bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
John 4
John 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 5 →
1
Aƒetɔ la nya be Farisitɔwo se be yele mawutsi lem na amewo, eye yeƒe nusrɔ̃lawo le agbɔ sɔm wu Yohanes tɔwo.
2
Evɔ le nyateƒe me la, Yesu ŋutɔ melea tsi na amewo o, eƒe nusrɔ̃lawo koe lenɛ.
3
Ɖe esia ta la, Yesu dzo le Yudea-nutome eye wòtrɔ yi Galilea.
4
Ke ele nɛ be wòato Samaria-nutome hafi ayi.
5
Ale Yesu va ɖo Sixar si nye Samaria-du aɖe la me. Du sia te ɖe anyigba si Yakob na via Yosef la ŋu.
6
Yakob ƒe vudo le teƒe sia. Esi Yesu va ɖo vudoa gbɔ abe ŋdɔ ga wui eve me ene la, ɖeɖi te eŋu le mɔzɔzɔ la ta, ale be wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe vudoa gbɔ.
7
Tete Samaria-nyɔnu aɖe va be yeadu tsi. Yesu gblɔ nɛ be: “Na tsim mano.”
8
Yesu ƒe nusrɔ̃lawo yi ɖe dua me be yewoaɖaƒle nuɖuɖu.
9
Samaria-nyɔnu la gblɔ na Yesu be: “Ale ke wɔ wò Yudatɔ, nèle tsi nono biam nye, Samaria-nyɔnu?” Elabe Yudatɔwo kple Samariatɔwo menyina o.
10
Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Nenye ɖe nènya Mawu ƒe nunana kple ame si le biawòm be, ‘Nà tsim mano’ la, anye ne wò boŋ ye abiae, eye wòana tsi si naa agbe la wò.”
11
Nyɔnu la gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, tsikunu mele asiwò o, eye vudo la me goglo. Afi kae nàkpɔ tsi si naa agbe la tsoe?
12
Wòe wú mía tɔgbui Yakob si ɖe vudo sia na mí, eye eya ŋutɔ, viawo kple eƒe nyiwo no emetsia?”
13
Yesu gblɔ nɛ be: “Ame sia ame si no tsi sia la, tsikɔ agawui.
14
Ke ame si ano tsi si manae la, tsikɔ magawui akpɔ o. Elabe tsi si manae la atrɔ azu tsivudo si me agbetsi le la ɖe eyama me. Tsi sia adzi eye wòana agbe mavɔ.”
15
Nyɔnua gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, na tsi siam ne tsikɔ magawum azɔ o, alo bene magava afi sia, be mava du tsi o.”
16
Yesu gblɔ nɛ be: “Heyi nàyɔ srɔ̃wò miava.”
17
Nyɔnu la gblɔ nɛ be: “Srɔ̃ mele asinye o.” Yesu gblɔ nɛ be: “Èto nyateƒe be srɔ̃ mele ye si o.
18
Èɖe ŋutsu atɔ̃ va yi, eye ŋutsu si le asiwò fifia la, menye srɔ̃wò wònye o. Nyateƒee nèto.”
19
Nyɔnu la gblɔ na Yesu be: “Aƒetɔ, mekpɔ dze sii be Mawu ƒe gbeƒãɖelae nènye.
20
Mía tɔgbuiwo subɔ Mawu le to sia dzi, ke mi Yudatɔwo ya miebe Yerusalem koe nye afi si wòdze be woasubɔ Mawu le.”
21
Yesu gblɔ nɛ be: “Aƒenɔ, xɔ nye nya sia dzi se be ɣeyiɣi li gbɔna, si me amewo magado gbe ɖa na Tɔ́ la le to sia dzi loo, alo le Yerusalem o.
22
Mi Samariatɔwo la, miesubɔa nu si mienya o; ke mí Yudatɔwo la, míenya ame si míesubɔna, elabe Yudatɔwo dzie agbexɔxɔ to va.
23
Ke ɣeyiɣi li gbɔna, si me mawusubɔla vavãwo asubɔ Tɔ́ la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me elabe ame siawo tɔgbee Tɔ́ la di be woasubɔ ye. Nenem ɣeyiɣi sia de gɔ̃ hã xoxo.
24
Mawu la, Gbɔgbɔ wònye, eya ta ame siwo subɔnɛ la, ele na wo be woasubɔe le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.”
25
Nyɔnu la gblɔ nɛ be: “Menyae be Mesia (ame si woyɔna be Kristo la) gbɔna. Ne eva la, eya lagblɔ nya sia nya na mí.”
26
Yesu gblɔ nɛ be: “Nye ame si le nu ƒom kpli wò la, nyee.”
27
Tete ko Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gbɔ va ɖo. Ewɔ nuku na wo be ele nu ƒom kple nyɔnu. Ke wo dometɔ aɖeke mebia be, “Nu ka dim nèle?” alo “Nu ka ta nèle nu ƒom kple nyɔnua?” mahã o.
