bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Judges 19
Judges 19
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 20 →
1
Ɣe ma ɣi la, fia aɖeke menɔ Israel-dukɔ la si o. Levi-ŋutsu aɖe si nye amedzro va nɔ Efrayim-tonyigba la ƒe mlɔenu ke. Azɔ la ŋutsu sia tsɔ nyɔnu aɖe si tso Betlehem le Yuda-nutome la ɖo ahiãvie.
2
Ke eƒe ahiãvia do dziku ɖe eŋu, eye wòdzo yi tɔ́a ƒeme le Betlehem ɖanɔ afi ma ɣleti ene.
3
Azɔ ŋutsua ɖoe be yeadze nyɔnua yome aɖable enu ne wòatrɔ agbɔ va ye gbɔ. Ekplɔ eƒe ŋutsudɔla ɖeka kple tedzi eve ɖe asi. Nyɔnua kplɔ ŋutsua ge ɖe tɔ́a ƒeme eye esi tɔ́a kpɔe la, exɔe kple dzidzɔ.
4
Ðetugbia tɔ́ si nye toa la na wòtsi egbɔ ŋkeke etɔ̃. Woɖu nu, no nu, eye eya kple nyɔnua wotsi afi ma dɔ.
5
Esi wofɔ le ŋkeke enea gbe be yewoadze mɔ la, ɖetugbia tɔ́a gblɔ nɛ be: “Wonedi nuɖuɖu aɖe na wò nàɖu hafi miadze mɔ.”
6
Ale wo kple evea nɔ anyi eye woɖu nu, no nu ɖekae. Ɖetugbia tɔ́a gblɔ na Levitɔ la be: “Tsi mía gbɔ dɔ nàgbɔ ɖe eme ʋɛ.”
7
Ŋutsua tso be yeadzo, ke ɖetugbia tɔ́a ƒoe ɖe enu, eye wòtsi anyi dɔ.
8
Ŋkeke atɔ̃lia ƒe ŋdi kanya la, ebe yeadze mɔ, ke ɖetugbia tɔ́ gblɔ nɛ be: “Meɖe kuku, ɖu nane gbɔ, eye mialala ɣetrɔ me hafi miadze mɔ.” Ale ŋutsuawo kple eve ɖu nu ɖekae.
9
Ke esi ŋutsu la kple eƒe ahiãvia kpakple eƒe dɔla la tso be yewoadze mɔ la, ɖetugbia tɔ́a gblɔ na Levitɔ la be: “Kpɔ ɖa, ɣe yina to ɖo ge, eye anyinu le fafam; mitsi dɔ. Zã do vɔ xoxo, mitsi anyi miagbɔ ɖe eme. Etsɔ ŋdi la miafɔ kaba adze mɔ ayi aƒe.
10
Gake ŋutsu la melɔ̃ be yeagatsi afi ma adɔ o, eye wòdze mɔ heva Yebus eyae nye Yerusalem. Tedzi eve siwo wòdo agba na kple eƒe ahiãvi la hã kpe ɖe eŋu.
11
Esi wogogo Yebus la, zã do vɔ ale eƒe dɔla la gblɔ nɛ be: “Na míatsi Yebusitɔwo ƒe du sia me, adɔ.”
12
Ke eƒe aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Míayi aɖadze ame manyamanyawo gbɔ le du aɖeke me, afi si Israelvi aɖeke mele o la me o; ke boŋ míaɖo ta Gibea.”
13
Egblɔ na dɔla la be: “Netsɔ mina míayi duawo dometɔ ɖeka me, eye míatsi Gibea alo Rama adɔ.”
14
Ale woyi woƒe mɔzɔzɔ dzi ɖo ta ŋgɔ. Ɣe va ɖo to ɖe wo le Gibea si le Benyamin-to la ƒe anyigba dzi la gbɔ.
15
Tete wodze le mɔa dzi ge ɖe Gibea-dua me be yewoatsi afi ma adɔ. Woyi ɖadro ɖe dua ƒe ablɔ me elabe ame aɖeke mena dzeƒe wo ɖe eƒeme o.
16
Esime wole afi ma la, ame tsitsi aɖe gbɔ tso agble va yina ɖe aƒeme fiẽ ma. Efrayim-tonyigba la dzi tɔwoe nye ŋutsu sia, eye wòva le Gibea abe amedzro ene. Ame bubu siwo le afi ma la, Benyamin-to la me tɔwo wonye.
