bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Judges 9
Judges 9
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 10 →
1
Abimelex, Yerub-Baal vi, yi Sixem afi si nɔa nɔviwo le. Egblɔ na woawo kple nɔa ƒometɔwo katã be
2
woabia Sixemtɔwo be: “Ne Gideon viŋutsu bla adrẽa katã naɖu mia dzi, alo ame ɖeka ko naɖu mia dzi la, kae dze mia ŋu wu? Miɖo ŋku edzi be nye la, miawo ŋutɔ miaƒe ʋu kple ŋutilãe menye.”
3
Ale wɔ Abimelex nɔ nɔviwo yi ɖagblɔ nya siawo katã na Sixem-dumegãwo tso Abimelex ŋu ɖe enu. Woƒe dzi trɔ ɖe Abimelex ŋu, be yewoadze eyome, elabe wogblɔ be: ‘Mía nɔviŋutsu ye.’
4
Wotsɔ klosaloga bla adrẽ tso Baal-Berit ƒe gbedoxɔ me nɛ, eye wòtsɔe yi ɖadi ame ɖigbɔ kple gbevu aɖewo kpe eɖokui.
5
Eyi tɔ́a ƒeme le Ofra, eye wòwu nɔvia ŋutsu bla adrẽ siwo nye Gideon viwo ɖe kpe ɖeka dzi. Ke Yotam, Gideon ƒe dɔmlɔea ya sí ɖaɣla eɖokui ale be eya tsi agbe.
6
Azɔ Sixemtɔwo kple Bet-milonɔlawo katã va kpe ta le Sixem ɖe logoti si nye ŋkuɖodziti le afi ma la gbɔ, eye woɖo Abimelex fiae.
7
Esi Yotam se nu si dzɔ la, eyi ɖatsi tsitre ɖe Gerizim-to dzi. Edo ɣli sesĩe gblɔ na wo be: “Sixemtɔwo lee, miɖo tom, ne Mawu naɖo to miawo hã!
8
Gbe ɖeka la, atiwo kpe ta be yewoatia yewo dometɔ ɖeka asi ami nɛ wòanye fia ɖe yewo nu. Wogblɔ na amiti be: “Ðu fia ɖe mía dzi!’
9
Ke amiti gblɔ na wo be: ‘Ðe madzudzɔ nye ami si wotsɔna dea bubu mawuwo kple amegbetɔwo ŋu la wɔwɔ ava nɔ ya ƒom le atiwo tamea?’
10
Atiawo gblɔ na gboti be: ‘Wò, va ɖu fia ɖe mía dzi!’
11
Ke gboti gblɔ na wo be: ‘Ðe magblẽ nye tsi vivi kple kutsetse nyuiwo ɖi ava nɔ ya ƒom le atiwo tamea?’
12
Atiwo gblɔ na wainti be: ‘Wò, va ɖu fia ɖe mía dzi.’
13
Ke wainti gblɔ na wo be: ‘Ðe magblẽ nye kutsetsemetsi si doa dzidzɔ na mawuwo kple amegbetɔwo ɖi ava ɖu fia ɖe mi atiwo dzia?’
14
Tete atiwo katã gblɔ na aŋɔka be: ‘Wò, va ɖu fia ɖe mía dzi.’
15
Ke aŋɔka gblɔ na wo be: ‘Nenye nyateƒe gblɔm miele be miasi ami nam ne manye fia ɖe mia dzi la, ekema miva bè ɖe nye vɔvɔli te. Ne menye nenem o la, dzo ado tso nye alɔwo me afiã sedertiwo le Lebanon.’ ”
16
Yotam yi edzi gblɔ na Sixemtɔwo be: “Azɔ esi mieɖo Abimelex fiae ɖe, etso miaƒe dzi mea? Miewɔe le nyateƒe mea? Ðe miate ŋu aɖo ŋku nu siwo Yerub-Baal wɔ na mi kpɔ la dzi, ahalé be na eƒe ƒomea nyuie, abe ale si wòdze be miawɔ ɖe enu nɛ la ene oa?
17
Miɖo ŋku edzi, be tɔ́nyee wɔ aʋa na mi. Eyae tsɔ eƒe agbe ke heɖe mi tso Midiantɔwo si me.
