bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
John 7
John 7
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 8 →
1
Esia megbe la, Yesu yi ɖatsa le Galilea-nutome. Medi be yeatsa le Yudea-nutome o, elabe Yudatɔwo nɔ edim be yewoawu.
2
Yudatɔwo ƒe Agbadɔ Me Nɔnɔ Ŋkeke Nyui la tu aƒe le ɣe ma ɣi me.
3
Eya ta Yesu nɔviŋutsuwo gblɔ nɛ be: “Dzo le afi sia nàyi ɖe Yudea-nutome bene wò nusrɔ̃la siwo le afi ma hã nakpɔ dɔ siwo wɔm nèle.
4
Ame si dina be amewo nanya yeƒe dɔwɔwɔ la, mebèna o. Esi nèle dɔ siawo wɔm la, ɖe ɖokuiwò fia xexea me.”
5
Elabe nɔvia ŋutsuwo kekeake hã mexɔ edzi se o.
6
Yesu gblɔ na wo be: “Nye ɣeyiɣi meɖo haɖe o, ke ɣeyiɣi ɖe sia ɖe sɔ na miawo ya.
7
Xexea me mate ŋu alé fu mi o, ke elé fu nye ya, elabe mele ɖase ɖim tso eŋuti be eƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi.
8
Miawo la, miheyi ŋkekenyuia ɖuƒe. Nye la, nyemayi ŋkekenyui sia ɖuƒe o, elabe nye ɣeyiɣi mede haɖe o.”
9
Esi wògblɔ esia na wo la, eya ŋutɔ gatsi Galilea.
10
Ke esi nɔviawo dzo yi ŋkekenyuia ɖuƒe la, Yesu hã yi, menye be amewo nakpɔ ye o, ke eyi le adzame.
11
Yudatɔwo nɔ edim le ŋkekea ɖuƒe henɔ biabiam be: “Afi ka ŋutsu ma le?”
12
Amehawo do dalĩ gblɔ nya geɖe le Yesu ŋuti. Esime ame aɖewo gblɔ be: “Enye ame nyui” la, bubuwo ya gblɔ be: “Kpao, ele amewo kplɔm trae.”
13
Ke ame aɖeke meɖee gblɔ sesĩe o, elabe wole Yudatɔwo vɔ̃m.
14
Ŋkeke Nyui la ƒe titina lɔƒo la, Yesu yi ɖe mawuƒe la me eye wòfia nu amewo.
15
Eƒe nufiafia wɔ nuku na wo eye wogblɔ be: “Ale ke wɔ ame sia nya agbalẽ alea, evɔ la, mede nusrɔ̃ƒe kpɔ o?”
16
Yesu gblɔ na wo be: “Nu si fiam mele la menye nye ŋutɔ tɔnyee o; ame si dɔm ɖa la tɔe wònye.
17
Ame si di be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la, anya nenye be nye nufiafia la tso Mawu gbɔ loo, alo nye ŋutɔ nye ŋusẽe metsɔ le nu ƒomee.
18
Ame si ƒoa nu le eɖokui ŋuti la le kafukafu dim na eɖokui, ke ame si dia ame si dɔe ɖa la ƒe kafukafu la, enye nyateƒetɔ eye alakpa mele eme o.
19
Ɖe menye Mose ye na se la mi oa? Ke mia dometɔ aɖeke melé se la me ɖe asi o. Nu ka ta miedi be yewoawum?”
20
Amehawo gblɔ nɛ be: “Gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò! Ame kae di be yeawu wò?”
21
Yesu gblɔ na wo be: “Dɔ ɖeka ko mewɔ eye mi katã miaƒe nu ku.
22
Mose wɔ se na mi be miatso aʋa, (togbɔ be mia tɔgbuiwoe dze aʋatsotsoa gɔme, eye menye Mose ye o hã) eye mietsoa aʋa na amewo le Dzudzɔgbe.
23
Ne edze be woatso aʋa na ame aɖe le Dzudzɔgbe bene magada Mose ƒe se la dzi o la, nu ka ta miedo dziku ɖe ŋunye elabe meda gbe le ame aɖe ƒe ameti blibo la ŋu eƒe lã me sẽ keŋkeŋ le Dzudzɔgbe?
24
Ne miele ʋɔnu drɔ̃m la, migakpɔ ame ƒe dzedzeme, ko atso afia o, ke boŋ midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.”
25
Yerusalemtɔ aɖewo bia be: “Menye ame sia dim wole be yewoawu oa?
26
Eyae nye esi le nu ƒom faa le dutoƒo eye ame aɖeke mebia nya aɖekee o! Ɖe eme kɔ na dumegãwo azɔ keŋ be ame siae nye Kristo laa?
