bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
John 10
John 10
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 11 →
1
Yesu gblɔ be: “Nyateƒe tom mele na mi be, ame si meto agbo la nu ge ɖe alẽkpo la me o, ke boŋ wòlia kpɔ la ge ɖe eme la, fiafitɔ kple adzodala wònye.
2
Ke ame si to agboa nu ge ɖe eme la, eyae nye alẽkplɔla la.
3
Kponudzɔla la ʋua agboa nɛ. Eyɔa ŋkɔ si wòtsɔ na eƒe alẽwo eye wòkplɔa wo doa goe.
4
Ne ekplɔ eya ŋutɔ tɔwo do goe la, edzea ŋgɔ na wo, eye alẽawo dzea eyome elabe wodze si eƒe gbe.
5
Womadze ame tutɔ yome o, ke boŋ woasí le egbɔ elabe womedze si ame tutɔ ƒe gbe o.”
6
Yesu do lo sia na wo, ke womese nu si wògblɔ na wo la gɔme o.
7
Ale Yesu gagblɔ na wo be: “Nyateƒe tom mele na mi be nyee nye agbo na alẽawo.
8
Ame siwo katã va do ŋgɔ nam la fiafitɔwo kple adzodalawo wonye. Alẽawo medze si woƒe gbe o.
9
Nyee nye agbo la. Ne ame aɖe to menye ge ɖe eme la, woaxɔe ɖe agbe eye wòage ɖe eme, agado go, eye wòakpɔ gbeɖuƒe.
10
Fiafitɔ la, ɖeko wòvana be yeafi fi, awu ame ahagblẽ nu. Nye la, meva bene amewo nanɔ agbe si de blibo.
11
“Nyee nye alẽkplɔla nyui la. Alẽkplɔla nyui la tsɔa eƒe agbe nana ɖe alẽawo ta.
12
Ke alẽkplɔla si woxea fe na eye alẽawo menye eya ŋutɔ tɔ o la, ne ekpɔ amegãxi wògbɔna la, egblẽa alẽawo ɖi hesína. Amegãxi la léa alẽawo eye wòkaa wo hlẽna.
13
Ame sia sína elabe fetu te wòle, eye alẽawo ƒe dedienɔnɔ mele vevie nɛ o.
14
Nyee nye alẽkplɔla nyui la. Menya nye ŋutɔ tɔnyewo eye tɔnyewo hã nyam,
15
abe ale si Tɔ́ la nyam eye nye hã menya Tɔ́ la ene. Metsɔ nye agbe na ɖe alẽawo ta.
16
Alẽ bubuwo le asinye, siwo metso alẽkpo sia me o. Ele nam be makplɔ woawo hã, ne woase nye gbe, ale be wo katã woava nye alẽha ɖeka, alẽkplɔla ɖeka nanɔ wo nu.
17
“Tɔ́ la lɔ̃m, elabe metsɔ nye agbe na bene magaxɔe.
18
Ame aɖeke maxɔe le asinye o, elabe nye ŋutɔe tsɔe na le ɖokuinye si. Ŋusẽ le asinye be matsɔe ana, eye ŋusẽ gale asinye hã be magaxɔe. Alea ye Tɔ́nye ɖoe nam.”
19
Tete memama gaɖo Yudatɔwo dome le nya sia ta.
20
Wo dome ame geɖe gblɔ be: “Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme. Ele tsu kum. Nu ka ta woagaɖo toe?”
21
Bubuwo gblɔ be: “Ame si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la, mate ŋu agblɔ nya siawo o. Ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ ate ŋu aʋu ŋku na ŋkuagbãtɔa?”
22
Mawuxɔŋukɔkɔ ŋkekenyui ɖo edzi le Yerusalem.
23
Enye vuvɔŋɔli. Yesu nɔ tsa ɖim le mawuƒe la ƒe afi si woyɔna be Salomo ƒe akpata la me.
24
Tete Yudatɔwo ƒo ƒu ɖe eŋu biae be: “Ale ke nèna míele ɖikeke me ale? Nenye wòe nye Kristo la la, gblɔe na mí faa.”
25
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Megblɔe na mi gake míexɔe se o. Dɔ siwo wɔm mele le Tɔ́nye ƒe ŋkɔ me lae le ɖase ɖim le ŋutinye,
26
gake miexɔe se o, elabe mietso nye alẽwo dome o.
27
Nye alẽwo sea nye gbe; menya wo, wodzea yonyeme
28
eye mena agbe mavɔ wo. Womatsrɔ̃ akpɔ o, eye ame aɖeke hã maxɔ wo le asinye sesẽtɔe o.
29
Nu si Tɔ́nye tsɔ nam la kpɔ ŋusẽ wu nu sia nu. Ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le Tɔ́nye si kple sesẽ o.
30
Mía kple Tɔ́nye la, ɖekae míele.”
31
Yudatɔwo gafɔ kpe be yewoaƒui.
32
Yesu gblɔ na wo be: “Mewɔ dɔ nyui geɖe, siwo Tɔ́nye de asi nam la fia mi. Wo dometɔ ka tae miedi be yewoaƒu kpem ɖo?”
33
Yudatɔwo ɖo eŋu nɛ be: “Menye dɔ nyui wɔwɔ aɖeke tae míedi be míaƒu kpe wò ɖo o, ke boŋ busunya si nègblɔ la tae. Amegbetɔ ko wò hã nènye, ke nètsɔ ɖokuiwò wɔ Mawui.”
34
Yesu bia wo be: “Ɖe womeŋlɔ ɖe miaƒe segbalẽa me be: ‘Megblɔ be mawuwo mienye’ oa?
35
Ne Mawu yɔ ame siwo ta eƒe nya la va la be mawuwo ɖe, (evɔ la, womate ŋu atrɔ nu si woŋlɔ la o)
36
ɖe miele gbɔgblɔm na nye, ame si ŋuti Mawu kɔ hedɔ ɖo ɖe xexea me la be, ‘Èle busunya gblɔm’ elabe megblɔ be, ‘Mawu Vie menye’ mahã?
37
Ne nyemele Tɔ́nye ƒe dɔwo wɔm o la, ekema migaxɔ dzinye se o.
38
Ke ne mele wo wɔm la, ekema ne miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ dɔawo ya dzi se, bene mianya eye miase egɔme be Tɔ́ la le menye, eye nye hã mele Tɔ́ la me.”
39
Wogadi be yewoalée, ke Yesu do le wo si hesí dzo.
40
Egadzo yi ɖatso Yordan-tɔsisi la eye wòva afi si Yohanes le mawutsi na amewo le zi gbãtɔ, eye wòtsi afi ma.
41
Ame geɖewo va egbɔ gblɔ be: “Yohanes mewɔ dzesi aɖeke o, ke nu siwo katã Yohanes gblɔ le ame sia ŋuti la va eme tututu.”
42
Ale ame geɖewo xɔ edzi se le afi ma.
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 11 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21