bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
John 1
John 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 2 →
1
Le gɔmedzedzea me la, Nya la li. Eye Nya la li kple Mawu, eye Nya la nye Mawu.
2
Eya kple Mawu li le gɔmedzedzea me.
3
Wowɔ nuwo katã to Eyama dzi. Eye Eya manɔmee la, womewɔ naneke o.
4
Nya la me agbe dzɔ tso, eye agbe siae he kekeli vɛ na amegbetɔ.
5
Kekeli la klẽna ɖe viviti me, ke viviti la mete ŋu tsii kpɔ o.
6
Mawu dɔ eƒe dɔla aɖe ɖa. Eŋkɔe nye Yohanes.
7
Ame sia va be yeaɖi ɖase le kekelia ŋuti be amewo katã nato ye dzi axɔ ase.
8
Menye Yohanes ye nye kekeli la o. Ɖeko eya va be yeaɖi ɖase le kekeli la ŋuti.
9
Kekeli vavãtɔ, si klẽna na ame sia ame la gbɔna xexea me.
10
Kekeli sia le xexea me, eye eya dzie woto wɔ xexea me. Ke xexea me medze sii o.
11
Eva eya ŋutɔ wo de, ke wo detɔwo mexɔe o.
12
Ke ame siwo katã xɔe, eye woxɔ edzi se la, ena ŋusẽ wo be woazu Mawu viwo.
13
Ame siawo ƒe dzidzi mele abe dzɔdzɔme tɔ ene o. Wometo ŋutilã ƒe dzodzro alo ŋutsu ƒe didi me dzi wo o. Ke boŋ Mawu ŋutɔe lɔ̃ be yeaxɔ wo awɔ ye viwoe.
14
Nya la va zu amegbetɔ henɔ mía dome, eye amenuvenu kple nyateƒe yɔe taŋ. Míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe. Ŋutikɔkɔe si wòxɔ abe Tɔ́ la Vi ɖeka hɔ̃ la ene la.
15
Yohanes ɖi ɖase le eŋuti, do ɣli be: “Ame sia ŋutie megblɔ le be, ‘Ame si le megbenye gbɔna la do ŋgɔ nam elabe eli hafi meva dzɔ.’ ”
16
Tso eƒe blibonyenye me la mí katã, míxɔ amenuvenu ɖe amenuvenu dzi.
17
Elabe Mose dzie se la to va, ke amenuveve kple nyateƒe la la, Yesu Kristo dzie woto va.
18
Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o. Via ɖeka hɔ̃ si tso Tɔ́ la ƒe akɔnu va lae gblɔ ame si Mawu nye la fia mí.
19
Yudatɔwo dɔ nunɔlagãwo kple Levitɔwo ɖa tso Yerusalem ɖe Yohanes gbɔ be woabiae be ame ka wònye mahã.
20
Yohanes meɣla nya aɖeke ɖe wo o, ke boŋ eʋu eme hekɔ nya me gblɔ be: “Menye nyee nye Kristo la o.”
21
Wobiae be: “Ekema ame kae nènye? Wòe nye Eliyaa?” Eɖo eŋu be: “Menye nyee o.” Woyi edzi bia Yohanes be: “Wòe nye gbeƒãɖela laa?” Eɖo eŋu be: “Ao.”
22
Tete wobiae be: “Ekema ame ka koŋ nènye? Na ŋuɖoɖo mí ne míaɖagblɔ na ame siwo dɔ mí ɖa la. Ame ka wò ŋutɔ nèbe yenye?”
23
Yohanes gblɔ na wo be: “Nyee nye ame si le ɣli dom le gbedadaƒo la ƒe gbe. ‘Midzɔ Aƒetɔ la ƒe mɔ la’ abe ale si gbeƒãɖela Yesaya gblɔe ɖi ene.”
24
Azɔ la, ame siwo wodɔ ɖa tso Farisitɔwo gbɔ la
25
bia Yohanes be: “Ne menye wòe nye Kristo la alo Eliya alo Mawu ƒe gbeƒãɖela la o la, ale ke wɔ nèle mawutsi lem na amewo?”
26
Yohanes ɖo eŋu na wo be: “Mele mawutsi lem na amewo kple tsi, gake ame aɖe tsi tsitre le mia dome, ame si miedze sii o.
27
Ele megbenye gbɔna, eye nyemedze atu eƒe afɔkpaka gɔ̃ hã o.”
28
Nya siawo katã va eme le Betania le Yordan godo, afi si Yohanes nɔ tsi lem na amewo le la.
