bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
John 12
John 12
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 13 →
1
Esi wòsusɔ ŋkeke ade ne Paska la naɖo la, Yesu va Betania. Afi siae Lazaro, ame si Yesu fɔ tso ku me la nɔ.
2
Wowɔ fiẽnuɖuɖu nɛ le afi ma. Martae subɔ le kplɔ̃a ŋu, eye Lazaro hã nɔ kplɔ̃ŋunɔlawo dome.
3
Maria tsɔ ami ʋeʋẽe aɖe si xɔ asi ŋutɔ la, lita afã, si ɖe Yesu ƒe afɔwo ŋuti eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu afɔawo ŋutii. Amia ƒe ʋeʋẽ lílilĩ xɔ aƒe blibo la katã me.
4
Ke Yuda Iskariot si nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, (ame si lava fia eyomemɔ la) gblɔ be:
5
“Nu ka ta womedzra ami sia klosaloga alafa etɔ̃, hetsɔ ga la na ame dahewo o?”
6
Menye esi Yuda tsɔ ɖe le ame dahewo ƒe nya me tae wògblɔ esia ɖo o, ke boŋ fiafitɔ wònye. Eya gbɔe gakotokua le eye wòfiaa nu si wodea eme.
7
Ke Yesu gblɔ be: “Miɖe asi le eŋu. Mina wòadzrae ɖo na nye ɖigbe.
8
Ame dahewo ya le mia gbɔ ɖaa, ke nye la, nyemanɔ mia gbɔ ɖaa o.”
9
Yudatɔ geɖe se be Yesu le afi ma, ale wotii vɛ. Menye Yesu ɖeɖe ko tae wova ɖo o, ke boŋ be yewoakpɔ Lazaro, ame si wòfɔ tso ku me la hã.
10
Ale nunɔlagãwo de adaŋu be yewoawu Lazaro hã,
11
elabe eya tae Yudatɔ geɖe le megbe dem tso wo gbɔ, eye wole Yesu dzi xɔm le sesem ɖo.
12
Esi ŋu ke la, ameha gã siwo va ŋkekenyuia ɖuƒe la se be Yesu gbɔna ɖe Yerusalem.
13
Ale wotsɔ deʋayawo eye wodo go yi be yewoakpee. Wonɔ ɣli dom be: “Hosana! Mawu yra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me! Mawu yra Israel Fia la!”
14
Yesu kpɔ tedzivi aɖe eye wòde edzi abe ale si woŋlɔe ɖi ene be:
15
“Zion-du, mègavɔ̃ o! Wò fiae nye esi gbɔna, le tedzivi dom.”
16
Eƒe nusrɔ̃lawo mese nu siawo gɔme gbã o, ke esi wokɔ̀ Yesu ŋuti emegbe la, woɖo ŋku edzi be nu si woŋlɔ ɖi tso eŋu lae nye ema wowɔnɛ.
17
Ameha si nɔ Yesu ŋu, esime wòyɔ Lazaro do goe tso yɔdoa me hefɔe tso ku me la, ɖi ɖase le nu si dzɔ la ŋuti.
18
Nu si ta ameha la yi ɖakpe Yesu lae nye be wose be ewɔ dzesi sia.
19
Farisitɔwo gblɔ na wo nɔewo be: “Mikpɔ ɖa, naneke mele edzi dzem na mí o. Kpɔ ɖa! Xexea me katã kplɔe ɖo!”
20
Helatɔ aɖewo hã nɔ ame siwo yi be yewoasubɔ Mawu le ŋkekenyuia ɖuƒe la dome.
21
Ale wova Filipo, si tso Betsaida le Galilea la gbɔ eye wogblɔ nɛ be: “Amegã, míedi be míakpɔ Yesu.”
22
Filipo yi ɖagblɔe na Andrea eye wo ame evea woyi ɖagblɔe na Yesu.
23
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Ɣeyiɣia de azɔ be woado Amegbetɔ Vi la ɖe dzi.
24
Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, ne bliku mege ɖe anyigba me eye wòku o la, bliku ɖeka ko wònye li. Ke ne eku la, etsea ku geɖe.
25
Ame si lɔ̃ eƒe agbe la, abui. Ke ame si lé fu eƒe agbe le xexe sia me la, adzrae ɖo hena agbe mavɔ.
26
Ne ame aɖe subɔam la, ele be wòava nɔ yonyeme elabe afi si mele la, afi ma nye subɔla hã lanɔ. Ne ame aɖe subɔam la, Tɔ́nye ade bubu eŋu.
