bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Judges 15
Judges 15
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 16 →
1
Ɣeyiɣi aɖewo megbe la, Simson yi srɔ̃a kpɔ ge ɖa le luxaɣi, eye wòtsɔ gbɔ̃vi aɖe ɖe asi yi nɛ. Egblɔ na toa be: “Medi be mayi srɔ̃nye gbɔ le eƒe dɔƒe.” Ke meɖe mɔ nɛ be nege ɖi o.
2
Egblɔ na Simson be: “Nye ya mebu be mègadi eƒe nya aɖeke kura o, eya ta metsɔe na xɔ̃wò la. Eƒe tsɛ dze tugbe wui. Taflatsɛ, xɔ eya ɖe eteƒe boŋ.”
3
Simson gblɔ be: “Fifia ya la, ne mehe dzɔgbevɔ̃e va Filistitɔwo dzi la, tɔnye dzɔ.”
4
Ale Simson yi ɖalé abei alafa etɔ̃. Eɖe wo eveve, eye wòtrɔ woƒe asikɛwo kpe hebla. Azɔ la, ebla akakati ɖeka ɖe asikɛ eveawo dome.
5
Etɔ dzo akakatiawo nu eye wòɖe asi le abeiawo ŋu ɖo ɖe Filistitɔwo ƒe agblewo me. To mɔ sia nu la, Simson tɔ dzo lu siwo woxa kple esiwo womexa o kpakple amiti siwo le abɔwo me.
6
Esi Filistitɔwo bia ame si wɔ nua la ta se la, wose be Simson ye wɔe, elabe toa xɔ srɔ̃a le esi tsɔ na Simson ŋutɔ xɔlɔ̃. Tete Filistitɔwo tɔ dzo nyɔnua kple tɔ́a siaa.
7
Simson gblɔ na wo be: “Ne miewɔ alea hã la, mabia hlɔ̃ mi kokoko hafi adzo!”
8
Elũ ɖe wo dzi eye wòwu wo dometɔ geɖe nyamanyama. Emegbe la, edzo yi ɖanɔ agado aɖe me le to aɖe me le Etam.
9
Azɔ Filistitɔwo ho va ƒu asaɖa anyi ɖe Yuda, eye woxa Lexi-dua.
10
Tete Yuda-ŋutsuwo bia wo be: “Nu ka ta mieva xa mí?” Woɖo eŋu be: “Simson lé ge míeva abla, ne míawɔe abe ale si wòwɔ mí ene.”
11
Ale Yuda-ŋutsu akpe etɔ̃ yi ɖe agado la me le Etam, eye wogblɔ na Simson be: “Mènyae be Filistitɔwoe le mía dzi ɖum oa? Nu ka nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu?” Eɖo eŋu na wo be: “Nu si wowɔ nam la, eya tututu nye hã mewɔ na wo.”
12
Wogblɔ nɛ be: “Ðe míeva be míalé wò abla aɖade Filistitɔwo si.” Simson gblɔ na wo be: “Mika atam tsɔ ɖo kpe edzi nam be menye miawo ŋutɔe be yewoawum o.”
13
Wogblɔ nɛ be: “Gbeɖe! Ðeko míebe míabla wò aɖade wo si, ke míawu wò ya o.” Ale woblae kple ka yeye eve eye wokplɔe tso agato la me vɛ.
14
Esi wova ɖo Lexi-dua me la, Filistitɔwo do kple dzidzɔɣli hoo va kpee. Enumake Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ ɖo Simson me, eye wòtso ka siwo le abɔ kple alɔnu nɛ la zi ɖeka abe ɖe woƒo dzo ka la ene.
15
Ekpɔ tedziglã mumu aɖe, eye wòdo asi ɖa tsɔe hewu ame akpe ɖeka kplii.
16
Ale Simson dzi ha be: “Tedzi ƒe glã metsɔ wu ame akpee! Tedzi ƒe glãe metsɔ li kɔ woe gleglegle!”
17
Esi wòdzi ha la vɔ la, etsɔ tedziglã la ƒu gbe. Wona ŋkɔ teƒe ma be Glãtogbɛ si woyɔna le Hebri-gbe me be: Ramat-Lexi.
18
Tete tsikɔ wui vevie, ale wòdo ɣli yɔ Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Èto nye, wò dɔla dzi na meɖu dzi nukutɔe. Azɔ la, tsikɔe lawum maku, eye mage ɖe Filistitɔ bolobolotɔ siawo si mea?”
19
Tete Mawu fé teƒe globo aɖe si le Lexi eye tsi do le eme wòno. Esi agbe gaɖo eme la, eƒe lã me kɔ. Esia ta wona ŋkɔ teƒe ma be En-Hakore. Egale Lexi-du me va se ɖe egbe.
20
Simson kplɔ Israel-dukɔ la le Filistitɔwo ƒe dziɖuɣi ƒe bla eve sɔŋ.
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 16 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21