bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Judges 20
Judges 20
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 21 →
1
Tete Israelviwo katã ho tso Dan le dzigbeme va yi Beer-Seba kple tso Gilead-nyigba dzi. Ameha la va kpe ta abe ame ɖeka ene ɖe Aƒetɔ ŋkume le Mizpa.
2
Dukɔ blibo la ƒe tatɔwo kple Israel-toawo katã va Mawu ƒe dukɔ ƒe takpekpe la me. Ame siwo kpla yi zɔ afɔ va la le ame akpe alafa ene.
3
(Azɔ la, Benyamin viwo se be Israelviwo ho va Mizpa.) Israelviwo bia be: “Ale ke nu vlo sia dzɔe? Migblɔe míse.”
4
Ale Levitɔ si srɔ̃ wowu la ɖo eŋu gblɔ be: “Nye kple srɔ̃nyee va Gibea si nye Benyamin-to la ƒe du me be míatsi afi ma adɔ.
5
Gibea-ŋutsuwo tso ɖe ŋunye, eye wova ƒo xlã aƒe si me mele la le zã me. Woɖoe be yewoawum, eye wode asi nye ahiãvi la ŋu wòku.
6
Mekɔ nye ahiãvi la, eye meflii ɖo ɖe nutowo katã me le Israel-nyigba blibo la dzi, elabe wowɔ busunu kple nuvɔ̃ɖi le Israel-dukɔ me.
7
Mikpɔ ɖa, mí ame siwo katã le afii la, Israelviwo míenye. Nu ka wɔ ge míala? Miɖo aɖaŋu.”
8
Tete ameawo katã tsi tsitre gblɔ abe ame ɖeka ene be: “Ame aɖeke matrɔ ayi eƒe agbadɔ me o, ɖeke matrɔ ayi eƒe xɔ me o.”
9
Azɔ nu si tu ge míala kple Gibeatɔwo lae nye esi: Míadzidze nu hafi alũ ɖe wo dzi.
10
Míaɖe ŋutsu ewo le ame alafa me, ŋutsu alafa le ame akpe me eye ŋutsu akpe le ame akpe ewo me, ne woayi aɖadi nuɖuɖu vɛ na dukɔ la, ke ame bubuawo katã ayi aɖahe to na Gibea-dua ɖe nuvɔ̃ɖi si wowɔ le Israel-dukɔ me la ta.”
11
Tete Israel-ŋutsuwo katã ƒo ƒu, eye wobla ɖekae ɖe Gibea-du la ŋu.
12
Azɔ Israel-toawo dɔ amewo ɖe Benyamin ƒomeawo gbɔ bia wo be: “Nu vlo kae nye esi wowɔ le mia dome?
13
Fifia la, mihe nu vlo wɔlaawo ɖe go le Gibea ne míawu wo ale be míaɖe nuvɔ̃ɖi la ɖa le Israel-dukɔ me.” Ke Benyamin viwo meɖo to wo nɔvi Israelviwo ƒe nya la o.
14
Tete Benyamin viwo tso duwo me va ƒo ƒu ɖe Gibea be woakpe aʋa kple Israelviwo.
15
Benyamin vi siwo tso duwo me va gbe ma gbe la ƒe xexlẽme nye akpe bla eve vɔ ade; wonye yikplalawo. Aʋawɔla alafa adrẽ siwo nye Gibeatɔwo la mele eme o.
16
Wotia miawɔla alafa adrẽ tso ame siawo katã dome. Wo dome ame sia ame tea ŋu daa akafo ƒoa taɖa ɖeɖi ɖeka hã, eye medaa dadagbo o.
17
Israel-ŋutsu siwo nye aʋawɔlawo keŋ la ƒe xexlẽmee nye akpe alafa ene, Benyamin viwo mele eme o.
18
Tete woho va Betel, eye Israelviwo bia Mawu be: “Mía dometɔ kae aho aʋa ɖe Benyamin viwo ŋu gbã?” Aƒetɔ ɖo eŋu be: “Yuda-to la neho gbã.”
19
Ale Israelviwo fɔ ŋdi kanya va ƒu asaɖa anyi ɖe Gibea-dua gbɔ.
20
Woho aʋa ɖe Benyamin viwo ƒe aʋakɔ ŋu, eye wona woƒe aʋawɔlawo dze ŋgɔ dua.
21
Benyamin viwo ƒe aʋakɔ do go tso Gibea-dua me, eye wotsrɔ̃ ame akpe bla eve vɔ eve le Israel-ʋakɔ ŋu gbe ma gbe.
22
Tete dzi ɖo Israel-ŋutsuwo ƒo eye wova dze aʋa ɖe afi si wodzee ɖo le ŋkeke gbãtɔ dzi la.
23
Israelviwo yi ɖafa avi le Aƒetɔ ŋkume va se ɖe fiẽ, eye wobia Aƒetɔ be: “Ðe míagaho aʋa ɖe mía nɔvi Benyamin viwo ŋutia?” Aƒetɔ ɖo eŋu be: “Mihoe ɖe wo ŋu!”
24
Ke esi Israelviwo te tu Benyamin viwo le ŋkeke evelia dzi la,
25
Benyamin viwo do tso Gibea-dua me va kpe wo, eye wotsrɔ̃ aʋawɔla akpe wui enyi le Israelviwo ŋu, ame siawo katã nye yidalawo.
