bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Judges 6
Judges 6
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 7 →
1
Israelviwo gawɔ nuvɔ̃ɖi ɖe Aƒetɔ ŋu, eya ta wòna Midiantɔwo ɖu wo dzi ƒe adrẽ.
2
Midiantɔwo sesẽ wu Israelviwo. Ale be le wo ta la, wowɔ beɖoƒewo ɖe towo dzi kple agadowo me eye wotu dedienɔƒe sesẽwo, afi siwo woɣlana ɖo.
3
Nenye be Israelviwo ƒã nu la, Midiantɔwo kple Amalekitɔwo kpakple ɣedzeƒeviwo ɖea fu na wo vevie.
4
Ame siawo hona va tsia Israelviwo gbɔ, eye wogblẽa woƒe agblemenukuwo ɖo ta anyigbeme va se ɖe Gaza ke. Woléa woƒe alẽ, nyi alo tedziwo keŋkeŋ; womesusɔa naneke ɖi na Israelviwo o.
5
Wova dona bibibi kple woƒe lãhawo kple avɔgbadɔwo abe ʋetsuviwo ene. Woawo ŋutɔ kple woƒe kposɔwo mele xexlẽme o. Ðeko wovana gblẽa nu sia nu le anyigba blibo la dzi.
6
Ale wɔ wɔna aɖeke mele Israelviwo ŋu le Midiantɔwo gbɔ o, eya ta wodo ɣli yɔ Aƒetɔ la.
7
Esi Israelviwo do ɣli yɔ Aƒetɔ la be neɖe yewo tso Midiantɔwo si me ta la,
8
Aƒetɔ dɔ eƒe gbeƒãɖela aɖe ɖo ɖe wo gbɔ. Egblɔ na wo be: “Aƒetɔ, Israel Mawu la be magblɔ na mi be: ‘Nye ŋutɔe kplɔ mi do go le Egipte, afi si mienye kluvi le.
9
Meɖe mi tso Egiptetɔwo kple ame siwo katã te mi ɖe anyi la si me. Menyà wo ɖa le mia ŋgɔ hetsɔ woƒe anyigba na mi.
10
Megblɔ na mi be nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu la. Migasubɔ Amoritɔ siwo ƒe anyigba dzi miele la ƒe mawuwo o.’ Ke miegbe be yewomaɖo tom o.”
11
Tete Aƒetɔ ƒe dɔla va kɔƒe aɖe si woyɔna be Ofra la me, eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe logoti aɖe te. Ati sia nye Yoas, ame si nye Abiezer ƒe dzidzimevi la tɔ. Ɣe ma ɣi la, via ŋutsuvi Gideon nɔ lu ƒom le wainfiãƒe bene Midiantɔwo nagakpɔe o.
12
Kasia Aƒetɔ ƒe dɔla do ɖe edzi gblɔ nɛ be: “Ŋutsuwɔla kalẽtɔ, Aƒetɔ li kpli wò!”
13
Gideon biae be: “Nye amegã, èbe ale ke? Ne Aƒetɔ ɖe wòli kpli mí tututu ɖe, nu ka tae nu siawo katã dzɔ ɖe mía dzi? Nukunu siwo katã ŋu mía tɔgbuiwo ƒoa nu le na mí, be woawoe Aƒetɔ wɔ esime wòkplɔ mí tso Egipte la hã ɖe, afi ka wole? Azɔ Aƒetɔ tsɔ mí ƒu gbe na Midiantɔwo.”
14
Tete Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Tso kple ŋusẽ si le asiwò la, eye nàyi aɖaɖe Israel-dukɔ tso Midiantɔwo si me. Nye ŋutɔŋutɔe le dɔwòm!”
15
Ke Gideon ɖo eŋu be: “Taflatsɛ, nye amegã, nu ka tsɔ ge mala aɖe Israel-dukɔ lae? Kpɔ ɖa, míaƒe ƒome lae nye ŋusẽmanɔŋutɔ kekeake le Manase-toa me, eye gawu la, nyee nye ɖevitɔ le tɔ́nye ƒeme.”
16
Tete Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Nyee be meli kpli wò. Àɖu Midiantɔwo dzi abe ŋutsu ɖeka ene.”
17
Gideon ɖo eŋu be: “Ne èkpɔ ŋudzedze le ŋunye la, ekema wɔ dzesi aɖe tsɔ ɖo kpe edzi nam be wò, Aƒetɔ ŋutɔe le nu ƒom kplim.
18
Meɖe kuku, mègadzo haɖe o, va se ɖe esime matsɔ nunana aɖe vɛ na wò gbɔ hafi.” Eɖo eŋu be: “Manɔ lalawòm va se ɖe esime nàyi ava.”
19
Ale Gideon yi aƒeme. Ewu gbɔ̃tsui ɖeka ƒo detsii, eye wòtsɔ wɔ kilo ewo wɔ abolo maʋamaʋã kpe ɖe eŋu. Azɔ la, eɖe gbɔ̃lã la ɖe kusi me, eye wòku detsi ƒuƒlua ɖe kutu me tsɔ va ɖo dɔla la kɔme le logotia te.
20
Mawudɔla la gblɔ nɛ be: “Tsɔ lã la kple abolo la da ɖe kpe sia dzi, eye nàkɔ detsia ɖe wo dzi.” Gideon wɔ nenema.
