bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
John 8
John 8
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 9 →
1
[Ke Yesu yi ɖe Amito la dzi.
2
Esi ŋu ke ŋdi kanya la, Yesu gava mawuxɔ la me, eye amewo katã va egbɔ. Ebɔbɔ nɔ anyi eye wòfia nu wo.
3
Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo kplɔ nyɔnu aɖe si wolé, wòle ahasi wɔm la, va ɖo ameawo titina.
4
Wogblɔ na Yesu be: “Nufiala, wolé nyɔnu sia wòle ahasi wɔm.
5
Le se la me la, Mose na ŋusẽ mí be míaƒu kpe ame sia tɔgbe. Nu ka gblɔm wò ya nèle le eŋuti?”
6
Wobia nya sia Yesu be yewoatee kpɔ ne yewoakpɔ nya aɖe atso enui. Ke Yesu bɔbɔ ɖi eye wòle nu ŋlɔm kple eƒe asibidɛ ɖe anyigba.
7
Esi woganɔ nya biamee kokoko la, Yesu fɔ kɔ dzi gblɔ na wo be: “Mia dometɔ si ŋu nuvɔ̃ mele o la, netsɔ kpe ƒu nyɔnu la gbã.”
8
Yesu gabɔbɔ ɖi eye wòle nu ŋlɔm ɖe anyigba.
9
Ke esi ameawo se nyaa la, wodzo ɖekaɖeka tso tsitsiawo dzi va se ɖe esime wòsusɔ eya kple nyɔnua ɖeɖe ko ɖi.
10
Yesu fɔ dzi eye wòbiae be: Aƒenɔ, ameawo ɖe? Ame aɖeke mebu fɔ wò oa?”
11
Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be: “Ao, Aƒetɔ.” Ale Yesu gblɔ nɛ be: “Ekema nye hã nyemabu fɔ wò o. Heyi, mègawɔ nuvɔ̃ azɔ o.” ]
12
Yesu gaƒo nu na ameawo be: “Nyee nye xexea me ƒe kekeli, ame si dze yonyeme la, mazɔ viviti me o.”
13
Tete Farisitɔwo gblɔ nɛ be: “Èle ɖase ɖim le ɖokuiwò ŋuti, eya ta wò ɖaseɖiɖi la menye nyateƒe o.”
14
Yesu ɖo eŋu be: “Nenye be meɖi ɖase le ɖokuinye ŋu hã la, nye ɖaseɖiɖi nye nyateƒe, elabe menya afi si metso va kple afi si meyina. Miawo la, mienya afi si metso alo meyina la o.
15
Miawo la, miedrɔ̃a ʋɔnu le amegbetɔwo ƒe nukpɔkpɔ nu; ke nye la, nyemedrɔ̃a ʋɔnu ame aɖeke o.
16
Evɔ la, ne medrɔ̃ ʋɔnu hã la, nye ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔ, elabe menye nye ɖekae drɔ̃a ʋɔnu o, ke boŋ nye kple ame si dɔm ɖa lae.
17
Woŋlɔ ɖe miaƒe se la me be, ne ame eve ƒe ɖaseɖiɖi tso nane ŋu sɔ la, ekema woƒe ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe.
18
Nye la, meɖia ɖase le ɖokuinye ŋu, eye Tɔ́nye si dɔm ɖa la hã ɖia ɖase le ŋutinye.”
19
Wobia Yesu azɔ be: “Afi ka tɔ́wò le?” Eɖo eŋu na wo be: “Mienyam o, eye mienya Tɔ́nye hã o. Ne ɖe mienyam la, anye ne mienya Tɔ́nye hã.”
20
Yesu gblɔ nya siawo le nudzɔƒe la, esime wòle nu fiam le mawuƒe la me. Ke ame aɖeke melée o, elabe eƒe ɣeyiɣia mede haɖe o.
21
Yesu gagblɔ na ameawo be: “Nye la, mele dzodzo ge. Miadim eye miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃ me. Afi si nye la meyina la, miawo miate ŋu ava o.”
22
Tete Yudatɔwo gblɔ be: “Eɖokui wu ge wòala ta wògblɔ be, ‘Miate ŋu ava afi si yim mele la o’ mahã?”
23
Yesu gblɔ na wo be: “Miawo la, anyigba sia dzi mietso, ke nye la, dziƒoe metso va. Xexe sia me tɔwoe mienye; ke nye la, nyemenye xexe sia me tɔ o.
24
Eya tae megblɔ na mi be miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃ me. Ne miexɔe se, be menye ame si menye o la, miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃ me.”
25
Wobiae be: “Ame ka nènye?” Yesu gblɔ na wo be: “Megblɔe na mi le gɔmedzedzea me, eya ke gblɔm megale na mi.
26
Nya geɖe le asinye ɖe mia ŋu, be matsɔ abu fɔ mi, ke ame si dɔm ɖa la, nyateƒetɔ wònye eye nu si mese tso egbɔ la ƒe gbeƒã ɖem mele na xexea me.”
27
Womese egɔme be Tɔ́ la ŋutie Yesu le nu ƒom le na yewo o.
28
Eya ta egblɔ na wo be: “Ne miekɔ Amegbetɔ Vi la ɖe dzi la, hafi miadze sii be nyee nye ame si mebe menye la, eye nyemele naneke wɔm le nye ŋutɔ nye ŋusẽ me o. Nu si Tɔ́ la fiam lae megblɔna.
29
Ame si dɔm ɖa la li kplim. Megblẽ nye ɖeka ɖi o, elabe mewɔa nu si dzea eŋu ɣe sia ɣi.”
