bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
John 14
John 14
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 15 →
1
“Migana dzika natso mia ƒo o. Mixɔ Mawu dzi se eye mixɔ nye hã dzinye se.
2
Tɔ́nye ƒeme la, nɔƒe geɖe li. Ne ɖe mele nenema o la, anye ne nyemagblɔ be meyina nɔƒe dzra ge ɖo ɖi na mi o.
3
Azɔ ne meyi ɖadzra nɔƒe ɖo na mi vɔ la, matrɔ ava kplɔ mi ayi ɖokuinye gbɔ, ale be afi si mele la, miawo hã mianɔ afi ma.
4
Afi si meyina la, mienya mɔa.”
5
Toma biae be: “Aƒetɔ, míenya afi si yim nèle o, ale ke míanya mɔ lae?”
6
Yesu gblɔ nɛ be: “Nyee nye mɔ la, nyateƒe la kple agbe la. Ame aɖeke mevaa Tɔ́ la gbɔ o, negbe to dzinye ko.
7
Ɖe mienyam la, anye ne mienya Tɔ́nye hã. Ke tso fifia heyina la, mienya eyama eye miekpɔe hã.”
8
Filipo gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, fia Tɔ́ la mí ekema esɔ gbɔ na mí.”
9
Yesu gblɔ nɛ be: “Filipo, nye sia le mia gbɔ xoxoxoa, mènyam kpɔ o? Ame sia ame si kpɔm la, ekpɔ Tɔ́ la. Ale ke wɔ nègagblɔ be, ‘Fia Tɔ́ la mí’?
10
Ɖe mèxɔe se be mele Tɔ́ la me eye Tɔ́ la hã le menye oa? Nya siwo gblɔm mele na mi la, metso nye ŋutɔ gbɔnye o. Ke boŋ Tɔ́ la, ame si le menye lae le eƒe dɔ wɔm.
11
Mixɔ dzinye se ne mebe mele Tɔ́ la me, eye Tɔ́ la hã le menye. Ne miexɔ nya siawo se o la, ekema mixɔe se le dɔwɔwɔ siawo ta.
12
Nyateƒe tututu tom mele na mi be ame sia ame si xɔ dzinye se la, awɔ dɔ siwo wɔm mele la. Ẽ, awɔe wu tɔnye sãa, elabe Tɔ́ la gbɔ yim mele.
13
Nu sia nu si miebia le nye ŋkɔ me la mawɔe na mi, ale be woaɖe Tɔ́ la ƒe ŋutikɔkɔe afia le Via me.
14
Ne miebia nane le nye ŋkɔ me la, nye la, mawɔe.
15
“Ne mielɔ̃m la, milé nye seawo me ɖe asi.
16
Mele kuku ɖe ge na Tɔ́ la, ale be wòaɖo Nyaxɔɖeakɔla bubu, si ava nɔ mia gbɔ tegbee la, ɖe mi.
17
Eya nye Gbɔgbɔ si fiana be Mawu nye nyateƒetɔ. Xexea me mate ŋu axɔe o, elabe mate ŋu akpɔe hafi ava yi si dze gee o. Ke miawo ya, mienyae elabe ele mia gbɔ eye wòanɔ mia me.
18
“Nyemagblẽ miawo ɖeɖe ko ɖi abe tsyɔ̃evi ene o. Magbɔ va mia gbɔ.
19
Esusɔ ʋɛ ko xexea me magakpɔm o, ke miawo ya miakpɔm. Esi mele agbe ta la, miawo hã mianɔ agbe.
20
Ɣe ma ɣi la, miadze sii be mele Tɔ́nye me eye miawo miele menye eye nye hã mele mia me.
21
Ame si lé nye seawo me ɖe asi eye wòwɔa wo dzi la, eyae nye ame si lɔ̃m. Ame si lɔ̃m la, Tɔ́nye alɔ̃e. Nye hã malɔ̃e eye maɖe ɖokuinye afiae.”
22
Yuda, esi menye Iskariot o la, gblɔ be: “Aƒetɔ, ale ke wɔ wònye míawo ko nèle ɖokuiwò ɖe ge afia, ke màɖe ɖokuiwò afia xexea me ya o?”
23
Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ne ame aɖe lɔ̃m la, alé nye nya la me ɖe asi. Tɔ́nye alɔ̃e eye mía kple Tɔ́nye míava ɖo nɔƒe ɖe egbɔ.
24
Ame si melɔ̃m o la, meléa nye nyawo me ɖe asi o. Nya si megblɔ miese la menye nye ŋutɔ tɔnyee o, ke boŋ Tɔ́ la, ame si dɔm ɖa la tɔ ye.
25
“Megblɔ nya siawo na mi elabe megale mia gbɔ ko.
26
Ke Nyaxɔɖeakɔla si nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Tɔ́ la aɖo ɖa le nye ŋkɔ me la, afia nu sia nu mi eye wòaɖo ŋku nya siwo katã megblɔ na mi la dzi na mi.
27
Ŋutifafa nenɔ mia dzi. Nye ŋutifafa mele mia nam. Nyemele mia nam abe ale si xexea me nanɛ la ene o. Migana dzika natso mia ƒo o, eye vɔvɔ̃ hã megaɖo mi o.
28
Miese, megblɔ na mi va yi be: ‘Mele dzodzom, ke matrɔ agbɔ va mia gbɔ.’ Ne ɖe mielɔ̃m la, anye ne miekpɔ dzidzɔ be meyina Tɔ́ la gbɔ. Elabe eya tri akɔ wum.
29
Azɔ mele esia gblɔm na mi do ŋgɔ, ale be ne eva dzɔ la, miaxɔe ase.
30
Nyemagaƒo nu na mi ayi edzi boo o, elabe xexemedziɖula la gbɔna. Ke ŋusẽ mele esi ɖe dzinye o,
31
elabe mewɔa Tɔ́ la ƒe gbe dzi pɛpɛpɛ bene xexea me nanyae be melɔ̃ Tɔ́ la. Mitso mídzo le afi sia.
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 15 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21