bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
John 2
John 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 3 →
1
Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wowɔ srɔ̃ɖeɖe aɖe le Kana le Galilea. Yesu dada hã nɔ eteƒe,
2
eye wokpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo hã va srɔ̃ɖeƒe lae.
3
Esi wain vɔ le wo si la, Yesu dada te ɖe Yesu ŋu gblɔ nɛ be: “Wain vɔ le wo si.”
4
Yesu gblɔ nɛ be: “O, nɔnye, esia menye wò nya o. Nye ɣeyiɣi mede haɖe o.”
5
Yesu nɔ yi ɖe ame siwo nye subɔlawo la gbɔ hegblɔ na wo be: “Nu sia nu si wògblɔ na mi la, miwɔe.”
6
Esi wònye dekɔnu na Yudatɔwo be woaklɔ wo ɖokui ŋu hafi age ɖe aƒeme ta la, woɖi kpezɔ ade ɖe aƒea me. Tsi tɔmedeze eve alo etɔ̃e nɔa zɔ siawo dometɔ ɖe sia ɖe me.
7
Yesu gblɔ na subɔlawo be: “Midu tsi kɔ ɖe zɔawo me.” Wodu tsia kɔ ɖe wo me, woyɔ banaa.
8
Tete wògblɔ na subɔlaawo be: “Miku tsia ɖe yi na nuɖuɖudzikpɔla la.” Ale woku tsia yi nɛ.
9
Nuɖuɖudzikpɔla la ɖɔ tsi si trɔ zu wain la kpɔ. Menya afi si wòtso o, ke subɔla siwo du tsi la ya nya. Nuɖuɖudzikpɔla la yɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la,
10
eye wògblɔ nɛ be: “Ame sia ame kua wain nyuitɔ na amewo gbã, eye ne amewo no eya mu vɔ, emegbe hafi wòhea esi menyo o la ɖe go. Ale ke wɔ wò ya nèdzra wain nyuitɔ ɖo va se ɖe fifi?”
11
Esiae nye dzesi gbãtɔ si Yesu wɔ le Kana le Galilea-nutome heɖe eƒe ŋutikɔkɔe fia, eye eƒe nusrɔ̃lawo xɔ edzi se.
12
Esia megbe la, Yesu kple nɔa, nɔvia ŋutsuwo kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo yi Kapernaum, eye wonɔ afi ma ŋkeke aɖewo.
13
Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkeke la tu aƒe, eye Yesu yi Yerusalem.
14
Ekpɔ ame siwo le nyi, alẽ kple ahɔnɛ dzram la kpakple gaɖɔlilawo wobɔbɔ nɔ mawuxɔ la me.
15
Tete wògbi ka wɔ ameƒokae, eye wònyà ame siwo katã si alẽ kple nyiwo le la do go tso mawuxɔa me. Ekaka gaɖɔlilawo ƒe gawo hlẽ, eye wòmu woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi.
16
Egblɔ na ame siwo le ahɔnɛwo dzram la be: “Mitsɔ nu siawo do goe le afii, eye migatsɔ Tɔ́nye ƒe aƒe la wɔ asi mee o.”
17
Tete eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ŋku mawunya sia dzi be: “O, Mawu, ŋuʋaʋã ɖe wò aƒe la ŋu le bibim le menye abe dzo ene.”
18
Yudatɔwo va Yesu gbɔ hebiae be: “Esi nèwɔ nu siawo la, dzesi kae le asiwò nàfia mí?”
19
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Mikaka mawuxɔ sia, eye le ŋkeke etɔ̃ me la, magatui.”
20
Yudatɔwo gblɔ be: “Wotsɔ ƒe bla ene vɔ ade tu mawuxɔ siae, eye wòa nèle gbɔgblɔm be yeatui le ŋkeke etɔ̃ mea?”
21
Ke nu si ŋuti wòle nu ƒom le lae nye eƒe ŋutilã ƒe mawuxɔ.
22
Eya ta esi wofɔe ɖe tsitre tso ku me la, eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be egblɔ nya sia. Ale woxɔ mawunya la kple Yesu ƒe nya si wògblɔ la dzi se.
23
Esime Yesu nɔ Yerusalem le Paskaa ɖuɣi la, ame geɖe siwo kpɔ dzesi siwo wòwɔ la xɔ edzi se.
24
Ke Yesu ŋutɔ meɖo ŋu ɖe wo ŋu o, elabe edze si ame sia ame
25
eye mehiã be ame aɖeke naɖi ɖase le amegbetɔ ŋuti nɛ o. Eya ŋutɔ nya nu si le amegbetɔ ƒe dzime.
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21