bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
John 11
John 11
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 12 →
1
Azɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Lazaro la le dɔ lém. Etso Betania, kɔƒe si me Maria kple nɔvia Marta nɔ la me.
2
Maria siae si ami ʋeʋẽe na Aƒetɔ la, eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu eƒe afɔwo ŋui. Nɔvia ŋutsue nye Lazaro si le dɔ lém.
3
Ale nɔvinyɔnu siawo ɖo du ɖe Yesu be: “Aƒetɔ, wò lɔlɔ̃tɔ le dɔ lém!”
4
Ke esi Yesu see la, egblɔ be: “Dɔléle sia menye kudɔe o, ke boŋ enye nu si woatsɔ ado Mawu ɖe dzi, eye to eya me la, woado Mawu Vi la hã ɖe dzi.”
5
Azɔ la, Yesu lɔ̃ Marta kple nɔvia nyɔnua kpakple Lazaro.
6
Ale esi wòse be Lazaro ƒe lã me gblẽ la, egatsi afi si wòle la ŋkeke eve ɖe edzi.
7
Esia megbe la, egblɔ na nusrɔ̃laawo be: “Mina míatrɔ ayi Yudea.”
8
Ke nusrɔ̃laawo gblɔ nɛ be: “Nufiala, nyitsɔ laa ko Yudatɔwo nɔ mɔnu dim be yewoaƒu kpe wò, ye nèdi be yeagayi afi ma kea?”
9
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Menye gaƒoƒo wui evee le ŋkeke ɖeka me oa? Ne ame aɖe le zɔzɔm le ŋkeke me la, meklia nu o, elabe xexeme ƒe kekeli na wòle nu kpɔm.
10
Ke ne ame aɖe le zɔzɔm le viviti me la, eklia nu, elabe kekeli mele eyama me o.”
11
Esi wògblɔ nya siawo vɔ la, egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Mía xɔlɔ̃ Lazaro le alɔ̃ dɔm, ke meyina enyɔ ge.”
12
Ale nusrɔ̃laawo gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, nenye alɔ̃ dɔm wòle la, ekema ahaya.”
13
Togbɔ be Lazaro ƒe ku ŋutie Yesu le nu ƒom le hã la, ameawo bu be alɔ̃ ŋutɔ wòwɔnɛ.
14
Ale Yesu ʋu eme na wo faa gblɔ be: “Lazaro ku.
15
Le miawo ta la, edzɔ dzi nam be nyemele eteƒe o, bene miaxɔ ase. Mina míayi egbɔ.”
16
Toma, ame si woyɔna be Evenɔvi la, gblɔ na etɔ nusrɔ̃lawo be: “Mina míawo hã míayi aɖaku kplii!”
17
Azɔ esi Yesu va ɖo la, ekpɔ be woɖi Lazaro ŋkeke ene sɔŋ va yi.
18
Betania te ɖe Yerusalem ŋu anɔ abe agbadroƒe eve ene,
19
eya ta Yudatɔ geɖewo va be yewoafa akɔ na Marta kple Maria le wo nɔvia ƒe ku ŋuti.
20
Esi Marta se be Yesu gbɔna la, eyi ɖakpee, ke Maria ya tsi aƒea me.
21
Marta gblɔ na Yesu be: “Aƒetɔ, ɖe nèle afii la, anye ne nɔvinye meku o.
22
Ke fifia hã menya be nu sia nu si nèbia Mawu la, ana wò.”
23
Yesu gblɔ nɛ be: “Nɔviwò la agatsi tsitre.”
24
Marta gblɔ nɛ be: “Menya be agatsi tsitre le ŋkeke mlɔetɔ dzi, ne ame kukuwo le tsitre tsim.”
25
Yesu gblɔ nɛ be: “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la. Ame si xɔ dzinye se la, ne eku gɔ̃ hã la, anɔ agbe,
26
eye ame sia ame si le agbe eye wòxɔ dzinye se la, mele kuku ge akpɔ o. Èxɔ esia dzi sea?”
27
Eɖo eŋu nɛ be: “Ẽ, Aƒetɔ, mexɔe se be wòe nye Kristo la, Mawu Vi, ame si gbɔna xexea me la.”
28
Esi Marta gblɔ nya sia vɔ la, eyi ɖayɔ nɔvia Maria eye wògblɔ nɛ dzaa be: “Nufiala la va ɖo eye wòle yɔwòm.”
29
Esi Maria see la, etso kaba yi egbɔ.
30
Le ɣeyiɣi sia me la, Yesu gale afi si Marta yi ɖakpee le la ko eye mekpɔ ge ɖe kɔƒea me haɖe o.
31
Esi Yudatɔ siwo le egbɔ le aƒea me nɔ akɔ fam nɛ kpɔe wòtso do go la, wobu be yɔdoa gbɔ yim wòle, avi fa ge, ale wodze eyome.
