bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
John 9
John 9
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 10 →
1
Esi Yesu va yina la, ekpɔ ame aɖe si wodzi ŋkuagbãtɔe.
2
Eƒe nusrɔ̃lawo biae be: “Nufiala, ame kae wɔ nuvɔ̃, be wodzi ame sia ŋkuagbãtɔe? Eya ŋutɔe loo, alo edzilawo yea?”
3
Yesu ɖo eŋu be: “Menye ame sia alo edzilawoe wɔ nuvɔ̃ o, ke boŋ wodzii alea be woaɖe Mawu ƒe dɔwɔwɔ afia to eyama dzi.
4
Zi ale si míele ŋkeke me la, ele na mí be míawɔ dɔ na ame si dɔm ɖa la. Zã gbɔna dodo ge esime ame aɖeke mate ŋu agawɔ dɔ o.
5
Zi ale si mele xexea me la, nyee nye xexea me ƒe kekeli.”
6
Esi Yesu gblɔ esia la, eɖe ta ɖe anyigba nya anyii eye wòtsɔ ba la sisi ɖe ame la ƒe ŋkuwo dzi.
7
Egblɔ nɛ be: “Heyi nàle tsi le Siloam-tá me.” (Ŋkɔ “Siloam” gɔmee nye “Wodɔe ɖa.”) Ale ŋutsu la yi ɖale tsia, eye wòle nu kpɔm trɔ gbɔ.
8
Eƒe aƒelikawo kple ame siwo kpɔnɛ wònɔ nu biam tsã la, bia be: “Menye ame siae bɔbɔ nɔ anyi nɔ nu biam oa?”
9
Ame aɖewo gblɔ be: “Eyae.” Ke bubuawo be: “Ao, amee ɖi ame.” Eya ŋutɔ gblɔ be: “Nyee.”
10
Wobiae be: “Ale wɔ wò ŋkuwo ʋu?”
11
Eɖo eŋu na wo be: “Ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yesu lae nya anyi hetsɔe sisi ɖe ŋku dzi nam, eye wògblɔ nam be, ‘Yi ɖale tsi le Siloam me.’ Meyi ɖale tsia eye mele nu kpɔm.”
12
Wobiae be: “Afi ka wòle?” Eɖo eŋu na wo be: “Nyemenya o.”
13
Wokplɔ ame si nye ŋkuagbãtɔ tsã la va Farisitɔwo gbɔ.
14
Ŋkeke si dzi Yesu nya anyi hetsɔ sisi ɖe ame la ƒe ŋkuwo dzi, eye wòʋu ŋku nɛ la nye Dzudzɔgbe.
15
Eya ta Farisitɔwo gabia ale si wòwɔ hafi eƒe ŋku ʋu lae. Egblɔ na wo be: “Anyie wònya hetsɔ sisi ɖe ŋku dzi nam, eye esi meyi ɖale tsi ko la, mele nu kpɔm.”
16
Farisitɔ aɖewo gblɔ be: “Menye Mawu gbɔe ame sia tso o, elabe mewɔ ɖe Dzudzɔgbe ƒe ɖoɖo dzi o.” Ke ame bubuwo ya bia be: “Ale ke nuvɔ̃wɔla ate ŋu awɔ dzesi siawoe?” Tete ameawo dome ma.
17
Farisitɔwo yi edzi bia ŋutsu la be: “Esi wònye eyae ʋu ŋku na wò ɖe, ale ke nèbu le eyama ŋuti?” Ŋutsu la ɖo eŋu be: “Mawu ƒe gbeƒãɖelae wònye.”
18
Yudatɔwo mexɔe se be ŋutsu si nye ŋkuagbãtɔ tsã la ƒe ŋkue ʋu wòte ŋu le nu kpɔm o, va se ɖe esime woyɔ ame si ƒe ŋku ʋu la dzilawo vɛ.
19
Wobia wo be: “Mia vi, si miebe yewodzi ŋkuagbãtɔe lae nye ame sia? Ale ke wɔ wòle nu kpɔm azɔ?”
