bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Judges 16
Judges 16
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 17 →
1
Simson yi ɖe Gaza si nye Filistitɔwo ƒe du aɖe me. Ekpɔ gbolo aɖe le afi ma, eye wòyi egbɔ hedɔ kplii.
2
Wofi tofi na Gazatɔwo be Simson le dua me, eya ta woɖe to ɖe teƒea, eye wode xa ɖe dua ƒe agbo nu nɛ zã blibo la katã. Wozi ɖoɖoe toŋ zã blibo la nɔ gbɔgblɔm be: “Mina míalala va se ɖe esime ŋu nake ne míawui.”
3
Ke Simson mlɔ anyi va se ɖe zã titina. Le zãtiƒe la efɔ, eye wòho du la ƒe agbo kple agboa ƒe ati eveawo hekpe ɖe gameti la ŋu, eye wòlée ɖe abɔ va da ɖe to si le Xebron kasa la tame.
4
Emegbe la, Simson dze ahiã nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Delila, ame si nɔ Sorek-bali la me.
5
Filistitɔwo ƒe amegãwo va nyɔnua gbɔ gblɔ nɛ be: “Ble enu, ne wòagblɔ nu si me eƒe ŋusẽ triakɔ la le, ale si míawɔ aɖu edzi ahablae, eye míabɔbɔe ɖe anyi keŋ la, na wò. Mía dome ame sia ame ana klosaloga akpe ɖeka alafa ɖeka wò.”
6
Ale Delila gblɔ na Simson be: “Taflatsɛ, nu kae na nèsesẽ alea? Nu ka woatsɔ abla wò ahabɔbɔ wò ɖe anyi? Gblɔe nam.”
7
Simson ɖo eŋu be: “Ne wotsɔ atagbi mumu ka adrẽ blam la, magbɔdzɔ azu abe ame bubu ɖe sia ɖe ene.”
8
Ale Filistitɔwo ƒe amegãwo tsɔ atagbi mumu ka adrẽ siwo meƒu o la vɛ, eye nyɔnua tsɔ wo bla Simson.
9
Ameawo dometɔ aɖewo de xa ɖe xɔ bubu si le wo gbɔ la me. Nyɔnua do ɣli gblɔ nɛ be: “Simson, Filistitɔwo gbɔna!” Ke etso kaawo zi ɖeka abe ale si dzo gbɔna ɖe ɖetika ɖekɛ wòtsona ene. Ale wɔ womekpɔ eƒe ŋusẽ triakɔ la tsoƒe o.
10
Delila gblɔ na Simson be: “Kpɔ ɖa, ɖeko nèflum heka aʋatso nam! Meɖe kuku, gblɔ nu si woatsɔ abla wòe la nam dzro!”
11
Simson ɖo eŋu nɛ be: “Ne wotsɔ ka yeye si wometsɔ bla naneke kpɔ o la blam la, ekema magbɔdzɔ azu abe ame bubu ɖe sia ɖe ene.’
12
Tete Delila tsɔ ka yeyewo blae, eye wògblɔ nɛ be: “Simson, Filistitɔwo gbɔna!” Ke amewo de xa ɖe xɔ bubu si tsɔ ɖe wo gbɔ la me. Tete Simson tso kaawo abe ɖetika ɖeka hɔ̃ ene.
13
Delila gblɔ na Simson be: “Movitɔ ko nèdom va se ɖe fifi, hele aʋatso kam nam. Gblɔ nu si woatsɔ abla wòe la nam!” Eɖo eŋu be: “Ne èlɔ̃ nye ɖakɔ adrẽawo abe avɔe wotsi ene, eye nèbla wo sesĩe kple ɖablanu la, ekema magbɔdzɔ azu abe ame bubu ɖe sia ɖe ene.”
14
Ale esi Simson dɔ alɔ̃ la, Delila lɔ̃ eƒe ɖakɔ adrẽawo abe avɔe wotsi ene. Ebla wo sesĩe kple ɖablanu, eye wòdo ɣli be: “Simson, Filistitɔwo gbɔna!” Ke Simson nyɔ, eye wòho eƒe ɖa le agbati la me.
15
Nyɔnua gblɔ nɛ be: “Wò nu ko nètsɔ lɔ̃mee; nye nu melé dzi na wò kura o. Zigbɔzi etɔ̃ sɔŋ nye esi nèdo movitɔm, eye mègblɔ nu si me wò ŋusẽ triakɔ la le la nam o.”