27
Míawo la, míenya afi si ame sia tso, gake ne Kristo la ya do la, ame aɖeke manya afi si wòtso o.”
28
Azɔ esime Yesu le nu fiam le mawuƒe la me la, ekɔ gbe dzi bia be: “Ɖe miebe yewonyam eye yewoanya afi si metso la hã? Nyemeva le ɖokuinye si o; ame si dɔm ɖa la nye nyateƒetɔ. Miawo mienyae o,
29
ke nye ya menyae elabe eya gbɔe metso va eye eyae dɔm ɖa.”
30
Tete wodi be yewoalée, ke ame aɖeke meka asi eŋu o, elabe eƒe ɣeyiɣi la mede haɖe o.
31
Ke ame geɖewo xɔ edzi se. Wogblɔ be: “Ne Kristo la va do la, ɖe wòawɔ dzesiwo wu esiwo ame sia wɔa?”
32
Farisitɔwo se nu siwo ƒe dalĩ dom ameha la le le Yesu ŋuti, eya ta nunɔlagãwo kple Farisitɔwo dɔ kpovitɔwo ɖa be woayi aɖalée.
33
Yesu gblɔ na wo be: “Maganɔ mia dome ʋɛ eye emegbe la, madzo ayi ame si dɔm ɖa la gbɔ.
34
Miadim, ke miakpɔm o, elabe afi si mele la, miate ŋu ava afi ma o.”
35
Tete Yudatɔwo bia wo nɔewo be: “Afi ka ame sia ɖo be yeayi eye míadii do kpo? Ɖe wòɖoe be yeayi Yudatɔ siwo kaka ɖe Helatɔwo dome la gbɔ aɖafia nu Helatɔwoa?
36
Egblɔ be, ‘Miadim, ke miakpɔm o.’ Egagblɔ hã be, ‘Afi si mele la, miate ŋu ava o.’ Egɔme ɖe?”
37
Le ŋkekenyuia ƒe ŋkeke mlɔetɔ si nye ŋkeke vevitɔ dzi la, Yesu tsi tsitre, eye wòɖe gbeƒã be: “Ne tsikɔ le ame aɖe wum la, neva gbɔnye wòano tsi.
38
Woŋlɔ ɖe mawunya me be: ‘Ame si xɔ dzinye se la, tɔsisi siwo naa tsi si me agbe le la ladzi tso eƒe dzime.’ ”
39
Azɔ la, egblɔ esia le Gbɔgbɔ si ame siwo xɔ edzi se la laxɔ la ŋuti, elabe esi womekpɔ kɔ̀ Yesu ŋutɔ hã ŋuti haɖe o ta, womena Gbɔgbɔ la haɖe o.
40
Esi ameawo se Yesu ƒe nya siawo la, wo dometɔ aɖewo gblɔ be: “Nyateƒee, Mawu ƒe gbeƒãɖela lae nye ame sia.”
41
Bubuawo be: “Kristo lae nye esi.” Ke ame aɖewo ya bia be: “Galilea ye Kristo la latsoa?
42
Mawunya megblɔe ɖi be Kristo la anye Fia David ƒe dzidzimevi, eye wòatso Betlehem, si nye kɔƒe si me David nɔ la me oa?”
43
Ale ameawo dome ma le Yesu ta.
44
Wo dometɔ aɖewo di be yewoalée. Ke ame aɖeke meka asi eŋu o.
45
Esi kpovitɔwo trɔ va nunɔlagãwo kple Farisitɔwo gbɔ la, wobia wo be: “Ale ke wɔ mielée vɛ o?”
46
Kpovitɔawo ɖo eŋu be: “Ame aɖeke meƒo nu kpɔ abe ale si ame sia ƒo nui ene o.”
47
Farisitɔwo bia wo be: “Ãa, ɖe wòflu miawo hã?
48
Amegã alo Farisitɔ kae xɔ edzi se mienya?
49
Ke ameha sia, si menya naneke le Mose ƒe se la ŋu o la, woƒo fi de wo!”
50
Nikodemo, ame si de Yesu gbɔ va yi la nɔ wo dome. Ebia wo be:
51
“Ɖe míaƒe se la drɔ̃a ʋɔnu ame nenye be womese eƒe numegbe, eye wonya nu si wòwɔ la oa?”
52
Wogblɔ nɛ be: “Galilea ye wò hã nètsoa? Dzro mawunyagbalẽawo me kpɔ, ekema àkpɔe adze sii be Mawu ƒe gbeƒãɖela aɖeke mele dodo ge tso Galilea o.”
53
Tete ame sia ame dzo yi eƒeme.
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21