bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
John 19
John 19
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 20 →
1
Tete Pilato na wokplɔ Yesu dzoe eye wòna woƒoe.
2
Asrafoawo tsɔ ŋu lɔ̃ kuku heɖɔ nɛ. Esi wodo awu ʋlaya dzĩ aɖe nɛ vɔ la,
3
wote ɖe eŋu gblɔ nɛ be: “ Miedo gbe na wò, Yudatɔwo ƒe fia!” Azɔ la, woƒo tome nɛ.
4
Pilato gado go yi xexe ake eye wògblɔ na wo be: “Mikpɔ ɖa, makplɔe vɛ na mi bene miadze sii be nyemekpɔ be ewɔ nuvɔ̃ɖi aɖeke o.”
5
Ale Yesu do go va, ŋudzakuku la le eta eye awu ʋlaya dzĩ la le eŋu. Pilato gblɔ na wo be: “Mikpɔ ɖa, ame lae nye esi!”
6
Esi nunɔlagãwo kple dzɔlawo kpɔe la, wodo ɣli be: “Klãe ɖe ati ŋuti! Klãe ɖe ati ŋuti!” Pilato gblɔ na wo be: “Miawo ŋutɔ mikplɔe yii miaɖaklã ɖe ati ŋuti. Nye la, nyemekpɔ be ewɔ nuvɔ̃ɖi aɖeke o.”
7
Yudatɔwo ɖo eŋu nɛ be: “Se le mía si, eye le se la nu la, edze be wòaku elabe etsɔ eɖokui wɔ Mawu Vie.”
8
Esi Pilato se nya siawo la, egavɔ̃ wu tsã.
9
Egatrɔ yi ɖe fiasã la me eye wòbia Yesu be: “Du ka mee nètso?” Ke Yesu zi kpi.
10
Pilato biae be: “Màɖo nya la ŋu nam oa? Alo mènya be ŋusẽ le asinye be maɖe asi le ŋuwò alo mana woaklã wò ɖe ati ŋu oa?”
11
Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ne ɖe womena ŋusẽ wò tso dziƒo o la, anye ne màkpɔ ŋusẽ ɖe dzinye o. Eya ta ame si tsɔm de asi na wò la ƒe nuvɔ̃ vɔ̃ɖi wu tɔwò.”
12
Esi Pilato se esia la, edi be yeaɖe asi le eŋu hafi, ke Yudatɔwo do ɣli bobobo gblɔ be: “Ne èɖe asi le ame sia ŋu la, ke menye Roma Fiagã la xɔlɔ̃ nènye o! Ame sia ame si tsɔ eɖokui wɔ fiae la, tsi tre ɖe Roma Fiagã la ŋu!”
13
Esi Pilato se nya siawo la, ekplɔ Yesu do goe, eye eya ŋutɔ bɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui dzi le teƒe si woyɔna be Kpenyigba la. Woyɔa teƒe sia le Hebri-gbe me be Gabata.
14
Gbe ma gbee nye Dzadzraɖoŋkeke na Ŋutitoto la. Anɔ ŋdɔ ga wui eve lɔƒo. Pilato gblɔ na Yudatɔwo be: “Miaƒe fia lae nye esi!”
15
Wodo ɣli be: “Kplɔe dzoe! Kplɔe dzoe! Klãe ɖe ati ŋu!” Pilato bia wo be: “Maklã miaƒe fia la ɖe ati ŋua?” Nunɔlagãwo ɖo eŋu be: “Fia aɖeke mele mía si wú Roma Fiagã o.”
16
Tete Pilato ɖe asi le Yesu ŋu na wo be woaklã ɖe ati ŋu. Ale wokplɔe yii.
17
Eya ŋutɔ tsɔ eƒe atitsoga va ɖo teƒe si woyɔna be Ametakoliƒe. Woyɔnɛ le Hebri-gbe me be Golgata.
18
Woklãe ɖe ati ŋu le afi sia. Woklã ame bubu eve hã ɖe ati ŋu kpe ɖe eŋu. Wole eƒe axa eveawo dzi, eye Yesu le wo titina.
19
Pilato ŋlɔ nutsonya ɖe atitsoga la ƒe tagbɔ. Nu si wòŋlɔ lae nye: “YESU NAZARETETƆ, YUDATƆWO ƑE FIA LA.”
20
Yudatɔ geɖewo xlẽ nutsonya sia elabe afi si woklã Yesu ɖo la te ɖe dua ŋu. Gawu la, woŋlɔ nua ɖe Hebri-gbe, Roma-gbe kple Hela-gbe me.
21
Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo gblɔ na Pilato be: “Mègaŋlɔ nua be, ‘Yudatɔwo ƒe Fia la’ o, ke boŋ ŋlɔe be, ‘Ame sia gblɔ be, Nyee nye Yudatɔwo ƒe Fia la.’ ”
22
Pilato ɖo eŋu be: “Nu si meŋlɔ la, meŋlɔe vɔ.”