18
Ke egbe la, miawoe tso ɖe tɔ́nye ƒe aƒe ŋuti. Miewu via ŋutsu bla adrẽ sɔŋ le kpe dzi, ale be eƒe dɔlanyɔnu ƒe vi, Abimelex, nye mia nɔvi, eye mitsɔe ɖo fiae ɖe Sixem.
19
Azɔ nenye be nu si miewɔ egbe ɖe Gideon kple eƒe ƒomea ŋu tso miaƒe dzime, eye miewɔe le nyateƒe me la, ekema mikpɔ dzidzɔ ɖe Abimelex ŋu, eye eya hã nekpɔ dzidzɔ ɖe mia ŋu.
20
Evɔ ne menye nenema o la, dzo nedo tso Abimelex me ne wòafiã Sixemtɔwo kple Milonɔlawo. Nenema ke dzo nedo tso Sixemtɔwo kple Milonɔlawo hã me ne wòafiã Abimelex.”
21
Yotam nɔ vɔvɔ̃m na nɔvia Abimelex eya ta esí yi ɖanɔ Beer.
22
Abimelex ɖu Israel-dukɔ dzi ƒe etɔ̃.
23
Emegbe la, Mawu na gbɔgbɔ vɔ̃ɖi aɖe ɖo Abimelex kple Sixem-dumegãwo dome, ale be wowɔ ayemenu trɔ le eyome hedze aglã ɖe eŋu.
24
Nu sia dzɔ bene woahe to na Abimelex kple Sixemtɔwo kutɔkutɔe, elabe woawoe de dzi ƒo na Abimelex wòwu nɔvia bla adrẽ siwo nye Gideon viwo.
25
Sixemtɔwo ɖe amewo woyi ɖade xa ɖe towo dzi ɖe Abimelex ŋuti, ale be ame sia ame si to mɔa dzi va yina la, wodaa adzo eƒe nuwo le esi.
26
Azɔ la, Gaal, Ebed vi, ʋu va Sixem kple nɔviawo, eye Sixemtɔwo ɖo ŋu ɖe eŋu.
27
Woyi agblewo me ɖagbe woƒe waintsetsewo tsɔ wɔ wain, eye woɖu ŋkekenyui. Woge ɖe woƒe mawu la ƒeme ɖu nu, no nu hedo ɖiŋu na Abimelex.
28
Gaal gblɔ be: “Ame ka tɔgbewoe míenye le Sixem? Nu ka ta míele Abimelex subɔm ɖo? Evɔ ɖe, ame ka gɔ̃ wònye? Gideon vie wònyee. Etsɔ Zebul ɖo dumegãe. Nu ka ta koŋ wòle be míasubɔ eya ɖo? Misubɔ mía tɔgbuigã Hemor, ame si tso du sia na mí boŋ.
29
Ame aɖee tsɔm wɔ dukɔ sia kplɔlae! Anye ne meɖe Abimelex ɖa xoxo! Ɖeko magblɔ nɛ be: ‘Di amewo kpe wò aʋakɔ, eye nàdo va kpem!’ ”
30
Esi Zebul, dua dziɖula la, se Gaal ƒe nyaawo la, dzi kui vevie.
31
Edɔ dɔlawo dzaa ɖo ɖe Abimelex gbɔ woɖagblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, Gaal kple nɔviawo va Sixem, eye wode ʋunyaʋunya dua me ɖe ŋuwò.
32
Eya ta mia kple wò amewo mifɔ zã miaɖade xa ɖe gbe me.
33
Ne ŋu ke ɣe dze la, miwɔ kaba miava dze dua dzi kpata. Ne Gaal kple eƒe amewo do va kpe mi la, mitu nu kpli wo ale si miate ŋui.”
34
Tete Abimelex kple eƒe aʋakɔ la fɔ zã, eye wova de xa ɖe Sixem gbɔ, le aʋalɔgo ene me.
35
Esi Gaal do yi ɖatsi tsitre ɖe dua ƒe agbo nu la, Abimelex kple eƒe aʋakɔ la do tso afi si wode xa ɖo la.
36
Gaal kpɔ aʋakɔ la, eye wògblɔ na Zebul be: “Kpɔ ɖa, aʋakɔ aɖe nye ekem le ɖiɖim tso to la dzi gbɔna!” Ke Zebul ɖo eŋu nɛ be: “Towo ƒe vɔvɔli kpɔm nèle, menye amewoe o.”