30
Esi Yesu gblɔ nya siawo la, ame geɖe xɔ edzi se.
31
Yesu gblɔ na Yudatɔ siwo xɔ edzi se la be: “Ne mieyi edzi lé nya la me ɖe asi la, ekema nye nusrɔ̃lawo mienye vavã.
32
Miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la ana be miavo.”
33
Wogblɔ nɛ be: “Abraham ƒe dzidzimeviwo míenye, eye míenye kluvi na ame aɖeke kpɔ o. Nu ka ta nègblɔ be: ‘Woana miavo?’ ”
34
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Nyateƒe tom mele na mi, be ame sia ame si wɔa nuvɔ̃ la nye nuvɔ̃ ƒe kluvi.
35
Kluvi menɔa aƒeme ɖaa o, ke aƒetɔ vi ya nɔa anyi ɖaa.
36
Eya ta ne Vi la na mievo la, ekema mievo vavã.
37
Menya be Abraham ƒe dzidzimeviwo mienye, gake miele didim be yewoawum elabe nye nyawo mexɔ dzi na mi o.
38
Nu si mekpɔ le Tɔ́nye gbɔ la gblɔm mele, eye nu si miese tso mia tɔ́ gbɔ la, eya wɔm miele.”
39
Wogblɔ nɛ be: “Mía tɔ́e nye Abraham.” Yesu gblɔ na wo be: “Nenye Abraham viwo mienye la, anye ne miawɔ nu abe Abraham ene.
40
Ke azɔ la, miedi be yewoawu nye, ame si gblɔ nyateƒe si mese tso Mawu gbɔ la na mi. Abraham mewɔ nenema o.
41
Miawo la, miele nu si mia tɔ́ wɔ la wɔm.” Wogblɔ na Yesu be: “Míenye ahasiviwo o. Tɔ́ ɖekae le mía si; eyae nye Mawu.”
42
Yesu gblɔ na wo be: “Nenye Mawue nye mia tɔ́ la, anye ne mialɔ̃m, elabe Mawu gbɔe metso va. Nyemeva le nye ŋutɔ nye ŋusẽ me o. Mawue dɔm ɖa.
43
Ale ke wɔ miese nu si gblɔm mele na mi la gɔme o? Nye nyawo mesɔ to me na mi o tae.
44
Mia tɔ́ Abosam tɔwoe mienye, eye miaƒe didie nye be yewoawɔ nu si dzroa mia tɔ́. Eya la, amewula wònye tso gɔmedzedzea me, eye eya kple nyateƒe la mezɔna o, elabe nyateƒe mele eme o. Ne eka aʋatso la, eɖea eƒe dzɔdzɔme fiana elabe aʋatsokala wònye. Eyae nye aʋatsowo katã tɔ́.
45
Ke esi wònye nyateƒe lae megblɔna ta la, miexɔa dzinye sena o.
46
Mia dometɔ kae ate ŋu abu fɔm be mewɔ nuvɔ̃? Ne meto nyateƒe na mi la, ale ke wɔ miexɔ dzinye se o?
47
Ame si nye Mawu tɔ la, sea Mawu ƒe nyawo. Nu si ta miesea Mawu ƒe nyawo o lae nye be mienye etɔwo o.”
48
Yudatɔwo ɖo eŋu be: “Ne míegblɔ be Samariatɔ nènye, eye gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò ɖe, míegblɔe ɖe eteƒe oa?”
49
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Gbɔgbɔ vɔ̃ mele menye o. Mele Tɔ́nye bum, ke miawo miele vlo domem.
50
Ke nyemedia nye ŋutɔ nye kafukafu o. Ame aɖe li, si le edim. Eya lanye ʋɔnudrɔ̃la.
51
Nyateƒe tom mele na mi be ne ame aɖe wɔ nye nya dzi la, mele kuku ge gbeɖe o.”
52
Yudatɔwo gblɔ nɛ be: “Eme kɔ na mí azɔ koŋ be gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò. Abraham ku; Mawu ƒe gbeƒãɖelawo hã ku. Nya ka wònye gblɔm nèle be, ‘Ne ame aɖe wɔ nye nya dzi la, mele kuku ge gbeɖe o.’ mahã?
53
Wòe tri akɔ wu mía tɔ́ Abraham, ame si ku laa? Mawu ƒe gbeƒãɖelawo hã ku! Ame ka ƒomevi nèle ɖokuiwò bumee?”
54
Yesu ɖo eŋu be: “Ne mekafu ɖokuinye la, nye kafukafu la maɖe vi o. Tɔ́nyee nye ame si le kafuyem. Eyae nye ame si miawo miegblɔ be enye miaƒe Mawu.
55
Evɔ la, mienyae o; ke nye la, menyae. Ne megblɔ be nyemenyae o la, mezu aʋatsotɔ abe miawo ke ene. Gake menyae eye melé eƒe nya la me ɖe asi.
56
Mia tɔ́ Abraham tso aseye be yeakpɔ nye vava. Ekpɔe hã, eye dzi dzɔe.”
57
Yudatɔwo gblɔ nɛ be: “Mèkpɔ xɔ ƒe bla atɔ̃ haɖe o, eye nèbe yekpɔ Abraham mahã?”
58
Yesu gblɔ na wo be: “Nyateƒe tom mele na mi be meli xoxoxo hafi Abraham va dzɔ.”
59
Tete ameawo fɔ kpe be yewoaƒui; ke Yesu si bè eye wòdo go le mawuƒe la me.
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 9 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21