bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
John 17
John 17
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 18 →
1
Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, ewu mo dzi kpɔ dziƒo gblɔ be: “Tɔ́, ɣeyiɣia de. Do Viwò la ɖe dzi ale be Viwò la hã nado wò ɖe dzi.
2
Elabe èna ŋusẽe ɖe amegbetɔƒomea katã dzi be wòana agbe mavɔ ame siwo katã nètsɔ nɛ la.
3
Agbe mavɔ lae nye be woanya wò, Mawu Nyateƒetɔ ɖeka hɔ̃ la kple Yesu Kristo si nèdɔ ɖa la.
4
Nye la, mewɔ dɔ si nède asi nam be mawɔ le xexea me la wu enu, eye to eme la, meɖe wò ŋutikɔkɔe fia.
5
Azɔ Tɔ́, tsɔ ŋutikɔkɔe si mekpɔ le gbɔwò hafi xexea me nava dzɔ la ɖe nye ŋutikɔkɔe fia le wò ŋutɔ ŋkuwò me.
6
“Meɖe wò fia ame siwo nètia ɖa tso xexea me, eye nètsɔ wo nam la kɔtɛe. Tɔwòwoe wonye ya, ke ètsɔ wo nam. Wolé wò nya la me ɖe asi pɛpɛpɛ.
7
Wonya azɔ be nu sia nu si nètsɔ de asi nam la tso gbɔwò.
8
Metsɔ nya si nède asi nam be matsɔ ayii na wo la hã na wo, eye woxɔe. Wonya be gbɔwòe metso nyateƒe, eye woxɔe se be wòe dɔm ɖa.
9
Nye la, mele kuku ɖem ɖe wo ta. Nyemele kuku ɖem ɖe xexea me ta o, ke boŋ ɖe ame siwo nètsɔ nam la ta elabe tɔwòwoe wonye.
10
Nye nuwo katã nye tɔwò, nenema ke tɔwòwo katã hã nye tɔnye, eye woɖe nye ŋutikɔkɔe fia to wo dzii.
11
Azɔ la, megbɔna gbɔwò. Nyemegale xexea me o, ke woawo ya woli. Tɔ́ kɔkɔe, wò ŋutɔ tsɔ wò ŋusẽ si nènam la kpɔ wo ta be woazu ɖeka, abe ale si nye kple wò míele ɖekae ene.
12
Esi menɔ wo gbɔ la, mekpɔ wo ta le wò ŋkɔ si netsɔ nam la me. Medzɔ wo ŋu ale gbegbe be wo dometɔ aɖeke mebu o, negbe ame si wòle be wòatsrɔ̃ godoo la ko, bene mawunya nava eme.
13
Ke azɔ la, megbɔna gbɔwò. Megblɔ nya siawo le xexea me bene woawo hã nakpɔ dzidzɔ, abe ale si nye hã mele ekpɔmee la ene.
14
Nye la, megblɔ wò nya la na wo, ke esi wometso xexea me o abe ale si nye hã nyemetso xexea me o ene ta la, xexea me lé fu wo.
15
Nyemele biabiam be nàɖe wo ɖa le xexea me o, ke boŋ be nàkpɔ wo ta dedie tso vɔ̃ɖitɔ la si me.
16
Esi nyemetso xexea me o ta la, woawo hã wometso xexea me o.
17
Wɔ wo kɔkɔe le nyateƒe la me; wò nya la nye nyateƒe.
18
Medɔ wo ɖo ɖe xexea me, abe ale si wò hã nèdɔm ɖo ɖe xexea mee ene.
19
Le woawo ta la, mewɔ ɖokuinye kɔkɔe bene woawɔ woawo hã kɔkɔe le nyateƒe la me.
20
“Nyemele esia biam na woawo ɖeɖe ko o, ke boŋ mele ebiam na ame siwo axɔ dzinye se to nya si woagblɔ na wo la hã me.
21
Meɖe kuku, wɔ wo woazu ɖeka. Tɔ́, nà be woawo hã nanɔ mía me, abe ale si nèle menye eye nye hã mele mewò la ene, ale be xexea me naxɔe se be wòe dɔm ɖa.
22
Nye la, metsɔ ŋutikɔkɔe si nètsɔ nam la na wo, be woawo hã woazu ɖeka, abe ale si mía kple wò míele ɖekae ene.
23
Nye la, mele wo me eye wò hã nèle menye, be woazu ɖeka ade blibo keŋ ale be xexea me nanyae be wòe dɔm ɖa eye nèlɔ̃ wo, abe ale si nèlɔ̃m ene.
24
“Tɔ́, medi be ame siwo nètsɔ nam la hã nanɔ afi si mele la kplim bene woakpɔ ŋutikɔkɔe si nètsɔ nam, elabe èlɔ̃m hafi woɖo xexea me gɔme anyi.
25
Tɔ́ Dzɔdzɔetɔ, xexea me menya wò o, ke nye ya menya wò eye ame siawo hã nya be wòe dɔm ɖa.
26
Mena wodze si wò kɔtɛe eye mana woagadze si wò ɖe edzi wu, ale be lɔlɔ̃ si nètsɔ nam la, nanɔ wo me eye nye hã manɔ wo me.”
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 18 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21