze si Levi ɖekakpuia ƒe gbe. Ale wote ɖe eŋu biae be: “Ame ka kplɔ wò va afi siae? Nu ka wɔm nèle le afii? Dɔ ka wɔm nèle?”
4
Eɖo eŋu na wo be: “Mixa wɔ nu geɖe nam. Etsɔm meva zu nunɔla nɛ.”
5
Wogblɔ nɛ be: “Míeɖe kuku, bia Mawu se na mí kpɔ be míaƒe mɔzɔzɔ la adze edzi na mí hã?”
6
Nunɔla la ɖo eŋu na wo be: “Miyi le ŋutifafa me. Aƒetɔ le mia ta kpɔm le mɔzɔzɔ la me.”
7
Azɔ la, ŋutsu atɔ̃awo dze mɔ, eye wova Lais-du me. Wokpɔ be ame siwo le afi ma la le tomefafa me eye woɖe dzi ɖi abe Sidontɔwo ene. Ame aɖeke meɖea fu na wo o. Nuwo bɔ ɖe afi ma fũu, kesinɔnuwo le wo si zã, eye naneke mehiãa wo o. Gawu la, wole didiƒe tso Sidontɔwo gbɔ, eye kadodo aɖeke mele woawo kpakple du bubu aɖeke me tɔwo dome o.
8
Esi amedɔdɔawo gbɔ va wo nɔviwo gbɔ le Zora kple Estaol la, wo nɔviawo bia ale si wode nua gbe la ta se.
9
Woɖo eŋu be: “Anyigba si míekpɔ la nyo ŋutɔ. Mina míatso ayi aɖatu wo. Hehe ɖe megbe meganɔ anyi o. Netsɔ, mina míayi aɖaxɔ anyigba la wòazu mía tɔ.
10
Ne mieyi afi ma la, miakpɔ be ameawo ɖe dzi ɖi. Anyigba la lolo, eye nu sia nu si hiãa ame la le wo gbɔ. Mawu tsɔ anyigba la na mi.”
11
Ale ŋutsu alafa ade bla akpa tso Dan-to la me, eye wodze mɔ tso Zora kple Estaol.
12
Woho va ƒu asaɖa anyi ɖe Kiryat-Yearim ƒe ɣetoɖoƒe gome le Yuda. Eya tae woyɔa teƒe ma be Maxanexdan va se ɖe egbe.
13
Esi woho tso afi ma la, wova Efrayim-tonyigba la dzi, eye woyi ɖe Mixa ƒe aƒe gbɔ.
14
Tete ŋutsu atɔ̃ siwo de ɖatsa ŋku le Lais-nyigba dzi la gblɔ na wo nɔviwo be: “Miawo hã mienya be kɔmewu, aƒeli, aklama kpakpɛ kple legba le aƒe sia mea? Azɔ nu ka miebu be míawɔ?”
15
Ale woge ɖe aƒea me, eye wova Levi-ɖekakpui la ƒe xɔ nu hedo gbe nɛ.
16
Le ɣeyiɣi sia me la, ŋutsu alafa ade si bla akpa la le agboa nu le gota.
17
Azɔ ŋutsu atɔ̃ siwo de anyigba la dzi ɖatsa ŋku la ge ɖe xɔa me, eye wotsɔ aklama kpakpɛ, kɔmewu, aƒeli kple legba la. Ke nunɔla la kple ŋutsu alafa ade la ya tsi tsitre ɖe agboa nu.
18
Esi ŋutsu atɔ̃awo ge ɖe Mixa ƒe xɔ me hekɔ nuawo do goe la, nunɔla la bia wo se be: “Nu ka wɔm miele?”
19
Wogblɔ nɛ be: “Zi ɖoɖoe! Tsyɔ asi nu! Va mídzo ne nànye mía tɔ́ kple míaƒe nunɔla. Ðe wònyo na wò be nànye nunɔla ɖe ame ɖeka kple eƒe aƒe ɖeɖe ko nu wu, be nànye nunɔla ɖe ƒomewo nu le to aɖe me le Israel-dukɔ mea?”
20
Nya la dzɔ dzi na nunɔla la, ale wòxɔ eƒe kɔmewua, aƒelia kple aklama kpakpɛawo, eye wòge ɖe ameawo dome.
21
Wotrɔ hedze mɔ. Wona ɖeviwo, lãwo kple nu vevitɔwo do ŋgɔ na wo.
22
Wodzo le Mixa ƒe aƒe gbɔ yi sãa. Tete Mixa yɔ ŋutsu siwo ƒe aƒe te ɖe eƒe aƒe ŋu la ƒo ƒu eye woti Dan viwo yome.
23
Ŋutsuawo yɔ Dan viawo. Wotrɔ hebia Mixa be: “Nya kae dzɔ hafi nèkplɔ ame siawo gbegbe ɖe asi?”
24
Eɖo eŋu na wo be: “Mibiam be nya kae dzɔ hã. Mietsɔ nye mawu si mewɔ hekplɔ nye nunɔla hã kpe ɖe eŋu dzo yinae. Nu kae gasusɔ hafi miebiam be nya ka dzɔ mahã?”
25
Ke Dan viwo gblɔ nɛ be: “Ne mèdi be dɔmedzoetɔwo nadze yewo dzi atsrɔ̃ wò kple wò aƒemetɔwo keŋkeŋ o la, ekema zi ɖoɖoe kpoo.”
26
Ale Dan viwo gayi woƒe mɔzɔzɔ dzi. Esi Mixa kpɔ be wosẽ wu ye la, etrɔ gbɔ va aƒeme.
27
Ke woawo tsɔ nu si Mixa wɔ la, eye wokplɔ nunɔla si le egbɔ la ɖe asi eye Dan viwo va Lais, dukɔ si li kpoo, mele vɔ̃ aɖeke ŋu bum o la. Wodze wo dzi, wu wo kple yi hetɔ dzo dua.
28
Ke ɖela aɖeke meli o, eye wole didiƒe tso Sidon gbɔ, womebɔa ha kple ame aɖeke o, eye wole bali si ɖo ta Bet-Rexob la me. Tete wogbugbɔ du la tso, eye wonɔ eme.
29
Wotrɔ ŋkɔ na dua be Dan ɖe Lais teƒe. Dan nye wo tɔ́ si wodzi na Israel la ŋkɔ.
30
Dan viwo li aklama kpakpɛ la, eye Yonatan ame si nye Mose vi, Gerson vi kpakple viawo nye nunɔla na Dan-to la va se ɖe esime woɖe aboyo wo tso anyigba la dzi.
31
Mixa ƒe aklama kpakpɛ si wòwɔ la nɔ wo si le ɣeyiɣi siwo katã me Mawu ƒe aƒe la nɔ Silo.
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 19 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21