37
Ke Gaal gagblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, amewoe. Wole ɖiɖim tso toa tame, eye aʋalɔgo ɖeka to afatɔwo ƒe logoti gbɔ mɔ!”
38
Tete Zebul gblɔ nɛ be: “Menye wòe le nu me ɖim le gbɔgblɔm be: ‘Ame kae nye Abimelex be míasubɔe’ o mahã? Aʋakɔ si ŋu nèle alɔ me ɖem le lae nye esi. Ho azɔ nàyi ɖakpe aʋa kpli wo.”
39
Tete Gaal ho dze ŋgɔ na Sixemtɔwo, eye wowɔ aʋa kple Abimelex.
40
Ke Gaal sí, eye Abimelex nyàe ɖe nu va se ɖe agboa nu. Ame geɖe xɔ abi.
41
Abimelex tsi Aruma, eye wònɔ afi ma, ke Zebul nyà Gaal kple nɔviawo ale be womegate ŋu nɔ Sixem o.
42
Esi ŋu ke la, amewo yi agble, eye ame aɖewo yi ɖagblɔe na Abimelex.
43
Ekplɔ eƒe aʋakɔ la, eye wòma wo ɖe aʋalɔgo etɔ̃ me. Azɔ la, woyi ɖade xa ɖe gbe me. Esi wòkpɔ amewo do tso dua me gbɔna la, edo ɖe wo ŋu, eye wòwu wo.
44
Abimelex kple eƒe aʋalɔgo la va xe dua ƒe agbo nu, eye aʋalɔgo eve yi ɖadze ame siwo le agble la dzi, eye wowu wo.
45
Emegbe Abimelex wɔ aʋa kple dua ŋkeke blibo la. Exɔ du la, eye wòwu emenɔlawo katã. Egbã dua nyànyanya, eye wòwu dze ɖe edzi.
46
Esi ame siwo le mɔ́ sesẽ si le Sixem me la se nu si dzɔ la, woyi ɖage ɖe mɔ́ si le mawu Berit ƒeme la me.
47
Amewo yi ɖagblɔe na Abimelex be ameawo ƒo ƒu ɖe afi ma,
48
ale wòkplɔ eƒe aʋakɔ la yi ɖe Zalmon-to dzi. Azɔ etsɔ fia lã atilɔ da ɖe abɔ. Egblɔ na eƒe amewo be: “Nu si mewɔ miekpɔ la, miawo hã miwɔe enumake.”
49
Tete ame sia ame le aʋakɔ blibo la me lã atilɔ ɖe asi, eye wodze Abimelex yome. Wova kɔ wo ɖe mɔ́ la ŋu, eye wotɔ dzo mɔ́ la. Ale ame siwo katã le Sixem-mɔ́ la me la hã ku; woade ame akpe ɖeka, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa.
50
Emegbe Abimelex ho yi ɖatu Tebez. Eƒo xlã dua, eye wòxɔe.
51
Mɔ́ sesẽ aɖe le dua titina eye dua me tɔwo katã, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, sí yi afi ma. Wodo ʋɔ ɖe wo ɖokui nu, eye wode mɔ́ la tame.
52
Abimelex te ɖe mɔ́ la ŋu be yeawɔ aʋa kple emenɔlawo, eye wòva kekeke mɔ́ la ƒe agbo nu be yeatɔ dzoe.
53
Tete nyɔnu aɖe da tevi tso dzi wova dze ta na Abimelex hegbã ta nɛ.
54
Eyɔ eƒe adekplɔvi enumake gblɔ nɛ be: “He wò yi ɖe go nàwumee, ne womagagblɔ le ŋunye be nyɔnue wum o!” Tete eƒe adekplɔvi la tɔ hɛe wòku.
55
Esi Israeltɔwo kpɔ be Abimelex ku la, ame sia ame gbugbɔ yi eƒeme.
56
Aleae Mawu ɖo Abimelex ƒe nu vlo si wòwɔ ɖe tɔ́a ŋu hewu nɔvia bla adrẽ la teƒe nɛ.
57
Mawu na Sixemtɔwo kpe fu vevie le woƒe ŋutasesẽ ta. Ale Yotam, Gideon vi, ƒe fiƒode la ɖi wo ŋu.
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 10 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21