bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
John 16
John 16
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 17 →
1
“Megblɔ nya siawo katã na mi ale be amewo nagana miagbɔdzɔ o.
2
Woaɖe mi le woƒe ha me. Le nyateƒe me la, ɣeyiɣi li gbɔna si ne ame aɖe wu mi la, wòabu be Mawu ƒe dɔ wònye wɔm yele.
3
Wole nu sia wɔ ge ɖe mia ŋuti, elabe womenyam o, eye womenya Tɔ́ la hã o.
4
Ke mele nya siawo gblɔm na mi ale be ne ɣeyiɣia ɖo, eye wova ve me la, miaɖo ŋku edzi be megblɔ wo na mi. “Nyemegblɔ nya siawo na mi le gɔmedzedzea me o elabe mele mia gbɔ.
5
Ke azɔ la, mele tɔtrɔm ayi ame si dɔm ɖa la gbɔ, ke mia dometɔ aɖeke mebiam be afi ka yim mele hã o.
6
Gake esi megblɔ nya siawo na mi la, mielé blanui.
7
Togbɔ be wòle alea hã la, nyateƒe tom mele na mi be: Enyo na mi be madzo, elabe ne nyemedzo o la, Nyaxɔɖeakɔla la mava mia gbɔ o. Ke ne meyi la, maɖoe ɖa.
8
Nenye be wòva la, ana xexea me tɔwo nadze si nu si nye nuvɔ̃, dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃.
9
Woadze si nu si nye nuvɔ̃ elabe womexɔ dzinye se o;
10
woadze si nu si nye dzɔdzɔenyenye elabe mele Tɔ́ la gbɔ yim eye miagakpɔm akpɔ o;
11
woadze si nu si nye ʋɔnudɔdrɔ̃ elabe wobu fɔ xexe sia me dziɖula xoxo.
12
“Nya geɖe gale asinye magblɔ na mi, gake awu tsɔtsɔ na mi fifia.
13
Ne Gbɔgbɔ si fiana be Mawu nye nyateƒetɔ la va la, ana mianya nyateƒe la katã tso Mawu gbɔ. Elabe magblɔ nya aɖeke le eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me o, ke nu si wòse la ko wòagblɔ, eye wòaƒo nu le nu siwo ava dzɔ la ŋuti.
14
Eyama aɖe nye ŋutikɔkɔe afia elabe aɖe gbeƒã nu si wòxɔ tso gbɔnye la na mi.
15
Nu siwo katã nye Tɔ́ la tɔ la, tɔnyee. Eya ta megblɔ be asee tso gbɔnye ahagblɔ na mi.
16
“Esusɔ vie miagakpɔm o, ke madidi o miagakpɔm ake.”
17
Tete eƒe nusrɔ̃la aɖewo bia wo nɔewo be: “Nya kae nye esia wògblɔ na mí be, ‘Esusɔ vie miagakpɔm o, ke madidi o miagakpɔm!?’ Egagblɔ hã be, ‘Elabe mele Tɔ́ la gbɔ yim.’
18
Wogblɔ be, ‘Esusɔ vie’ si wògblɔ la gɔme ɖe? Míese nu si gblɔm wòle la gɔme o.”
19
Yesu nya be nya aɖe le wo si wodi be yewoabia. Ale egblɔ na wo be: “Mebe, ‘Esusɔ vie miagakpɔm o, ke madidi o miagakpɔm.’ Nya sia me dzrom miele kple mia nɔewoa?
20
Nyateƒe tom mele na mi be miafa avi, afa konyi, ke xexea me lakpɔ dzidzɔ. Miawo la, miaxa nu, ke miaƒe nuxaxa latrɔ azu dzidzɔ.
21
Ne fú le nyɔnu ɖum la, exaa nu elabe eƒe ɣeyiɣia de. Ke ne edzi vi vɔ la, ekpɔa dzidzɔ be yedzi ame ɖe xexea me, eye wòŋlɔa veve helihelĩ si wòse la be.
22
Ale miele nu xam fifia, ke megale mia kpɔ ge eye dzi adzɔ mi ale gbegbe be ame aɖeke mate ŋu atsi miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nu o.
23
Ɣe ma ɣi la, miegale naneke bia gem o. Nyateƒe tom mele na mi be, ne miebia nane Tɔ́ la la, ana mi le tanye.
24
Va se ɖe fifi la, miebia naneke to dzinye kpɔ o. Mibia ko, woana mi ale be miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nade blibo.
25
“Megblɔ nya siawo na mi to lododo me. Ke ɣeyiɣi gbɔna, si me nyemagaƒo nu na mi le lododo me o, ke boŋ maɖe nya me na mi faa tso Tɔ́ la ŋu.
26
Ɣe ma ɣi la, miabia nu le nye ŋkɔ me eye magahiã be mabia Tɔ́ la ɖe mia nu o,
27
elabe Tɔ́ la ŋutɔ lɔ̃ mi. Elɔ̃ mi elabe miawo hã mielɔ̃m eye miexɔe se be eya gbɔe metso va.
28
Tɔ́ la gbɔ metso va xexea me, eye mele tɔtrɔm tso xexea me ayi Tɔ́ la gbɔ.”
29
Eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ be: “Ehɛ̃, fifi ko nèle nu ƒom na mí faa nye esi, eye meganye le lododo me o.
30
Míenya azɔ be ènya nu sia nu eye megahiã be ame aɖeke nabia nya aɖeke wò o. To esia me míexɔe se be Mawu gbɔe nètso.”
31
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Miexɔe se azɔa?
32
Ɣeyiɣi li gbɔna; si me woaka mi ahlẽ ale be ame sia ame nayi eya ŋutɔ ƒeme eye nye ɖeka matsi anyi. Ɣeyiɣi sia ɖo gɔ̃ hã xoxo. Ke menye nye ɖeɖee li o elabe Tɔ́ la le gbɔnye.
33
Megblɔ esia na mi ale be ŋutifafa nasu mia si esi miewɔ ɖeka kplim ta. Xaxa tu mi le xexea me. Ke milé dzi ɖe ƒo. Nye la, meɖu xexea me dzi!”
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 17 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21