21
Azɔ Aƒetɔ ƒe dɔla la tsɔ atizɔti si le esi la nu tɔ lã la kple abolo la dzi. Enumake dzo do tso agakpe la me hefiã lã la kple abolo la katã. Tete mawudɔla la bu vĩi le egbɔ.
22
Tete Gideon kpɔ dze sii azɔ be Aƒetɔ ƒe dɔlae yekpɔ eya ta edo ɣli gblɔ be: “Aléle! Aƒetɔ Mawu! Mekpɔ wò dɔla ŋkume kple ŋkume!”
23
Ke Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Wò dzi nedze eme. Mègavɔ̃ o. Mèle kuku ge o.”
24
Gideon ɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Aƒetɔ, eye wòna ŋkɔe be: “Aƒetɔ ye nye ŋutifafa.” Vɔsamlekpui sia gale Ofra va se ɖe egbe, eye wònye Abiezer ƒomeawo tɔ.
25
Zã ma me ke la, Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Lé tɔ́wò ƒe nyitsu ɖeka kple nyitsu bubu si xɔ ƒe adrẽ. Yi nàgbã tɔ́wò ƒe vɔsamlekpui si wòɖi na Baal, eye nàlã atikpo si nye Asera la ɖa le egbɔ.
26
Emegbe la, fɔ kpewo nàɖi vɔsamlekpui ɖe ɖoɖo nyui me na Aƒetɔ, wò Mawu la, ɖe agakpe sia tame. Azɔ lé nyitsu evelia nàmè kple atikpo si nàlã la atsɔ asa vɔe.
27
Ale Gideon ɖe ŋutsu ewo le eƒe dɔlawo dome, eye wòwɔ abe ale si Aƒetɔ gblɔ nɛ ene. Ewɔe le zã me, ke menye le ŋkeke me o, elabe enɔ tɔ́a ƒometɔwo kple dua me ŋutsuwo vɔ̃m ŋutɔ.
28
Dua me ŋutsuwo fɔ ŋdi kanya, eye wokpɔ be wogbã vɔsamlekpui si woɖi na Baal, lã nyɔnumawu Asera la hã ɖa, eye wotsɔ nyitsu sa vɔe le vɔsamlekpui si woɖi la dzi.
29
Wobia wo nɔewo se be: “Ame kae wɔ nu sia?” Le nua wɔla didi tsitotsito vɔ megbe la, wova nya be Gideon, Yoas vi lae wɔe.
30
Tete wogblɔ na Yoas be: “Kplɔ viwò ŋutsuvia do go va afii. Edze na ku elabe egbã vɔsamlekpui si míeɖi na Baal, eye wòlã nyɔnumawu Asera si le egbɔ la hã ɖa.”
31
Ke Yoas gblɔ na ame siwo katã tsi tre ɖe eŋu la be: “Dzree miebe yewoawɔ ɖe Baal nua? Etae miebe yewoaʋlia? Ne ame aɖe ʋli eta la, woawui hafi ŋu nake. Eƒe vɔsamlekpuie wogbã. Nenye Mawue wònye la, neʋli eɖokui ta.”
32
Tso gbe ma gbe la, wona ŋkɔ Gideon be Yerub-Baal elabe Yoas gblɔ be: “Mina Baal naʋli eɖokui ta, elabe eƒe vɔsamlekpuie wogbã.”
33
Tete Midiantɔwo, Amalekitɔwo kple ɣedzeƒeviwo katã va kpe ta. Wotso Yordan-tɔsisi la, eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe Yezreel-bali la me.
34
Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ dze Gideon dzi, eye wòku kpẽ yɔ Abiezer ƒomeawo be woadze ye yome.
35
Edɔ dɔlawo ɖo ɖe Manase-to eveawo me tɔwo hã be woadze ye yome. Azɔ la, egadɔ dɔlawo ɖo ɖe Aser, Zebulon kple Naftali toawo me tɔwo, eye wova kpe wo.
36
Tete Gideon gblɔ na Mawu be: “Ègblɔ be dzinye to ge yeala aɖe Israel-dukɔ la. Ne ele eme nyateƒe la,
37
ekema mele alẽgbalẽ tsɔ ge ada ɖe lugbɔƒe. Ne ŋu ke ŋdi, eye zãmu ƒo alẽgbalẽa ɖeɖe ko, eye anyigba le ƒuƒuie la, ekema madze sii be dzinye to ge nàla aɖe Israel-dukɔ la vavã.
38
Eva eme nenema tututu. Esi Gideon fɔ ŋdi la, efiã alẽgbalẽ la, eye zãmu si do le eme la yɔ tre banaa.
39
Tete Gideon gblɔ na Mawu be: “Meɖe kuku, dzi megaku wò o. Medi be magagblɔ nya aɖe. Na magatsɔ alẽgbalẽ la agado wò kpɔ zi evelia. Fifia la, meɖe kuku, na alẽgbalẽa nanɔ ƒuƒuie, ke zãmu naƒo anyigba si ƒo xlãe godoo la ya.
40
Mawu wɔ nenema le zã ma me. Zãmu ƒo anyigba la katã, ke alẽgbalẽ la ya le ƒuƒuie.
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21