23
Esi asrafoawo klã Yesu ɖe ati ŋu vɔ la, woɖe eƒe awuwo hema ɖe akpa ene me eye asrafoawo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ɖeka. Woɖe eƒe awutewui ʋlaya la hã. Wometɔ awu sia o, ɖeko wolɔ̃e ɖekae tso tagbɔ va se ɖe egɔme.
24
Asrafoawo gblɔ na wo nɔewo be: “Migana míavuvu eya o; midzidze nu ɖe edzi ne míakpɔe ɖa be ame kae axɔe hã.” Nya sia dzɔ be mawunya sia nava eme be: “Woma nye awuwo ɖe wo nɔewo dome; nye awutewui ʋlaya la, wodzidze nu ɖe edzi.”
25
Aleae asrafoawo wɔ enye esi. Azɔ Yesu dada, dadaa nɔvinyɔnu Maria, ame si nye Klopa srɔ̃ kple Maria Magdalatɔ le tsitre ɖe atitsoga la gbɔ.
26
Esi Yesu kpɔ dadaa kple nusrɔ̃la si gbɔ melɔ̃a nu le o, le tsitre ɖe egbɔ kpuie la, egblɔ na dadaa be: “Danye, kpɔ ɖa, viwòe nye esi!”
27
Azɔ egblɔ na nusrɔ̃la la hã be: “Kpɔ ɖa, dawòe nye esi!” Tso gbe ma gbe dzi la, nusrɔ̃la la kplɔ Yesu nɔ yi eya ŋutɔ ƒemee.
28
Azɔ Yesu nya azɔ be nu sia nu wu nu vɔ. Ke be mawunya si gbɔna la nava eme la egblɔ be: “Tsikɔ le wuyem.”
29
Tsikunu aɖe le afi ma si me wokɔ wain veve ɖo wòyɔ. Ale wotsɔ tsilɔnu si wode wain vevea me la tɔ ɖe hisɔp nu ɖo nu na Yesu.
30
Esi wòno wain vevea la, egblɔ be: “Wowu enu azɔ!” Tete wòde ta to hemia nu.
31
Dzadzraɖoŋkekee nye gbe ma gbe, eye Dzudzɔgbe si kplɔe ɖo la nye ŋkeke kɔkɔe na Yudatɔwo, eya ta womedi be ame kukuawo natsi atitsogaawo ŋu Dzudzɔgbe naɖo o. Esia ta wobia Pilato be wòaɖe mɔ ne woaŋe woƒe afɔwo, eye woaɖe wo tso atitsogaawo ŋu.
32
Ale asrafoawo va eye woŋe afɔ na ame gbãtɔ kple ame kemɛ, siwo woklã kpe ɖe Yesu ŋu la.
33
Ke esi woɖo Yesu gbɔ la, wokpɔ be eku xoxo eya ta womegaxaŋe eƒe afɔwo o.
34
Ke asrafoawo dometɔ ɖeka tsɔ akplɔ tɔ Yesu ƒe axadame. Tete ʋu kple tsi do enumake.
35
Ame si kpɔ nu sia teƒe lae ɖi ɖase le eŋu be wò hã nàxɔe ase. Nu si wògblɔ la nye nyateƒe eye wònya kɔtɛe hã be nyateƒee yeto.
36
Esiawo dzɔ ale be mawunya sia nava eme be: “Womele eƒe ƒu aɖeke ŋe ge o.”
37
Mawunya bubu hã gblɔ be: “Woafɔ ŋku ɖe ame si ƒe axadame wotɔ nui la dzi.”
38
Esia megbe la, Yosef, Arimatiatɔ la va bia Pilato be yeatsɔ ame kukua adzoe. Yosef sia nye Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖe le adzame le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ta. Pilato ɖe mɔ nɛ. Ale Yosef va tsɔ ame kukua dzoe.
39
Nikodemo, ame si va Yesu gbɔ le zã me gbã la hã va. Etsɔ ameɖitike si wotsɔ kotoklobo kple atike ʋeʋẽe si woyɔna be aloe la wɔe la vɛ. Atikea ƒe kpekpeme anɔ kilo bla etɔ̃.
40
Ale wobla atikea ɖe ame kuku la ŋu kple aklala abe ale si Yudatɔwo wɔa ame kuku hafi ɖina la ene.
41
Azɔ abɔ aɖe le afi si woklã Yesu ɖe ati ŋu le la. Yɔdo yeye aɖe le abɔ la me si me womeɖi ame ɖo kpɔ o.
42
Esi wònye gbe ma gbee nye Dzadzraɖoŋkeke eye gawu la, yɔdoa hã te ɖe wo ŋu ta la, woɖii ɖe afi ma.
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 20 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21