bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Judges 4
Judges 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 5 →
1
Le Ehud ƒe ku megbe la, Israelviwo gawɔ nuvɔ̃ɖi ɖe Aƒetɔ ŋu.
2
Ale Aƒetɔ na Kanaan-fia, Yabin ɖu wo dzi. Enɔ Xazor hafi nɔ dzi ɖum, eye eƒe aʋakplɔla, Sisera, ya nɔ Xaroset-Goyim.
3
Tete Israelviwo do ɣli yɔ Aƒetɔ be nexɔ na yewo elabe gatasiaɖam alafa asieke le Yabin si, eye wòtsɔ akpa sesẽ te Israelviwo ɖe anyi ƒe bla eve.
4
Ɣe ma ɣi la, nyɔnu mawu ƒe gbeƒãɖela, Debora, si nye Lapidot srɔ̃ la nye ɖela nɔ Israel-dukɔ me.
5
Ebɔbɔ nɔa anyi ɖe deti aɖe te le Rama kple Betel dome le Efrayim-to dzi, eye Israelviwo yia egbɔ wòdrɔ̃a ʋɔnu na wo.
6
Edɔ ame woyi ɖayɔ Barak, Abinoam vi, tso Kedes-Naftali vɛ. Egblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, Israel Mawu la be woagblɔ na wò be, ‘Tso nàɖe ame akpe ewo tso Naftali kple Zebulon towo me, eye nàkplɔ wo ayi Tabor-to dzi.
7
Makplɔ Sisera, Yabin ƒe aʋakplɔla, eƒe tasiaɖamwo kple eƒe aʋakɔ ava Kison-tɔʋu nu be wòava kpe aʋa kpli wò, ke mana nàɖu edzi.’ ”
8
Tete Barak gblɔ na Debora be: “Mayi ne àyi kplim. Evɔ ne màyi kplim o la, ekema nye hã nyemayi o.”
9
Debora ɖo eŋu be: “Yoo, mayi kpli wò baa! Gake nu si gbe yim miele la, womade bubu ŋuwò o elabe Aƒetɔ adzra Sisera na nyɔnu aɖe.” Ale Debora tso yi Kedes kple Barak.
10
Tete Barak yɔ Zebulon kple Naftali toawo me tɔwo ƒo ƒu ɖe Kedes, eye wòna ame akpe ewo dze eyome wodzo. Debora hã yi kplii.
11
Le ɣeyiɣi sia me la, Xeber, Kenitɔ la va tu eƒe agbadɔ ɖe logotiwo gbɔ le Zaananim le Kedes gbɔ. Do ŋgɔ la, eya ʋu tso Kenitɔ bubu siwo nye Xobab, Mose nyo, la ƒe dzidzimeviwo la gbɔ.
12
Esi Sisera se be Barak yi Tabor-to dzi la,
13
edzra eƒe tasiaɖamwo katã ɖo, eye eya kple eƒe aʋakɔ blibo la ho tso Xaroset-Goyim va kpe ta ɖe Kison-tɔʋu nu.
14
Tete Debora gblɔ na Barak be: “Tso kpla! Egbee nye egbe! Mènya be Aƒetɔ ŋutɔ dze ŋgɔ xoxo oa? Ele nana ge miaɖu Sisera dzi keŋkeŋ.” Ale Barak ɖi tso Tabor-to la dzi, ame akpe ewoawo dze eyome.
15
Kasia Barak nado la, Aƒetɔ de zi Sisera kple eƒe tasiaɖamwo kpakple eƒe aʋakɔwo dome, eye wotɔtɔ. Tete Sisera ɖi le eƒe tasiaɖam me, eye wòɖo afɔ eŋu hesí.
16
Barak ti tasiaɖamawo kple aʋakɔ la yome va do ɖe Xaroset-Goyim, eye wotsrɔ̃ wo kple yi keŋkeŋ; ame ɖeka hɔ̃ hã mesusɔ o.
17
Ke Sisera to afɔ ʋuu va nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Yael, Kenitɔ Xeber srɔ̃, la ƒe agbadɔ gbɔ. Eva afi sia elabe ŋutifafa le Xazor-fia, Yabin kple Kenitɔ, Xeber ƒe ƒomeawo dome.
18
Tete Yael yi ɖakpe Sisera hegblɔ nɛ be: “Va, nye amegã! Ge ɖe nye agbadɔ me. Mègavɔ̃ o.” Enumake Sisera ge ɖe eme, eye wòtsyɔ avɔ nɛ.
19
Sisera gblɔ nɛ be: “Meɖe kuku, na tsi vi aɖem mano; tsikɔ le wuyem.” Enumake Yael ʋu lãgbalẽgolo si me notsi le la, eye wòna ɖee wòno. Emegbe la, egatsyɔ avɔa nɛ.
20
Azɔ la, egblɔ na Yael be: “Yi nàtsi tsitre ɖe agbadɔa ƒe mɔnu. Ne ame aɖe va bia wò be ame aɖe le afii hã la, ɖo eŋu nɛ be o.”
21
Ɣe ma ɣi la, ɖeɖi te Sisera ŋu ŋutɔ ale be wòdɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi. Tete Yael tsɔ agbadɔtsyoti kple zu, eye wòyi egbɔ dzaa. Eƒo tsyoti la ɖe tonu na Sisera, mimii ɖe anyigba sesĩe, eye wòku.
22
Kasia Barak, ame si le Sisera yome tim la nye esi va do. Yael do va kpee hegblɔ nɛ be: “Va ne mafia ame si dim nèle la wò!” Esi wòge ɖe eme la, Sisera nye ekem woƒo tsyoti ɖe tonu na, to eƒe tame do hemimi ɖe anyigba, wòku.
23
Ale Mawu bɔbɔ Kanaan-fia, Yabin ɖe anyi gbe ma gbe le Israelviwo ŋkume.
24
Tso ɣe ma ɣi la, Israelviwo ƒe asi va sẽ ɖe fia la dzi wu tsã va se ɖe esime ŋusẽ va vɔ le eŋu keŋkeŋ.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21