26
Tete Israelviwo katã kple aʋakɔ blibo la yi Betel ɖafa avi, eye wotsi Aƒetɔ ŋkume le afi ma. Wotsi nu dɔ gbe ma gbe va se ɖe fiẽ, eye wosa numemevɔ kple ŋutifafavɔ le Aƒetɔ ŋkume.
27
Israelviwo bia Aƒetɔ be: Ɣe ma ɣi la, mawu ƒe nubablaɖaka la le afi ma,
28
eye Aron vi, Eleazar vi, Pinehas ye subɔ le eŋkume ɣe ma ɣi. “Ðe míagaho aʋa ɖe mía nɔvi Benyamin viwo ŋu ake loo, alo mídzudzɔa?” Aƒetɔ ɖo eŋu be: “Miyi. Mana miaɖu wo dzi etsɔ!”
29
Ale Israelviwo ɖe amewo woyi ɖade xa ɖe Gibea-dua ŋu kpe ɖo.
30
Azɔ la, Israelviwo ho ɖe Benyamin viwo ŋu le ŋkeke etɔ̃a gbe hedze aʋa ɖe Gibea-dua ŋu abe tsã ene.
31
Tete Benyamin viwo do va kpe aʋakɔ la. Ke woble wo tso du la gbɔ, eye abe tsã ene la, wode asi amewo wuwu me le mɔ gãwo dzi le mɔ si ɖo ta Betel kple bubu si ɖo ta Gibea kple esi to gbedzi la dzi. Wowu Israeltɔwo abe bla etɔ̃ ene.
32
Benyamin viwo gblɔ be: “Míele wo si ge abe tsã ene.” Ke Israelviwo ya gblɔ be: “Mina míasí le wo nu, eye míable wo tso du la gbɔ ayi mɔ dzi.”
33
Ale Israel-ŋutsuwo katã tso le wo nɔƒe va dze aʋa ɖe Baal-Tamar. Azɔ la Israeltɔ siwo de xa la do tso wo nɔƒe le Geba ƒe ɣetoɖoƒe.
34
Ŋutsu aʋawɔla akpe ewo tso Israel blibo la me dze Gibea-dua dzi. Aʋa la nu sẽ ŋutɔ. Ke Benyamin viawo menya be dzɔgbevɔ̃e le dzɔdzɔ ge ɖe yewo dzi o.
35
Aƒetɔ na Israelviwo ɖu Benyamin viwo dzi ŋɔdzitɔe. Benyamin viwo ƒe aʋawɔla akpe bla eve vɔ atɔ̃ kple alafa ɖeka tsi aʋa gbe ma gbe.
36
Ale Benyamin viwo kpɔe dze sii be wosi yewo. Ke Israel-ŋutsuwo de megbe le Benyamin viwo ŋu, elabe wole ŋu ɖom ɖe xadela siwo wotsɔ ɖo Gibea-dua ŋu la ŋu.
37
Tete xadelawo wɔ kaba eye woho ɖo ta Gibea-dua me. Wotsrɔ̃ du blibo la kple yi.
38
Do ŋgɔ la, Israel-ŋutsuwo kple xadelawo ɖo gbe ɖi. Wobe ne Israel-ŋutsuawo kpɔ dzudzɔ wòde dzi le dua ŋu kɔtɔɔ la ekema woatrɔ.
39
Esi Israel-ŋutsuwo gbugbɔ ɖe megbe le aʋaa nu la, Benyamin viwo de asi amewo wuwu me le Israeltɔwo dome. Wowu ame abe bla etɔ̃ ene elabe wobu be yewole wo si ge abe tsã ene.
40
Tete dzudzɔ de dzi le du la ŋu kɔtɔɔ, eye esi Benyamin viwo trɔ la, kpɔ ɖa, dzudzɔ le tutum yi dzi tso du blibo la me.
41
Esi Israel-ŋutsuwo trɔ gbɔna la, dzidzi ƒo Benyamin viwo, elabe wokpɔ be dzɔgbevɔ̃e tu yewo.
42
Wosí le Israel-ŋutsuwo nu to gbedzimɔ, ke aʋa la yɔ wo ɖe nu. Amewo do tso duwo me, eye wotsɔ wo ɖe to me hetsrɔ̃ wo.
43
Woɖe to ɖe Benyamin viwo eye wonyà wo ɖe nu. Wotsrɔ̃ wo tso afi si wodro ɖo va se ɖe Gibea-dua kasa le ɣedzeƒe gome.
44
Aʋawɔla kalẽtɔ akpe wui enyi sɔŋ tsi aʋa le Benyamin viwo dome.
45
Tete wotrɔ hesí ɖo ta gbedzi va se ɖe Rimon-kpe la gbɔ. Wowu ame akpe atɔ̃ le woƒe megbexelawo ŋu le mɔ dzi. Woti wo yome va se ɖe Gidom, eye wogawu ame akpe eve le wo ŋu.
46
Aʋawɔla kalẽtɔ siwo katã kpla yi, eye wotsi aʋa le Benyamin viwo dome gbe ma gbe la le ame akpe bla eve vɔ atɔ̃.
47
Ŋutsu alafa ade trɔ sí ɖo ta gbedzi va se ɖe Rimon-kpe la gbɔ, eye wonɔ afi ma ɣleti ene.
48
Israel-ŋutsuwo trɔ ɖe Benyamin vi mamlɛawo ŋu, eye wowu wo kple yi. Wowu lãhawo kple nu sia nu si wokpɔ la le dua me. Eyome wotɔ dzo du siwo katã le nutoa me la.
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 21 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21