bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Judges 17
Judges 17
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 18 →
1
Ŋutsu aɖe nɔ Efrayim-tonyigba dzi kpɔ si ŋkɔe nye Mixa.
2
Egblɔ na nɔa be: “Ɣe ma ɣi esi ame aɖe fi wò klosaloga akpe ɖeka alafa ɖeka la, èƒo fi de amea. Nye hã mesee. Kpɔ ɖa, nyee tsɔ ga la; ele asinye.” Nɔa gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ neyra wò, vinye!”
3
Esi wògbugbɔ ga la na nɔa la, nɔa gblɔ be: “Mele klosaloga si le asinye la ŋu kɔ̀m na Aƒetɔ be matsɔ na vinye. Atsɔe awɔ aklama kpakpɛ kple legbae. Gagbugbɔ xɔe.”
4
Azɔ la egbugbɔ ga la na nɔa. Ke nɔa ɖe klosaloga alafa eve le eŋu tsɔ yi na klosalonutula, ame si tsɔe tu aklama kpakpɛ kple legbae. Wotsɔ wo yi ɖada ɖe Mixa ƒeme.
5
Mawuxɔ nɔ Mixa si. Etɔ kɔmewu, eye wòli aƒeli heɖo via ŋutsu ɖeka wònye nunɔla nɛ.
6
Ɣe ma ɣi la, fia aɖeke menɔ Israel-dukɔ me o; ame sia ame wɔa nu si dze eŋu.
7
Ɣe ma ɣi me tututu la, ɖekakpui aɖe si tso Yuda ƒe ƒome la me, eye wònye Levitɔ la nɔ Betlehem-du me le Yuda. Amedzroe wònye le afi ma.
8
Eʋu tso Betlehem le Yuda nɔ afi si wòanɔ la dim. Ezɔ mɔ ʋuu va ɖo Efrayim-tonyigba la dzi, eye wòge ɖe Mixa ƒeme.
9
Mixa biae be: “Afi ka nètso va?” Eɖo eŋu be: “Levitɔ menye tso Betlehem le Yuda. Ðeko mele tsatsam le afi aɖe dim manɔ.”
10
Mixa gblɔ be: “Tsi gbɔnye ne nànye tɔ́ kple nunɔla nam. Maxe klosaloga ewo na wò ƒe sia ƒe. Madi avɔ na wò, eye mana nuɖuɖu wò.”
11
Levitɔ la lɔ̃ be yeanɔ egbɔ, eye ɖekakpui la va nɔ nɛ abe viawo dometɔ ɖeka ene.
12
Mixa tsɔ ɖekakpui la ɖo nunɔlae eye wònɔ Mixa ƒeme.
13
Tete Mixa gblɔ be: “Menya azɔ be Aƒetɔ le nana ge be agbenɔnɔ nadze edzi nam, elabe mekpɔ Levitɔ wònye nunɔla nam.”
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 18 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21