20
Edzilawo ɖo eŋu be: “Míenya be mía vie wònye. Edzɔ ŋkuagbãtɔe.
21
Ke ale si wɔ wòle nu kpɔm la, míenya o, eye míenya ame si ʋu ŋku nɛ hã o. Mibia eya ŋutɔ; etsi, aɖe eɖokui nu!”
22
Edzilawo gblɔ nya sia elabe wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo. Elabe Yudatɔwo ɖo gbe ɖi be ne ame aɖe aʋu eme be Yesue nye Kristo la la, woanyàe le ƒuƒoƒea.
23
Eya ta edzilawo gblɔ be: “Etsi; mibia eya ŋutɔ.”
24
Woyɔ ame si wodzi ŋkuagbãtɔe la vɛ zi evelia hegblɔ nɛ be: “Tà Mawu nàto nyateƒe. Míawo míenya be nuvɔ̃wɔlae nye ame sia.”
25
Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be: “Enye nuvɔ̃wɔla o, meɖanye nuvɔ̃wɔla o, nye ya nyemenya o. Nu ɖeka ko menya: eyae nye be ŋkuagbãtɔe menye tsã, ke azɔ la, mele nu kpɔm.”
26
Wobiae be: “Nu ka wòwɔ na wò? Ale ke wòʋu ŋku na wòe?”
27
Eɖo eŋu na wo be: “Megblɔe na mi xoxo gake miedi be yewoasee o. Nu ka ta miedi be yewoagasee? Alo ɖe miawo hã miedi be yewoazu eƒe nusrɔ̃lawoa?”
28
Wodzui gblɔ be: “Wò koe anye eƒe nusrɔ̃la, ke míawo la, Mose ƒe nusrɔ̃lawo míenye.
29
Míenya be Mawu ƒo nu na Mose, ke ame sia ya la, míenya afi si wòtso o.”
30
Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be: “Ale ke? Ewɔ nuku nam lo! Mienya afi si wòtso o, ke eyae ʋu nye ŋkuwo.
31
Míenya be Mawu meɖoa to nuvɔ̃wɔlawo o, ke ne ame aɖe subɔa Mawu, eye wòwɔa eƒe lɔlɔ̃nu la, Mawu ɖoa toe.
32
Tso xexea me ƒe gɔmedzedze va ɖo egbe kpa, míese kpɔ be woʋu ŋku na ame si wodzi ŋkuagbãtɔe la kpɔ o.
33
Nenye ame sia ɖe metso Mawu gbɔ o la, anye ne mate ŋu awɔ naneke o.”
34
Wogblɔnɛ be: “Wò si wodzi ɖe nuvɔ̃ me koŋ la, wòe be yeafia nu mía?” Tete woɖee le ha me.
35
Yesu se be woɖe ŋkuagbãtɔ la le ha me, eya ta esi wòkpɔe la, ebiae be: “Èxɔ Amegbetɔ Vi la dzi sea?”
36
Ŋutsu la ɖo eŋu be: “Amegã, eyae nye ame ka? Gblɔe nam ne maxɔ edzi ase.”
37
Yesu gblɔ nɛ be: “Èkpɔ amea xoxo; eyae nye esi le nu ƒom na wò.”
38
Ŋutsu la gblɔ be: “Aƒetɔ, mexɔe se.” Tete wòdze klo subɔe.
39
Yesu gblɔ be: “Meva xexea me be madrɔ̃ ʋɔnu, bene ame siwo mele nu kpɔm o la nakpɔ nu, eye ame siwo le nu kpɔm la ƒe ŋku nagbã.”
40
Farisitɔ siwo te ɖe Yesu ŋu la se nya la eye wobiae be: “Míawo hã míaƒe ŋku gbãa?”
41
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Nenye miaƒe ŋku ɖe wògbã la, anye ne womabu fɔ mi o, ke azɔ esi miebe, ‘Míele nu kpɔm’ la, miaƒe nuvɔ̃wo le mia dzi.”
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 10 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21