bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
John 13
John 13
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 14 →
1
Hafi Paska la naɖo la, Yesu nya be yeƒe ɣeyiɣi de be yeadzo le xexe sia me ayi Tɔ́ la gbɔ. Elɔ̃ ame siwo nye etɔ le xexea me. Elɔ̃ wo yi ɖase keke nuwuwu ke.
2
Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ anyi le fiẽnuɖuƒe. Vɔ̃ɖitɔ la dee susu me na Yuda, si nye Simon Iskariot vi la xoxoxo be wòade Yesu asi.
3
Ke Yesu nya be Tɔ́ la tsɔ nu sia nu de asi na ye. Enya be Mawu gbɔe yetso va eye Mawu gbɔ yim yegale.
4
Azɔ etsi tsitre le nua ɖuƒe, ɖe eƒe awu da ɖi eye wòtsɔ tsiletse sa ɖe ali.
5
Etrɔ tsi ɖe agba me, eye wòde asi eƒe nusrɔ̃lawo ƒe afɔkɔklɔ me. Etsɔ tsiletse si wòsa ɖe ali la tutu afɔ na wo.
6
Esi wòɖo Simon Petro dzi la, Petro gblɔ na Yesu be: “Aƒetɔ, wòe aklɔ afɔ nama?”
7
Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Nu si wɔm mele la, màse egɔme haɖe o, ke emegbe la, àse egɔme.”
8
Petro gblɔ nɛ be: “Ao, màklɔ nye afɔ akpɔ gbeɖe o!” Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ne nyemeklɔ afɔ na wò o la, màkpɔ gome aɖeke le gbɔnye o.”
9
Simon Petro gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, ekema manye nye afɔ ɖeɖe o, ke boŋ klɔ nye asi kple ta hã!”
10
Yesu gblɔ nɛ be: “Ame si le tsi la, megahiã ŋutikɔklɔ o; negbe afɔ ko wòaklɔ, elabe eƒe afi sia afi ɖi xoxo. Miawo la, mia ŋuti ɖi, ke menye mi katãe o.”
11
Yesu nya ame si lafia eyomemɔ, eya tae wògblɔ be: “Menye mi katã ŋutie ɖi o.”
12
Esi Yesu klɔ afɔ na eƒe nusrɔ̃lawo vɔ la, egado awu eye wòɖabɔbɔ nɔ kplɔ̃a ŋu. Ebia wo be: “Miese nu si mewɔ na mi la gɔmea?
13
Mieyɔam be Nufiala kple Aƒetɔ. Ele eme nenema tututu elabe eyae menye.
14
Ke ne nye, miaƒe Nufiala kple Aƒetɔ, meklɔ miaƒe afɔ la, ekema edze be miawo hã miaklɔ afɔ na mia nɔewo.
15
Kpɔɖeŋu wònye mena mi, be miawo hã miawɔ abe ale si mewɔe na mi la ene.
16
Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ŋusẽ mele subɔla si wu eƒe aƒetɔ o, eye nenema ke ŋusẽ mele dɔla hã si wu ame si dɔe ɖo ɖa la o.
17
Ke esi mienya nu siawo la, Mawu yra mi ne miewɔ wo dzi.
18
“Menye mi katã ŋuti mele glɔm ɖo o; menya ame siwo metia. Ke ele be mawunya sia nava eme be: ‘Ame si le abolo ɖum kplim la, tso ɖe ŋunye.’
19
Mele nya sia gblɔm na mi hafi wòava dzɔ, ale be ne eva dzɔ la, miaxɔe ase be nyee nye ame si li tegbee.
20
Nyateƒe tututu tom mele na mi be ame sia ame si xɔ ame aɖe si medɔ la, nyee wòxɔ, eye ame sia ame si xɔm la, ame si dɔm ɖa lae wòxɔ.”
21
Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, etsi dzi vevie le eɖokui me ale wòʋu eme gblɔ be: “Nyateƒe tututu tom mele na mi be mia dometɔ ɖeka ladem asi.”
22
Nusrɔ̃laawo kpɔ wo nɔewo ŋkume eye wotsi yaa, elabe womenya wo dometɔ si tututu gblɔm Yesu le o.
23
Nusrɔ̃laawo dometɔ ɖeka si Yesu lɔ̃na la, bɔbɔ nɔ Yesu gbɔ kpuie.
24
Ale Simon Petro mia ŋku ɖee hegblɔ nɛ be: “Bia ame si gblɔm wòle lae.”
25
Esi wòte ɖe Yesu ŋu alea ta la, ebi kɔ do ɖe eƒe akɔta eye wòbiae be: “Aƒetɔ, ame kae?”
26
Yesu ɖo eŋu be: “Ame si maka abolo atɔ detsia me atsɔ na lae.” Ale esi wòka aboloa hetɔ detsia me la, etsɔe na Yuda, Simon Iskariot vi la.
27
Esi wòxɔ aboloa la, Abosam ge ɖe eyama me. Ale Yesu gblɔ nɛ be: “Nu si wɔ ge nàla la, wɔe kaba.”
28
Ame siwo le kplɔ̃a ŋu la dometɔ aɖeke menya nu si ta Yesu gblɔ nya sia nɛ ɖo o.
29
Wo dometɔ aɖewo bu be esi wònye Yuda sie woƒe gakotokua le ta la, ɖewohĩ Yesu ɖe wògblɔ nɛ be neƒle nu si yewole tsɔtsɔ ge aɖu ŋkekenyui lae loo, alo ɖe wòbe netsɔ nane na ame dahewo.
30
Azɔ esi Yuda xɔ aboloa la, edo go enumake. Zã do.
31
Esi Yuda do go la, Yesu gblɔ be: “Azɔ la, woɖe Amegbetɔ Vi la ƒe ŋutikɔkɔe fia, eye to eyama me la, woɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe fia.
32
Nenye be woɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe fia le Amegbetɔ Vi la me la, ekema Mawu aɖe Amegbetɔ Vi la ƒe ŋutikɔkɔe afia le eya ŋutɔ ɖokui me enumake.
33
Vinyewo, nyemaganɔ mia gbɔ eteƒe nadidi o. Miadim. Nya si megblɔ na Yudatɔwo va yi la, eya ke ko gblɔm mele na miawo hã fifia be: ‘Afi si meyina la, miate ŋu ava o.’
34
Mele se yeye nam mi be: Milɔ̃ mia nɔewo. Ale si melɔ̃ mii la, miawo hã milɔ̃ mia nɔewo nenema ke.
35
Ne mielɔ̃ mia nɔewo la, amewo katã ato esia me adze sii be nye nusrɔ̃lawo mienye.”
36
Simon Petro biae be: “Aƒetɔ, afi ka yim nèle?” Yesu ɖo eŋu be: “Afi si yim mele la, màte ŋu adze yonyeme ayi fifia o, ke emegbe la, àdze yonyeme.”
37
Petro biae be: “Aƒetɔ, nu ka ta nyemate ŋu adze yowòme haɖe o? Maku ɖe tawò gɔ̃ hã.”
38
Yesu ɖo eŋu be: “Àku ɖe tanyea? Nyateƒe tututu tom mele na wò be koklo maku atɔ hafi nàgbe nu le gbɔnye zigbɔzi etɔ̃ o.”
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 14 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21