17
Ame tsitsi la kpɔ mɔzɔla la le ablɔa me, eye wòbiae be: “Afi ka nèyina, eye afi ka nètso?”
18
Levitɔ la ɖo eŋu nɛ be: “Míetso Betlehem le Yuda heyina ɖe Efrayim-tonyigba la ƒe mlɔenu ke. Afi mae metso va yi Betlehem le Yuda. Meyina Aƒetɔ ƒe aƒeme, ke ame aɖeke mexɔm ɖe eƒeme o.
19
Evɔ la, nuhiahiã ɖe sia ɖe le mía si hafi. Gbe kple nuɖuɖu li na míaƒe tedziawo, eye abolo kple wain li na nye ŋutɔ, nyɔnudɔla la kple nye dɔla sia hã.
20
Ame tsitsi la gblɔ nɛ be: “Ŋutifafa na wò. Nu sia nu si le hiãwòm la, madii na wò. Mèle ablɔ me afi sia ya tsi ge adɔ gbeɖe o.”
21
Ale wòkplɔ wo yi eƒemee, eye wòna nuɖuɖu tedziawo. Ena amedzroawo klɔ afɔ eye wòna woɖu nu, no nu.
22
Esi wonɔ nua ɖum la, kpɔ ɖa, yakamewo tso dua me va ƒo xlã aƒea. Wonɔ ʋɔa ƒom sesĩe henɔ gbɔgblɔm na aƒea tɔ be: “Kplɔ ŋutsu si va dze gbɔwò la doe, ne míade asi eŋu!”
23
Tete aƒea tɔ la do yi wo gbɔ ɖagblɔ na wo be: “Nu ka! Nɔvinyewo, meɖe kuku na mi; migawɔ nuvɔ̃ɖi sia o. Gbɔnyee wòva dze; nye amedzroe! Migawɔ nu vlo sia o.
24
Mikpɔ ɖa, vinye nyɔnu ɖetugbi kple ŋutsua ƒe ahiãvi li. Makplɔ wo vɛ ne miade asi woawo ŋu. Nu sia nu si dze mia ŋu la, miwɔe ɖe wo ŋu. Ke migawɔ nu vlo ma ɖe ŋutsu sia ŋu o.”
25
Ke ŋutsuawo gbe toɖoɖoe. Ale Levi-ŋutsu la kplɔ eƒe ahiãvi la do ɖe wo gbɔ. Wode asi nyɔnua ŋu hewɔ funyafunyae zã blibo la va se ɖe esime ŋu ke. Esi ŋu le kekem la, woɖe asi le eŋu.
26
Fɔŋli la nyɔnua va dze anyi ɖe ŋutsua ƒe xɔ si me eƒe aƒetɔ le la ƒe ʋɔtru nu va se ɖe esime ŋua ke nyuie.
27
Esi Levitɔ la fɔ ŋdi eye wòʋu ʋɔa do go be yeayi yeƒe mɔzɔzɔ dzi la, ekpɔ eƒe ahiãvi la wòtsra ɖe xɔa ƒe mɔnu, eye eƒe asiwo le kpuia dzi.
28
Ŋutsua gblɔ nɛ be: “Tsi tre ne míadzo.” Ke meɖo eŋu nɛ o. Tete wòkɔe ɖo eƒe tedzi dzi, eye wòdze mɔ yi enɔƒe.
29
Esi wòva ɖo la, ege ɖe eƒe xɔ me eye wòtsɔ hɛ. Elé eƒe ahiãvi la, eye wòflii ƒunuɖeƒe ƒunuɖeƒe. Eɖoe teƒe wui eve, eye wòɖo kɔ ɖeka ɖe toawo dometɔ ɖe sia ɖe le Israel-nyigba blibo la dzi.
30
Ame siwo katã kpɔe la gblɔ be: “Nu sia tɔgbe medzɔ kpɔ o. Womekpɔe kpɔ hã o. Tso gbe si gbe Israelviwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi va se ɖe egbe la, nu sia medzɔ kpɔ o. Mibu eŋu kpɔ. Mide adaŋu ne miagblɔ nya aɖe.”
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 20 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21