bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
John 18
John 18
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 19 →
1
Esi Yesu do gbe sia ɖa vɔ la, eya kple eƒe nusrɔ̃lawo zɔ to Kidron-bali la me yi afi si abɔ aɖe le, eye woge ɖe eme.
2
Azɔ Yuda, ame si fia eyomemɔ hã nya teƒea elabe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ƒoa ƒu ɖe afi ma enuenu.
3
Ale Yuda xɔ asrafoha aɖe kpe ɖe nunɔlagãwo kple Farisitɔwo ƒe dɔlawo ŋu, eye wòkplɔ wo yi ɖe abɔ la me. Wotsɔ akaɖi, akakati kple lãnu vovovowo ɖe asi.
4
Esi Yesu nya nu siwo katã gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe edzi ta la, ezɔ va ŋgɔ bia wo be: “Ame ka dim miele?”
5
Woɖo eŋu be: “Yesu Nazaretetɔ lae.” Egblɔ na wo be: “Nyee.” Yuda, ame si fia eyomemɔ la le tsitre ɖe wo gbɔ.
6
Esi Yesu gblɔ na wo be: “Nyee” la, wogbugbɔ ɖe megbe eye wodze anyi.
7
Egabia wo be: “Ame ka dim miele?” Woɖo eŋu be: “Yesu Nazaretetɔ lae.”
8
Yesu gblɔ na wo be: “Megblɔ na mi xoxo be nyee. Eya ta nenye diyem miele la, miɖe mɔ na ame siawo nadzo.”
9
Egblɔ esia be woawu nya si wògblɔ va yi la nu be: “Ame siwo nètsɔ nam la dometɔ aɖeke mebu o.”
10
Tete Simon Petro he yi si le esi la ɖe go, eye wòda nunɔlagã la ƒe dɔla hekpa ɖusime to nɛ. Dɔla sia ŋkɔe nye Malxo.
11
Yesu gblɔ na Petro be: “Tsɔ wò yia de aku me! Ɖe mele nam be mano nu si le fukpekpekplu si Tɔ́ la tsɔ nam la me oa?”
12
Ale asrafoha la kple woƒe aʋakplɔlagã kpakple Yudatɔwo ƒe dɔlawo lé Yesu heblae.
13
Wokplɔe yi ɖe Hana gbɔe gbã. Hana nye Kayafa si nye nunɔlagã le ƒe ma me la, to.
14
Kayafae nye ame si ɖo aɖaŋu na Yudatɔwo, be enyo wu sãa be ame ɖeka naku ɖe dukɔa nu.
15
Simon Petro kple nusrɔ̃la bubu aɖe dze Yesu yome. Nusrɔ̃la bubu sia nye nunɔlagã la ƒe ame nyanyɛ, eya ta eya kplɔ Yesu ɖo ge ɖe nunɔlagã la ƒe aƒea me,
16
esime Petro ya le tsitre le xexe ɖe agboa nu. Nusrɔ̃la bubu sia si nye nunɔlagã la ƒe ame nyanyɛ la do go yi ɖaƒo nu na nyɔnuvi si le agboa nu dzɔm la, eye wòkplɔ Petro ge ɖe eme.
17
Nyɔnuvi agbonudzɔla sia bia Petro be: “Wò hã ɖe, menye ame sia ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nènye oa?” Eɖo eŋu be: “Gbeɖe, nyemenye eƒe nusrɔ̃la o.”
18
Azɔ esi vuvɔ nɔ wɔwɔm ta la, dɔlaawo kple dzɔlaawo do akadzo, tsi tsitre ƒo xlãe nɔ ƒuƒum. Petro hã le tsitre ɖe wo gbɔ nɔ dzoa ƒum.
19
Nunɔlagã la bia gbe Yesu le eƒe nusrɔ̃lawo kple eƒe nufiafia ŋuti.
20
Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Nye la, meƒoa nu le dutoƒo faa na amewo katã. Mefiaa nu le ƒuƒoƒewo kple le mawuƒe la me, afi siwo Yudatɔwo katã kpea ta ɖo, eye nyemegblɔa nya aɖeke le bebeme o.
21
Nu ka tae nègale gbe biamem? Bia ame siwo se nye nyawo. Woawo la, wonya nya siwo megblɔ.”