29
Esi ŋu ke eye Yohanes kpɔ Yesu wògbɔna ɖe egbɔ la, egblɔ be: “Mikpɔ, Mawu ƒe Alẽvi si tsɔ xexea me ƒe nuvɔ̃ yina lae nye esi!
30
Eyae nye ame si ŋuti megblɔ le be: ‘Ame aɖe le megbenye gbɔna, ede ŋgɔ wum’ elabe eli hafi meva dzɔ.
31
Nye ŋutɔ hã nyemedze si ame sia o, gake meva hele mawutsi lem na amewo kple tsi bene woaɖe eyama afia Israel-dukɔ la.”
32
Yohanes gblɔ le eŋuti be: “Mekpɔ gbɔgbɔ la wòle abe ahɔnɛ ene ɖiɖi tso dziƒo va nɔ edzi.
33
Nye la nyemedze sii o; ke ame si dɔm ɖa be male mawutsi na amewo kple tsi la gblɔ nam be: ‘Ame si dzi nàkpɔ Gbɔgbɔ la wòaɖi ɖo, ahanɔ edzi la, eyae nye ame si ale tsi na amewo kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.’
34
Azɔ nye la, mekpɔe, eya ta mele egblɔm na mi be ame siae nye Mawu Vi la.”
35
Esi ŋu ke la, Yohanes kple eƒe nusrɔ̃la eve tsi tsitre ɖi
36
eye wòkpɔ Yesu wòva yina. Egblɔ be: “Mikpɔ ɖa, Mawu ƒe Alẽvi lae nye esi!”
37
Nusrɔ̃la eveawo se nu si Yohanes gblɔ; ale wodze Yesu yome.
38
Yesu trɔ, eye esi wòkpɔ wo le eyome la, ebia wo be: “Nu ka dim miele?” Woɖo eŋu nɛ be: “Nufiala, afi kae nènɔna?”
39
Yesu gblɔ na wo be: “Miva kpɔe ɖa.” (Ɣe ma ɣi anye ɣetrɔ ga ene me lɔƒo.) Ale woyi kplii ɖakpɔ enɔƒe, eye wonɔ egbɔ gbe ma gbe.
40
Nusrɔ̃la eve, siwo se Yohanes ƒe nya la eye wodze Yesu yome la dometɔ ɖekae nye Andrea, Simon Petro nɔvi.
41
Eya kpɔ nɔvia Simon gbã, eye wògblɔ nɛ be: “Míekpɔ Mesia la.” (Esia gɔmee nye Kristo.)
42
Ale wòkplɔ Simon va Yesu gbɔ. Yesu kpɔe dũu, eye wògblɔ nɛ be: “Wòe nye Simon, Yohanes vi laa? Tso esia dzi la, woayɔ wò be Kefas,” si gɔmee nye kpe.
43
Esi ŋu ke la, Yesu ɖo be yeayi Galilea. Ekpɔ Filipo eye wògblɔ nɛ be: “Dze yonyeme.”
44
Filipo tso Betsaida si nye Andrea kple Petro ƒe du me.
45
Filipo kpɔ Nataniel, eye wògblɔ nɛ be: “Míeke ɖe ame si ŋuti Mose kple Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ŋlɔ nya ɖi le la ŋu. Eyae nye Yesu, Yosef vi tso Nazaret.”
46
Nataniel bia be: “Ɖe nu vavã aɖe ate ŋu ado tso Nazaret hã?” Filipo gblɔ nɛ be: “Va kpɔe ɖa!”
47
Esi Yesu kpɔ Nataniel wògbɔna ɖe egbɔ la, egblɔ le eŋuti be: “Kpɔ ɖa, Israel vi akuakua ŋutɔe nye ame sia. Alakpa aɖeke mele eme o.”
48
Nataniel bia Yesu be: “Afi ka nènyam le?” Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Hafi Filipo nayɔ wò le gbotia te la, mekpɔ wò xoxo.”
49
Nataniel gblɔ be: “Nufiala, wòe nye Mawu Vi la. Israel-fia lae nènye!”
50
Yesu gblɔ nɛ be: “Esi megblɔ be mekpɔ wò le gbotia te la, èxɔe sea? Èle nu gãwo wu esiawo kpɔ ge.”
51
Yesu gayi edzi gblɔ nɛ be: “Nyateƒe tom mele na wò be àkpɔ dziƒo nu wòaʋu, eye àkpɔ mawudɔlawo anɔ dzi liam anɔ ɖiɖim ɖe Amegbetɔ Vi la dzi.”
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21