bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
John 20
John 20
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 21 →
1
Azɔ le Kwasiɖagbe ŋdi kanya esi xexea me mekɔ haɖe o la, Maria Magdalatɔ va yɔdoa gbɔ. Ekpɔ be woɖe kpea ɖa le yɔdoa nu.
2
Ale wòƒu du yi ɖe Simon Petro kple nusrɔ̃la kemɛ si gbɔ Yesu melɔ̃a nu le o la gbɔ, eye wògblɔ na wo be: “Wova kɔ Aƒetɔ la dzoe le yɔdoa me, eye míenya afi si wodae ɖo o.”
3
Petro kple nusrɔ̃la kemɛa dò go, eye woɖo ta yɔdoa gbɔ.
4
Wo ame evea ƒu du, ke nusrɔ̃la kemɛa dze le Petro ŋu va ɖo yɔdoa gbɔ gbã.
5
Mege ɖe yɔdoa me o, ke boŋ ɖeko wòbɔbɔ do kɔ ɖa kpɔ eme, eye wòkpɔ aklala la ɖeɖe ko le afi ma.
6
Simon Petro le eyome va ɖo, ke eya ge ɖe yɔdoa me. Ekpɔ aklala la le afi ma.
7
Taku si wotsɔ bla ta na Yesu hã li gake mele aklala la gbɔ o, ke boŋ woƒoe da ɖe afi bubu.
8
Nusrɔ̃la kemɛ si ɖo yɔdoa gbɔ gbã la hã ge ɖe eme. Ekpɔ aklala la kple takua eye wòxɔe se.
9
Elabe ɣe ma ɣi ke gɔ̃ hã la, womese mawunya si gblɔ be ele be Yesu nafɔ tso ku me la gɔme o.
10
Azɔ la, nusrɔ̃laawo trɔ yi woƒe aƒewo me.
11
Ke Maria tsi tsitre ɖe yɔdoa to nɔ avi fam. Esi wòle avi fam la, ebɔbɔ be yeakpɔ yɔdoa me ɖa.
12
Ekpɔ mawudɔla eve, siwo le awu ɣiwo me. Wobɔbɔ nɔ anyi ɖe afi si wotsɔ Yesu ƒe kukua mlɔe; ɖeka le eƒe tagbe eye evelia le eƒe afɔnu.
13
Wobiae be: “Aƒenɔ, nu ka ta nèle avi fam?” Eɖo eŋu be: “Wotsɔ nye Aƒetɔ la dzoe eye nyemenya afi si wokɔe yi ɖada ɖo o!”
14
Esi wògblɔ nya sia la, etrɔ kpɔ megbe eye wòkpɔ Yesu wòle tsitre ɖi, ke menya be Yesue o.
15
Yesu biae be: “Aƒenɔ, nu ka ta nèle avi fam? Ame ka dim nèle?” Eya bu be abɔa dzikpɔla lae eya ta egblɔ na Yesu be: “Amegã, nenye wòe kɔe dzoe la, ekema gblɔ afi si nèkɔe da ɖo la nam, ale be mayi aɖakɔe adzoe.”
16
Yesu yɔe be: “Maria!” Etrɔ ɖe Yesu ŋu heyɔe le Hebri-gbe me be “Rabuni!” Esia gɔmee nye Nufiala.
17
Yesu gblɔ nɛ be: “Mègaka asi ŋunye o, elabe nyemekpɔ yi dziƒo le Tɔ́ la gbɔ haɖe o. Ke yi ɖe nɔvinyeawo gbɔ nàgblɔ na wo be meyina dziƒo ɖe Tɔ́nye kple mia Tɔ́, nye Mawu kple miaƒe Mawu la gbɔ.”
18
Ale Maria Magdalatɔ yi ɖagblɔ na nusrɔ̃laawo be: “Mekpɔ Aƒetɔ la,” eye wògblɔ nu siwo katã Yesu gblɔ nɛ la na wo.
19
Le Kwasiɖagbe ma ƒe fiẽ la, nusrɔ̃laawo ƒo ƒu ɖe xɔ me. Wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo eya ta wodo ʋɔawo. Tete Yesu va tsi tsitre ɖe wo dome, eye wògblɔ na wo be: “Ŋutifafa na mi!”
20
Esi wògblɔ esia la, etsɔ eƒe asi kple axadame fia wo. Nusrɔ̃laawo kpɔ Aƒetɔ la eye dzi dzɔ wo.
21
Yesu gagblɔ na wo be: “Ŋutifafa na mi! Mele mia dɔm ɖa abe ale si Tɔ́ la dɔm ɖa ene.”
22
Esi wògblɔ esia vɔ la, egbɔ ɖe wo dzi, eye wògblɔ na wo be: “Mixɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.
23
Ne mietsɔ amewo ƒe nuvɔ̃wo ke wo la, wotsɔ wo ke wo, ke ame siwo tɔwo mietsɔ ke wo o la, wometsɔ wo ke wo o.”
24
Azɔ la, esime Yesu va la, Toma, ame wui eveawo dometɔ ɖeka si wogayɔna hã be Evenɔvi la, menɔ wo tɔwo dome o.
25
Ale nusrɔ̃la bubuawo gblɔ nɛ be: “Míekpɔ Aƒetɔ la!” Ke Toma gblɔ na wo be: “Ne nyemekpɔ gatagbadzɛbiawo teƒe le eƒe asiwo me, eye metsɔ nye asibidɛ ƒo ɖe gatagbadzɛbiawo teƒe eye metsɔ nye asi ƒo ɖe eƒe axadame o la, nyemaxɔe ase akpɔ o.”
26
Ŋkeke enyi megbe la, nusrɔ̃lawo gaƒo ƒu ɖe aƒea me eye Toma hã le wo dome. Ʋɔawo nɔ tutu, ke Yesu va tsitre ɖe wo titina eye wògblɔ be: “Ŋutifafa na mi.”
27
Tete wògblɔ na Toma be: “Tsɔ asibidɛ de afii, eye nàkpɔ nye asiwo ɖa. Do asi ɖa eye nàƒoe ɖe nye axadame. Dzudzɔ ɖikeke, ne nàxɔ se.”
28
Toma ɖo eŋu nɛ be: “Nye Aƒetɔ kple nye Mawu!”
29
Yesu gblɔ nɛ be: “Esi nèkpɔm tae nèxɔe sea? Woyra ame siwo mekpɔm o, ke wòxɔe se.”
30
Yesu gawɔ dzesi bubu geɖe le eƒe nusrɔ̃laawo ŋkume siwo womeŋlɔ ɖe agbalẽ sia me o.
31
Ke woŋlɔ esiawo ɖi be miate ŋu axɔe ase be Yesue nye Kristo, Mawu Vi la, eye ne miexɔe se la, miato eyama dzi akpɔ agbe.
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 21 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21