32
Esi Maria va ɖo afi si Yesu le hekpɔe la, edze klo ɖe eƒe afɔnu hegblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, ne ɖe nèle afii la, anye ne nɔvinye meku o.”
33
Azɔ esi Yesu kpɔ Maria wòle avi fam, eye Yudatɔ siwo kplɔe ɖo la hã le avi fam kplii la, edo dɔmedzoe eye wòɖe hũ le eɖokui me. Ebia be:
34
“Afi kae mieɖii ɖo?” Woɖo eŋu nɛ be: “Aƒetɔ, va kpɔe ɖa.”
35
Yesu fa avi.
36
Ale Yudatɔwo gblɔ be: “Mikpɔ ale si gbegbe wòlɔ̃e la ɖa!”
37
Ke wo dometɔ aɖewo gblɔ be: “Ale ke wɔ ame sia si ʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ la, mete ŋu na be ŋutsu sia nagaku o?”
38
Dɔmedzoe la gale Yesu me, wòva yɔdo la gbɔe. Yɔdoa nye agado si nu wotsyɔ kpee.
39
Yesu gblɔ be: “Mikɔ kpe la ɖa.” Ke Marta, ame kukua nɔvinyɔnu, gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, fifia anɔ ʋeʋẽm elabe exɔ ŋkeke ene.”
40
Yesu gblɔ nɛ be: “Nyemegblɔ na wò be ne èxɔ se ko la, àkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe oa?”
41
Ale wokɔ kpe la ɖa. Yesu wu mo dzi hegblɔ be: “Tɔ́nye, meda akpe na wò be èɖo tom.
42
Menya be èɖoa tom ɣe sia ɣi, gake ame siwo le tsitre ɖe afi sia la tae mele nya sia gblɔm ɖo, be woaxɔe ase be wòe dɔm ɖa.”
43
Esi wògblɔ nya siawo la, edo ɣli sesĩe be: “Lazaro lee, do va!”
44
Kasia ame si ku la do va; ameɖivɔ siwo wotsɔ bla asi kple afɔ nɛ la gale eŋu, eye taku si wotsɔ bla mo nɛ la hã le ŋkume nɛ. Yesu gblɔ na wo be: “Mitu nuawo le eŋu ne wòadzo.”
45
Esi Yudatɔ siwo va Maria gbɔ la kpɔ nu si Yesu wɔ la, woxɔ edzi se,
46
ke wo dometɔ aɖewo yi ɖagblɔ nu si Yesu wɔ la na Farisitɔwo.
47
Tete nunɔlagãwo kple Farisitɔwo kpe ta eye wogblɔ be: “Nu ka wɔ ge míala? Elabe ŋutsu sia wɔ dzesi geɖewo.
48
Ne míeɖe mɔ nɛ wòyi edzi alea la, ame sia ame ava xɔ edzi ase, eye Romatɔwo ava gbã míaƒe kɔkɔeƒe la kple dukɔ la siaa.”
49
Ke wo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Kayafa, ame si nye nunɔlagã le ƒe ma me la gblɔ na wo be: “Nugɔmesese ve mi loo! Mienya naneke kura o!
50
Miese egɔme be ne ame ɖeka ku ɖe dukɔa nu la, enyo na mi wu be ame sia ame natsrɔ̃ le dukɔa me oa?”
51
Megblɔ nya sia le eɖokui si o, ke boŋ abe nunɔlagã le ƒe ma me ene la, egblɔ nya ɖi be ele be Yesu naku ɖe dukɔ blibo la nu.
52
Menye be wòaku ɖe dukɔa nu ɖeɖe ko o, ke boŋ be wòaƒo Mawu vi siwo kaka ɖe anyigba bubuwo dzi la nu ƒu ɖekae hã.
53
Tso gbe ma gbe la, wonɔ nugbe ɖom ɖe Yesu ŋu be yewoawui.
54
Ale Yesu megadona ɖe Yudatɔwo dome be woakpɔ o. Eyi ɖe du aɖe si woyɔna be Efrayim la me le gbedadaƒo ɖanɔ afi ma kple eƒe nusrɔ̃lawo.
55
Azɔ Yudatɔwo ƒe Paska la gogo, eye ame geɖewo tso nutoawo me va Yerusalem do ŋgɔ na ŋkekenyui la be yewoakɔ yewo ɖokui ŋuti.
56
Esi wotsi tsitre ɖe mawuxɔ la me la, wonɔ Yesu dim hebia wo nɔewo be: “Ale ke nèbu? Mele ŋkekenyui la ɖuƒe va ge oa?”
57
Ke nunɔlagãwo kple Farisitɔwo ɖe gbe na amewo be ne ame aɖe nya afi si wòle la, nena yewoanya, ale be yewoayi aɖalée.
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 12 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21