bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Judges 21
Judges 21
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
1
Israel-ŋutsuwo ƒo ƒu ɖe Mizpa eye woka atam be: “Ne mía dometɔ aɖe tsɔ via nyɔnu na Benyamintɔ aɖe wòɖe fĩi!”
2
Esi dukɔ la va Betel la, wotsi Mawu ŋkume le afi ma, eye wofa avi vevie kple ɣli va se ɖe fiẽ.
3
Wogblɔ be: “O Aƒetɔ, Israel Mawu, nu ka ta nu sia dzɔ le Israel ɖo? Nu ka ta to ɖeka nabu le míaƒe toawo dome?”
4
Ŋufɔke ŋdi kanya la, dukɔ la ɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma, eye wosa numemevɔ kple ŋutifafavɔ.
5
Wobia be: “Ame ka le Israel-toawo katã me si meva takpeƒe le Aƒetɔ gbɔ le Mizpa o?” Do ŋgɔ la, woka atam be ame si mava Aƒetɔ gbɔ le Mizpa o la, ele be woawui godoo.
6
Benyamin viwo siwo nye Israelviwo nɔviwo la ƒe nu wɔ nublanui na wo ŋutɔ, eye wogblɔ be, “To ɖeka ɖe ɖa le Israel-toawo dome egbe.
7
Ale ke míawɔ ana nyɔnu ame siwo susɔ laa? Elabe míeka atam gblɔ na Aƒetɔ be míana mía vinyɔnu aɖeke wo woaɖe o.”
8
Wobia be: “Ame ka le Israel-toawo dome si meva Aƒetɔ gbɔ le Mizpa o?” Kpɔ ɖa, Yabes Gileadtɔ aɖeke meva takpeƒe la le asaɖa la me o.
9
Esi woƒo ameawo katã nu ƒu le dukɔa me la, Yabes Gileadtɔ aɖeke meva o.
10
Ale ameha la ɖe ame akpe wui eve le aʋawɔla kalẽtɔwo dome ɖo ɖa. Wogblɔ na wo be, “Miyi ɖawu Yabes Gileadtɔwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa.
11
Nu si miawɔ lae nye esi: Mitsrɔ̃ ŋutsu sia ŋutsu kple nyɔnu siwo katã dɔ ŋutsu gbɔ kpɔ la gbidigbidi!”
12
Wokpɔ ɖetugbi alafa ene siwo menya ŋutsu o le Yabes Gileadtɔwo dome, eye wokplɔ wo va asaɖa la me le Silo le Kanaan-nyigba dzi.
13
Tete ameha blibo la dɔ ame ɖo ɖe Benyamin viwo gbɔ le Rimon-kpe la gbɔ, eye wodo ŋugbe na wo be yewoawɔ ŋutifafa.
14
Ale Benyamin viwo trɔ gbɔ ɣe ma ɣi, eye wotsɔ nyɔnu siwo woxɔ ɖe agbe tso Yabes Gilead-nyɔnuwo dome la na wo woɖe, ke mede wo nu o.
15
Benyamin viwo ƒe nu wɔ nublanui na dukɔ la ŋutɔ elabe Aƒetɔ ɖe ɖekawɔwɔ si nɔ toawo dome le Israel-dukɔa me tsã la ɖa.
16
Tete ameha la ƒe amegãwo gblɔ be: “Ale ke míawɔ hafi akpɔ nyɔnu na ame siwo susɔ laa? Elabe nyɔnuwo vɔ le Benyamin viwo dome keŋkeŋ.”
17
Wogblɔ be: “Benyamin viwo ƒe anyigba nye woƒe ame siwo susɔ la tɔ. To aɖeke matsrɔ̃ keŋkeŋ le Israel-dukɔ me o.
18
Evɔ la, míawo míate ŋu atsɔ mía vinyɔnuwo na wo woaɖe o, elabe míeka atam be aɖi ame si ana nyɔnu Benyamintɔ aɖe ŋu.”
19
Wogblɔ be, “Kpɔ ɖa, woɖua Aƒetɔ ƒe ŋkekenyui la ƒe sia ƒe le Silo.” Silo le Betel ƒe dzigbeme kple mɔ si tso Betel ɖo ta Sixem la ƒe ɣedzeƒe kpakple Lebona ƒe anyigbeme.
20
Wogblɔ na Benyamin viwo be: “Miyi ɖade xa ɖe waingblewo me,
21
eye minɔ ŋudzɔ. Ne miekpɔ be Silo-nyɔnuviwo do va ɣe ɖu ge la, ekema mido tso waingbleawo me. Mia dome ame sia ame nelé nyɔnu na eɖokui, eye míakɔe ayi ɖe Benyamin-to la ƒe anyigba dzii.
22
Ke ne wo tɔ́wo kple wo nɔviŋutsuwo va dzre wɔ ge kpli mí la, ekema míagblɔ na wo be: “Miɖe asi le wo ŋu na mí, elabe míekpɔ nyɔnu le aʋa me na ame sia ame o. Ðe wònye miawo ŋutɔe tsɔ wo na wo la, eya ko miaɖi fɔ.”
23
Tete Benyamin viwo wɔ nenema, eye wokpɔ nyɔnu wòde wo nu tso ɣeɖula siwo wolé sesẽe la dome. Emegbe wotrɔ yi woƒe anyigba dzi. Wogbugbɔ duawo tso henɔ wo me.
24
Azɔ la, Israelvi mamlɛawo hã dzo yi woƒe to si me wotso kple woƒe ƒomeawo gbɔ, eye woyi woƒe anyigba dzi.
25
Ɣe ma ɣi la, fia aɖeke menɔ Israel-dukɔ la si o. Ale ame sia ame wɔa nu sia nu si dze eŋu.
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21