22
Esi wògblɔ nya sia la, dzɔlawo dometɔ ɖeka si le tsitre ɖe egbɔ la ƒo tome nɛ gblɔ be: “Mɔ kae nèkpɔ aɖo nya ŋu na nunɔlagã la nenema?”
23
Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ne megblɔ nya masɔmasɔ aɖe la, gblɔe ne ame sia ame nase. Ke ne nu si megblɔ la nye nyateƒe ɖe, nu ka ta nèƒom?”
24
Azɔ Yesu le babla nenema, eye Hana ɖoe ɖe Kayafa, nunɔlagã la gbɔ.
25
Azɔ la, Simon Petro gale tsitre le dzoa ƒum ko. Wobiae be: “Wò hã ɖe, menye eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nènye oa?” Ke esẽ nu gblɔ be: “Gbeɖe, nyemenye eƒe nusrɔ̃la o.”
26
Nunɔlagã la ƒe dɔlawo dometɔ ɖeka, si nye ame si ƒe to Petro kpa nɔvi la biae be: “Ɖe nyemekpɔ wò le egbɔ le abɔa me oa?”
27
Petro gasẽ nu ake. Enumake koklo ku atɔ.
28
Ŋdi kanya la, wokplɔ Yesu tso Kayafa ƒeme yi ɖe mɔ́mefia la ƒe fiasã me. Yudatɔwo ƒe amegãwo ŋutɔ mege ɖe fiasã la me o, elabe wodi be yewo ŋuti nanɔ kɔkɔe hena ŋutitoto la ɖuɖu.
29
Eya ta Pilato do go yi wo gbɔ eye wòbia wo be: “Nya kae mietsɔ ɖe ame sia ŋu?”
30
Woɖo eŋu nɛ be: “Ame sia ɖe menye nuvɔ̃ɖi wɔla o la, anye ne míekplɔe vɛ na wò o.”
31
Pilato gblɔ na wo be: “Ke mikplɔe yii, ne miawo ŋutɔ miadrɔ̃ ʋɔnui ɖe miaƒe se nu.” Yudatɔwo ƒe amegãwo ɖo eŋu na Pilato be: “Womeɖe mɔ na mí be míawu ame o.”
32
Nu sia dzɔ be nya si Yesu gblɔ ɖi le ku si ƒomevi ku ge wòala ŋu la nava eme.
33
Pilato trɔ yi ɖe fiasã la me eye wòyɔ Yesu biae be: “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia laa?”
34
Yesu ɖo eŋu be: “Wò ŋutɔ koe bia nya siam loo, alo ame aɖewoe gblɔ nye nya na wò?”
35
Pilato ɖo eŋu be: “Yudatɔwo menyea? Wò ŋutɔ mia detɔwo kple nunɔlagãwoe kplɔ wò vɛ nam. Nu kae nèwɔ?”
36
Yesu ɖo eŋu be: “Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o. Ne nye fiaɖuƒe ɖe wòtso xexe sia me la, anye ne nye dɔlawo ʋli tanye eye nyemege ɖe Yudatɔwo si me o. Ke nye fiaɖuƒe la metso xexe sia me o.”
37
Pilato biae be: “Ekema fiae nènyea?” Yesu ɖo eŋu be: “Wòe gblɔe be fiae menye. Nye la, esia tae medzɔ ɖo, eye eya tae meva xexea me ɖo be magblɔ nyateƒe la afia. Ame sia ame si ɖoa tom la tso nyateƒea me.”
38
Pilato bia be: “Nu kae nye nyateƒe?” Esi Pilato gblɔ nya sia vɔ la, egado go yi Yudatɔwo gbɔ le xexe eye wògblɔ na wo be: “Nyemekpɔ be ame sia wɔ nuvɔ̃ɖi aɖeke o.
39
Le miaƒe dekɔnu nu la, ele be maɖe asi le gaxɔmenɔla ɖeka ŋu na mi le Paskaa me. Miedi be maɖe asi le Yudatɔwo ƒe fia la ŋu na mia?”
40
Wodo ɣli be: “Gbeɖe, menye ame sia o! Ɖe asi le Baraba ŋu na mí!” Ke Baraba la, adzodala wònye.
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 19 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21