bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
John 21
John 21
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
1
Esiawo megbe la, Yesu gaɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo le Tiberia-ƒua nu. Ale si wòɖe eɖokui fia la nye esi:
2
Simon Petro kple Toma si woyɔna be Evenɔvi kple Nataniel tso Kana le Galilea kple Zebedeo viwo kpakple Yesu ƒe nusrɔ̃la bubu eve woƒo ƒu ɖi.
3
Simon Petro gblɔ na wo be: “Meyi tɔƒo mava.” Wogblɔ nɛ be: “Míawo hã míayi kpli wò.” Ale woyi ɖage ɖe tɔdziʋua me heyi. Ke womeɖe lã aɖeke zã blibo la o.
4
Fɔŋli la, Yesu va tsi tsitre ɖe ƒua nu, ke nusrɔ̃laawo menya be Yesue o.
5
Tete Yesu gblɔ na wo be: “Ɖeviwo, míeɖe lã aɖea?” Woɖo eŋu be: “Ao!”
6
Egblɔ na wo be: “Mida ɖɔa ɖe ʋua ƒe ɖusime, eye miakpɔ aɖe.” Ale woda ɖɔa. Woɖe lã ale gbegbe be wode ɖɔa he ge do kpoe.
7
Nusrɔ̃la si gbɔ Yesu melɔ̃a nu le o la gblɔ na Petro be: “Aƒetɔ lae!” Esi Petro se be Aƒetɔ lae la, etsɔ eƒe dziwui sa ɖe ali elabe amama wòle ɖi, eye wòdzo dze tsia me doo.
8
Ke nusrɔ̃la kemɛawo ya le ʋua me gbɔna, le ɖɔ si yɔ fũu kple lã la hem. Womedidi tso go gbɔ kura o; woanɔ abe abɔ bla atɔ̃ ko ene tso go gbɔ.
9
Esi woɖi go ɖe ƒua ta la, wokpɔ akadzo le afi ma si me lã aɖe le eye abolo aɖe hã le afi ma.
10
Tete Yesu gblɔ na wo be: “Mitsɔ lã si mieɖe fifia la ƒe ɖe vɛ.”
11
Ale Simon Petro yi ɖage ɖe ʋua me eye wòhe ɖɔa va gotae. Lã lolowo yɔ ɖɔa; wode alafa ɖeka bla atɔ̃ vɔ etɔ̃ sɔŋ. Togbɔ be lãawo sɔ gbɔ alea hã la, ɖɔa medze o.
12
Yesu gblɔ na wo be: “Miva ɖu nu.” Ke nusrɔ̃laawo dometɔ aɖeke medo dzi biae be: “Ame ka nènye?” hã o, elabe wonya be Aƒetɔ lae.
13
Yesu va eye wòtsɔ aboloa na wo. Nenema ke wòtsɔ lã la hã na wo.
14
Zigbɔzi etɔ̃liae nye esi Yesu ɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo le esime wòfɔ tso ku me megbe.
15
Esi woɖu nu vɔ la, Yesu bia Simon Petro be: “Simon, Yona vi, èlɔ̃m wu ale si ame siawo lɔ̃m mahã?” Eɖo eŋu be: “Ẽ, Aƒetɔ, ènya be melɔ̃ wò.” Yesu gblɔ nɛ be: “Nyi nye alẽviawo!”
16
Yesu gabiae zi evelia be: “Simon, Yona vi, èlɔ̃ma?” Eɖo eŋu be: “Ẽ, Aƒetɔ, ènya be melɔ̃ wò.” Yesu gblɔ nɛ be: “Kpɔ nye alẽawo dzi!”
17
Yesu gabiae zi etɔ̃lia be: “Simon, Yona vi, èlɔ̃ma?” Biabia sia ve Petro, elabe zigbɔzi etɔ̃ sɔŋ nye esi Yesu biae be: “Èlɔ̃ma?” Ale Petro ɖo eŋu nɛ be: “Aƒetɔ, wò ŋutɔ ènya nu sia nu ɖe. Ènya be melɔ̃ wò ɖe.” Yesu gblɔ nɛ be: “Nyi nye alẽawo!
18
Nyateƒe tom mele na wò be, esi nènye ɖekakpui la, ète ŋu saa avɔ ɖe ali na ɖokuiwò hezɔna yia afi sia afi si nèdi la. Ke ne èva tsi ku amegã la, ɖe nèle wò abɔwo me keke ge ale be ame bubu nasa avɔ ɖe ali na wò, eye wòakɔ wò ayi afi si mèdi o la.”
19
Egblɔ esia be yeatsɔ aɖe ku si ƒomevi Petro le kuku ge, atsɔ aɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe afia lae. Esia megbe la, Yesu gblɔ nɛ be: “Dze yonyeme.”
20
Petro trɔ eye wòkpɔ nusrɔ̃la si gbɔ Yesu melɔ̃a nu le o la wòkplɔ wo ɖo gbɔna. Nusrɔ̃la siae nɔ anyi ɖe Yesu gbɔ kpuie le fiẽnuɖuɣi ma eye wòbia Yesu be: “Aƒetɔ, ame ka gɔ̃e le yowòme mɔ fia ge?”
21
Esi Petro kpɔe la, ebia Yesu be: “Aƒetɔ, nu kae ladzɔ ɖe ame sia dzi?”
22
Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ne medi be neganɔ anyi va se ɖe esime magbɔ ɖe, etsɔ gbɔwòa? Wò la, dze yonyeme!”
23
Nya sia kaka ɖe Yesu yomedzelawo dome be nusrɔ̃la sia maku o. Evɔ la, Yesu megblɔ nɛ be maku o, ke boŋ ɖe wògblɔ nɛ be: “Ne medi be neganɔ anyi va se ɖe esime magbɔ ɖe, etsɔ gbɔwòa?”
24
Nusrɔ̃la siae le ɖase ɖim le nu siawo ŋuti eye eyae nye ame si ŋlɔ wo da ɖi hã. Ale míenya be nu siwo ŋuti wòɖi ɖase le la nye nyateƒe.
25
Yesu gawɔ nu bubu geɖewo hã. Nenye ɖe woŋlɔ wo katã da ɖi ɖekaɖeka la, mebu be womate ŋu akpɔ agbalẽawo daɖoƒe le xexe blibo la katã gɔ̃ hã me o.
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21