16
Nyɔnu la nɔ fu ɖem nɛ nɔ ebiabia dzi gbe sia gbe. Mlɔeba fuɖename la va glo Simson abe wòaku boŋ gɔ̃ hã ene,
17
eye wògblɔ eƒe dzimenyawo katã na Delila. Ebe: “Talũhɛ mede ta ŋu nam kpɔ o, elabe vi si ŋu wokɔ̀ na Mawu menye tso keke danye ƒe dɔme ke. Ne wolũ ta nam la, ekema ŋusẽ avɔ le ŋunye, eye magbɔdzɔ azu abe ame bubu ɖe sia ɖe ene.”
18
Esi Delila kpɔ be egblɔ eƒe dzimenyawo katã na ye azɔ la, edɔ ame ɖo ɖa be woayɔ Filistitɔwo ƒe amegãwo vɛ. Egblɔ ɖo ɖa be: “Miva azɔ, elabe egblɔ eƒe dzimenyawo katã nam!” Tete Filistitɔwo ƒe amegãwo va, eye wotsɔ ga la ɖe asi vɛ.
19
Ena Simson dɔ alɔ̃ ɖe eƒe ata dzi, eye wòyɔ ŋutsu aɖe wòva lũ ɖakɔ adrẽawo le eta. Delila de asi nu vevi wɔwɔ Simson me azɔ, elabe ŋusẽ vɔ le eŋu.
20
Egblɔ be: “Simson, Filistitɔwo gbɔna!” Enyɔ tso alɔ̃ me hebu be: “Maʋuʋu ɖokuinye ado abe tsã ene!” Ke menya be Aƒetɔ dzo le ye gbɔ o.
21
Filistitɔwo lée, ho eƒe ŋkuwo le tome, eye wokplɔe yi Gaza. Wode akɔblikɔsɔkɔsɔe, eye wona wònɔ wɔ tum le gaxɔ me.
22
Ke eƒe ɖa gade asi toto me.
23
Filistitɔwo ƒe amegãwo va kpe ta be yewoasa vɔ na yewoƒe mawu Dagon. Wokpɔ dzidzɔ gbe ma gbe gblɔ be: “Mía mawu na míeɖu míaƒe futɔ Simson dzi!”
24
Esi dukɔ la kpɔe la, wokafu woƒe mawu elabe wogblɔ be: “Mía mawu na míeɖu míaƒe futɔ si gblẽ míaƒe anyigba, eye wòwu míaƒe ame geɖewo la dzi.”
25
Esi wonɔ dzidzɔ kpɔm la, wogblɔ be: “Miɖayɔ Simson vɛ, ne wòado nukokoe na mí!” Tete woyi ɖakplɔ Simson tso gaxɔ me vɛ, wòle nukokoe dom na wo, eye wòkplɔe ɖo sɔti eve domee.
26
Simson gblɔ na ŋutsuvi si lé eƒe asi nɔ ekplɔm la be: “Na malé sɔti siwo dzi xɔa nɔ, ne maziɔ ɖe wo ŋu.”
27
Azɔ la ŋutsuwo kple nyɔnuwo yɔ xɔa taŋ; Filistitɔwo ƒe amegãwo katã le afi ma. Ŋutsu kple nyɔnu siwo ade ame akpe etɔ̃ la le xɔa tame, eye wole Simson ƒe nukokoe si dom wòle na wo la kpɔm.
28
Tete Simson do gbe ɖa na Aƒetɔ be: “Aƒetɔ Mawu, ɖo ŋku dzinye. Gana ŋusẽm zi ɖeka pɛ ko fifia; Mawu, meɖe kuku, ne mabia hlɔ̃ Filistitɔwo ɖe nye ŋku eveawo nu!”
29
Ale Simson do asi ɖa lé titinasɔti eve siwo dzi xɔa nɔ la goŋgoŋ; ɖeka ɖe ɖusi, eye evelia ɖe mia, eye wòtutu wo
30
hegblɔ kple ɣli be: “Na maku kple Filistitɔwo!” Ebi eɖokui ŋusẽtɔe tutu sɔtiawo, eye xɔ la mu dze amegãawo kple ame bubuwo katã dzi. Ale ame siwo wòwu le eƒe kuɣi la, sɔ gbɔ wu esiwo wòwu le eƒe agbenɔɣi.
31
Azɔ la, nɔviawo kple tɔ́a ƒemetɔwo katã va kɔe dzoe. Woyi ɖaɖii ɖe tɔ́a Manoax ƒe yɔdo me le Zora kple Estaol dome. Ekplɔ Israel-dukɔ la ƒe bla eve.
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 17 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21