bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
John 3
John 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 4 →
1
Yudatɔwo ƒe amegã aɖe nye Farisitɔ. Eŋkɔe nye Nikodemo.
2
Ame sia va Yesu gbɔ gbe ɖeka zã, eye wògblɔ nɛ be: “Nufiala, míenya be nufiala nènye tso Mawu gbɔ va, elabe ame aɖeke mate ŋu awɔ dzesi siwo nèwɔna, ne menye Mawue li kplii o.”
3
Yesu gblɔ nɛ be: “Nyateƒe tom mele na wò be, ne womedzi ame tso dziƒo o la, mate ŋu akpɔ Mawu ƒe fiaɖuɖu la o.”
4
Nikodemo bia be: “Ne ame aɖe nye ame tsitsi ɖe, ale ke woate ŋu agadzii? Ɖe wòate ŋu ayi ɖe nɔa ƒe dɔme zi evelia, be woagbugbɔe adzia?”
5
Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Nyateƒe tom mele na wò be, ne womedzi ame tso tsi kple Gbɔgbɔ la me o la, mate ŋu age ɖe Mawu ƒe fiaɖuɖu la me o.
6
Amegbetɔ dzidzia la, amegbetɔ ko wònye, eye nu si tso Gbɔgbɔ la me la, gbɔgbɔmenu wònye.
7
Megawɔ mo yaa na wò be megblɔ be, ‘Ele be woadzi wò tso dziƒo’ o.
8
Ya ƒona yia afi si dze eŋu, eye nèsea eƒe ɖiɖi ko, ke mènya afi si wòtso kple afi si yim wòle la o. Nenema kee nye ame sia ame si wodzi tso Gbɔgbɔ la me la hã.”
9
Nikodemo bia be: “Ale ke esia ate ŋu ava emee?”
10
Yesu ɖo eŋu be: “Nufiala nènye le Israel, ale ke wɔ mèse nu siawo gɔme o?
11
Mele egblɔm na wò le nyateƒe me be, nu si míenya la ŋutie míeƒoa nu le, eye míeɖia ɖase le nu si míekpɔ la ŋuti, gake miexɔa míaƒe ɖaseɖiɖi la o.
12
Ne meƒo nu le anyigbadzinuwo ŋuti na wò, eye mèxɔ wo dzi se o la, ekema ne meƒo nu le dziƒonuwo ŋuti na wò la, ale ke lawɔ nàte ŋu axɔ wo dzi ase?
13
Ame aɖeke melia yi dziƒo kpɔ o, negbe ame si ɖi tso dziƒo va la ko. Eyae nye Amegbetɔ Vi la.
14
Abe ale si Mose kɔ da la ɖe dzi le gbea dzi ene la, nenemae wòle be woakɔ Amegbetɔ Vi la hã ɖe dzii,
15
bene ame sia ame si xɔ edzi se la nakpɔ agbe mavɔ.”
16
“Elabe Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ Via ɖeka hɔ̃ la na, be ame sia ame si xɔ edzi se la, nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.
17
Elabe Mawu medɔ Via ɖo ɖe xexea me be wòava bu fɔe o, ke boŋ be wòato eyama dzi aɖe xexea me.
18
Ame si xɔ Vi la dzi se la, womabu fɔe o. Ke ame si mexɔ edzi se o la, wobu fɔe xoxo elabe mexɔ Mawu Vi ɖeka hɔ̃ la dzi se o.
19
Ale si wodrɔ̃ ʋɔnu lae nye be, kekeli la va xexea me, ke amewo lɔ̃ viviti la wu kekeli la elabe woƒe nuwɔnawo vɔ̃ɖi.
20
Elabe ame sia ame si wɔa nuvɔ̃ la tsri kekeli la, eye mevaa kekeli la gbɔ o, elabe ne eva egbɔ la, woaɖe eƒe nuwɔnawo ɖe go.
21
Ke ame si wɔa nuteƒe la, dona ɖe kekeli la nu bene eme nakɔ na amewo be yewɔa nu ɖe Mawu ƒe didi nu.”
22
Esia megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo yi ɖe Yudea-nutome. Enɔ afi ma, eye wòle tsi na amewo.
23
Yohanes hã nɔ tsi lem na amewo le Aenon si te ɖe Salem ŋu la me, elabe tsi bɔ ɖe afi ma. Amewo vana, eye wolea tsi na wo le afi ma.
24
Ɣe ma ɣi la, womelé Yohanes de gaxɔ me haɖe o.
25
Nyaʋiʋli aɖe si ku ɖe Yudatɔwo ƒe ŋutikɔklɔ ŋuti la, ɖo Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Yudatɔ aɖe dome.
26
Wova Yohanes gbɔ eye wogblɔ nɛ be: “Nufiala, wò ŋku le ame si nɔ Yordan godo kpli wò, eye nèɖi ɖase le eŋuti la dzia? Eyae nye ema le tsi lem na amewo, eye amewo katã ɖo ta egbɔ.”
27
Yohanes gblɔ na wo be: “Ame mate ŋu axɔ naneke, ne menye Mawue nae o.
28
Miawo ŋutɔe nye nye ɖasefo be megblɔ be: ‘Menye nyee nye Kristo la o, ke boŋ nye la, ɖeko wodɔm be mado ŋgɔ nɛ.’
29
Ame si si ŋugbetɔ le la, eyae nye ŋugbetɔsrɔ̃, eye exɔlɔ̃ si tsi tsitre ɖi hele to ɖomee la kpɔa dzidzɔ ŋutɔ ne ese eƒe gbe. Nenema ke nye hã nye dzidzɔkpɔkpɔ de bliboe.
30
Eya layi dzi godoo, ke nye la, mayi to.”
31
Ame si ɖi tso dziƒo va lae ƒo nuwo katã ta. Ame si tso anyigba dzi la nye anyigba dzi tɔ, eye anyigbadzinuwo ŋutie wòƒoa nu le. Ame si ɖi tso dziƒo va la ƒo wo katã ta.
32
Eyae ɖia ɖase le nu si wòkpɔ kple nu si wòse la ŋu, gake ame aɖeke mexɔa eƒe ɖaseɖiɖi la o.
33
Ke ame si xɔ ɖase si wòɖi la, ɖo kpe edzi be Mawu nye nyateƒetɔ.
34
Ame si Mawu dɔ la, gblɔa Mawu ƒe nyawo elabe Mawu tsɔ Gbɔgbɔ la yɔe taŋ.
35
Tɔ́ la lɔ̃ Via, eya ta wòtsɔ nuwo katã de esi ɖo.
36
Ame si xɔ Vi la dzi se la, agbe mavɔ le esi, ke ame si meɖoa to Vi la o la, makpɔ agbe o, ke Mawu ƒe dɔmedzoe le eyama dzi.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21