27
“Nye luʋɔ le nu xam fifia. Nya ka magblɔ? Ɖe magblɔ be, ‘Tɔ́, ɖem tso fukpeɣi sia me’ loo? Ao, ke boŋ ɣeyiɣi sia tae meva ɖo.
28
Tɔ́, nà wò ŋkɔ nade dzi!” Tete gbe ɖi tso dziƒo be: “Mena wòde dzi xoxo, eye magana wòade dzi ake.”
29
Ameha si tsi tsitre ɖi la see eye wogblɔ be dzie ɖe gbe, ke ame bubuwo be: “Mawudɔla aɖee ƒo nu kplii.”
30
Yesu gblɔ na wo be: “Mia tae gbe sia ɖi, ke menye nye tae o.
31
Eɖo edzi azɔ be woadrɔ̃ ʋɔnu xexe sia me; eɖo edzi azɔ be woanya xexe sia me dziɖula ɖa.
32
Ne wokɔm ɖe dzi tso xexea me la, mahe amewo katã ava nye ŋutɔ gbɔnyee.”
33
Yesu gblɔ esia be yeatsɔ afia ku si ƒomevi ku ge yeala.
34
Tete ameha la ɖo eŋu nɛ be: “Míenya le se la me be Kristo la anɔ anyi tegbee. Ale ke wɔ nègblɔ be ele be woakɔ Amegbetɔ Vi la ɖe dzii? Ame kae nye Amegbetɔ Vi sia?”
35
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Kekelia aganɔ mia gbɔ ʋɛ ko. Zi ale si kekelia li la mizɔ, ne menye nenema o la, zã ado ɖe mi. Ame si le viviti me zɔm la, menya afi si yim wòle o.
36
Esi kekelia le mia gbɔ la, mixɔ kekeli la dzi se bene miazu kekeli viwo.” Esi Yesu gblɔ nya sia vɔ la, edzo le wo gbɔ yi ɖabè.
37
Togbɔ be ewɔ dzesi geɖe ŋutɔ le wo ŋkume hã la, womexɔ edzi se o,
38
ale be Mawu ƒe gbeƒãɖela Yesaya ƒe nya si wògblɔ ɖi la nava eme be: “Aƒetɔ, ame kae xɔ nya si míegblɔ la dzi se, eye ame kae woɖe Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ fia?”
39
Eya ta womete ŋu xɔe se o elabe Yesaya gagblɔ hã be:
40
“Egbã woƒe ŋkuwo, eye wòna wosẽ to, be womagakpɔ nu kple ŋku, eye woƒe susu nase nu gɔme, ne woatrɔ ɖe ŋunye, eye mada gbe le wo ŋu o.”
41
Yesaya gblɔ nya sia elabe ekpɔ Yesu ƒe ŋutikɔkɔe ɖa, eye wòƒo nu le eŋu.
42
Togbɔ be wòle alea hã la, amegã geɖewo gɔ̃ hã xɔ Yesu dzi se. Ke wonɔ vɔvɔ̃m be Farisitɔwo ava nya yewo le ƒuƒoƒe la me, eya ta womegblɔe fia o.
43
Elabe wolɔ̃na be amewo nakafu yewo wu be Mawu nakafu yewo.
44
Yesu do ɣli gblɔ be: “Ame sia ame si xɔ dzinye se la, menye nye dzie wòxɔ se o, ke boŋ ame si dɔm ɖa la dzie wòxɔ se.
45
Ame sia ame si kpɔm la, ekpɔ ame si dɔm ɖa la hã.
46
Ɖe meva xexea me abe kekeli ene, ale be ame sia ame si xɔ dzinye se la, naganɔ viviti me o.
47
Ne ame aɖe se nye nyawo eye mewɔ ɖe wo dzi o la, nye la, nyemebu fɔe o, elabe nyemeva fɔ bu ge xexea me o, ke boŋ meva be maxɔe ɖe agbe.
48
Ame si gbem eye mexɔ nye nyawo o la, ame si abu fɔe la li. Nya siwo megblɔ lae abu fɔe le ŋkeke mlɔetɔ dzi.
49
Elabe menye nye ŋutɔ nye ŋusẽe metsɔ ƒo nui o, ke Tɔ́ si dɔm ɖa la ŋutɔe na ŋusẽm be maƒo nu, agblɔ nu si megblɔ.
50
Menya be eƒe se la naa agbe mavɔ. Eya ta nya siwo megblɔna la, megblɔa wo abe ale si Tɔ́ la gblɔ nam tututu la ene.”
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 13 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21