28
Nyɔnu la gblẽ eƒe tɔmedeze la ɖi, eye wòyi dua me ɖagblɔ na amewo be:
29
“Miva kpɔ ame aɖe, si gblɔ nu siwo katã mewɔ kpɔ la nam ɖa. Alo eyae nye Kristo laa?”
30
Tete wodo go tso dua me ɖo ta Yesu gbɔ.
31
Ɣeyiɣi sia me la, nusrɔ̃laawo ɖe kuku na Yesu be: “Nufiala, va ɖu nu.”
32
Ke eɖo eŋu na wo be: “Nuɖuɖu le asinye maɖu si miawo mienya o.”
33
Ale nusrɔ̃laawo bia wo nɔewo be: “Alo ame aɖee va na nanee wòɖua?”
34
Yesu gblɔ na wo be: “Nye nuɖuɖue nye be mawɔ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye mawu eƒe dɔ nu.
35
Menye miawoe gblɔna be, ‘Esusɔ ɣleti ene ko ne nuŋeɣi la naɖo’ oa? Ke mele egblɔm na mi be mida ŋku ɖe agbleawo dzi eye miakpɔ ale si nukuawo tsi na ŋeŋee.
36
Ame si le nu ŋem la, eyae woxea fe na eye wòƒoa ƒu nukuwo hena agbe mavɔ. Ale be nuwula kple nuŋela siaa nakpɔ dzidzɔ ɖekae.
37
Nya si wogblɔna be: ‘Ame ɖeka ƒãa nu eye ame bubu ŋenɛ’ la le eteƒe le nya sia me.
38
Nye la, medɔ mi be miayi aɖaŋe nuku si ta miekpe fu ɖo o la. Ame bubuwo kpe fu ɖe eta, eye miawo miekpɔ viɖe tso woƒe dɔwɔwɔ me.”
39
Samariatɔ geɖe siwo tso dua me va la xɔ Yesu dzi se, le nyɔnua ƒe ɖase si wòɖi le eŋuti be: “Egblɔ nu sia nu si mewɔ kpɔ la nam” la ta.
40
Ale esi Samariatɔwo va Yesu gbɔ la, wobia tso esi be wòatsi yewo gbɔ, eye Yesu tsi wo gbɔ ŋkeke eve.
41
Ame bubu geɖewo hã gaxɔ Yesu dzi se le eya ŋutɔ ƒe nya siwo wògblɔ la ta.
42
Tete wogblɔ na nyɔnu la be: “Meganye wò nyawo tae míexɔ se ɖo o. Míawo ŋutɔe see eye míedze sii be ame siae nye xexea me Xɔla vavã.”
43
Le ŋkeke eve megbe la, Yesu dzo le afi ma yi Galilea.
44
Elabe eya ŋutɔ ɖi ɖase be bubu menɔa Mawu ƒe gbeƒãɖela aɖeke ŋu le eya ŋutɔ de o.
45
Esi Yesu va ɖo Galilea la, woxɔe atuu elabe esi wode ŋkekenyui ɖuƒe le Yerusalem la, wokpɔ nu siwo katã wòwɔ le ŋkekenyui la ɖuɖu me.
46
Yesu gatrɔ va Kana le Galilea afi si wòtrɔ tsi wòzu wain le la. Dziɖuɖu ƒe amegã aɖe nɔ Kapernaum, ame si vi dze dɔ.
47
Esi wòse be Yesu tso Yudea va Galilea la, eyi ɖe egbɔ, ɖaɖe kuku nɛ be wòava da gbe le ye viŋutsuvi ŋuti na ye, elabe ɖevia ɖo kudo nu.
48
Yesu gblɔ nɛ be: “Ne miekpɔ dzesiwo kple nukunuwo o la, miexɔnɛ sena o.”
49
Amegã la ɖe kuku nɛ gblɔ be: “Aƒetɔ, ne míeyi kaba o la, vinye la aku.”
50
Yesu gblɔ nɛ be: “Heyi, viwò la atsi agbe.” Ŋutsua xɔ Yesu ƒe nya si wògblɔ nɛ la dzi se, eye wòdze mɔ.
51
Esi wòyina la, eƒe dɔlawo va kpee, eye wogblɔ nɛ be via tsi agbe.
52
Amegã la bia gaƒoƒo si dzi ɖevia de asi hayahaya me, eye wogblɔ nɛ be: “Etsɔ si va yi ƒe ɣetrɔ ga ɖeka mee asrã la kɔ́ le edzi.”
53
Vi tɔ́ la ɖo ŋku edzi be gaƒoƒo ma me tututue Yesu gblɔ na ye be: “Viwò la atsi agbe.” Ale eya ŋutɔ kple eƒe aƒemetɔwo katã xɔ Yesu dzi se.
54
Esia nye dzesi evelia si Yesu wɔ esi wòtrɔ tso Yudea va Galilea.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21