bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
John 6
John 6
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 7 →
1
Esia megbe la, Yesu tso Galilea-ƒu, si woyɔna hã be Tiberia-ƒu la, heyi ɖe eƒe go kemɛ dzi.
2
Ameha gã aɖe dze eyome, elabe wokpɔ ale si wòda gbe le dɔlélawo ŋu nukutɔe.
3
Eyi ɖe togbɛ aɖe dzi, eye wòbɔbɔ nɔ anyi kple eƒe nusrɔ̃lawo.
4
Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkeke la gogo.
5
Esi Yesu fɔ mo dzi kpɔ ameha gã aɖe gbɔna ɖe egbɔ la, ebia Filipo be: “Afi ka míakpɔ nuɖuɖu le aƒle na ame siawo ne woaɖu?”
6
Yesu bia nya sia be yeatsɔ ado Filipo kpɔ, elabe eya ŋutɔ nya nu si wɔ ge wòala.
7
Filipo ɖo eŋu nɛ be: “Ne míeƒle nuɖuɖu klosaloga alafa eve sinu hã la, made ame sia ame nu wòakpɔ vi aɖe aɖu o.”
8
Andrea, Simon Petro nɔvi si nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka la gblɔ na Yesu be:
9
“Ɖekakpui aɖe le afii si si abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve le. Gake afi ka esia ade na ame gbogbo siawo?”
10
Yesu gblɔ be: “Mina ameawo nabɔbɔ nɔ anyi.” Azɔ gbe geɖe le afi ma. Ale ŋutsu siwo ade abe akpe atɔ̃ ene la bɔbɔ nɔ anyi.
11
Yesu xɔ aboloawo, eye esi wòda akpe la, ema wo na ame siwo bɔbɔ nɔ anyi la. Nenema ke wòma tɔmelã la hã na wo eye ame sia ame xɔ ale sinu wòdi.
12
Esi woɖu nu ɖi ƒo la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miƒo kakɛ, siwo susɔ la nu ƒu be naneke nagagblẽ o.”
13
Ale woƒo kakɛawo nu ƒu. Nu si susɔ tso abolo atɔ̃awo me esi woɖu nu vɔ la yɔ kusi wui eve taŋ.
14
Esi ameawo kpɔ dzesi si Yesu wɔ la, wogblɔ be: “Nyateƒe, ame sia nye Mawu ƒe gbeƒãɖela si gbɔna xexea me.”
15
Ke Yesu dze sii be wogbɔna ye lé ge aɖo fiae. Ale wògaɖe eɖokui ɖe aga yi ɖe togbɛawo dzi.
16
Esi fiẽsi ɖo la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖi va ƒua nu.
17
Woge ɖe tɔdziʋu me eye wode asi ƒua tsotso me ɖo ta Kapernaum. Zã do azɔ, ke Yesu meva ɖo wo gbɔ haɖe o.
18
Ƒu la dze agbo, elabe ya sesẽ nɔ ƒoƒom.
19
Nusrɔ̃laawo ku ʋua to ƒu la dzi abe agbadroƒe etɔ̃ alo ene ƒe didime ene. Tete wokpɔ Yesu wòle ƒua dzi zɔm gbɔna ɖe ʋua gbɔ, eye vɔvɔ̃ ɖo wo.
20
Ke Yesu gblɔ na wo be: “Nyee. Migavɔ̃ o!”
21
Wodi be yewoaxɔe ɖe ʋua me hafi. Tete ʋua ɖi go ɖe teƒe si yim wole la.
22
Esi ŋu ke la, ame siwo tsi ƒu la ƒe go kemɛa dzi la, kpɔ be ʋu ɖeka koe nɔ ƒu la nu, eye Yesu menɔ eme kpe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu esime wodze mɔ o. Nusrɔ̃laawo ɖeɖe koe ɖo ʋua dzo.
23
Ke ʋu bubuwo tso Tiberia va ɖo teƒe si medidi tso afi si woɖu abolo, si ta Aƒetɔ la da akpe ɖo la, gbɔ o.
24
Esi ameha la dze sii be Yesu megale afi ma o, eye eƒe nusrɔ̃lawo hã meli o la, woawo hã woge ɖe ʋuawo me eye wova Kapernaum hele Yesu dim.
25
Esi ameawo va ke ɖe Yesu ŋu le ƒu la ƒe go kemɛ dzi la, wobiae be: “Nufiala, ɣe ka ɣie nèva afii?”
26
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Nyateƒe tom mele na mi, be menye dzesi siwo miekpɔ la tae miele diyem o, ke boŋ abolo si mieɖu ɖi ƒo la tae.
27
Migaku kutri ɖe nuɖuɖu si gblẽna la ta o, ke boŋ miku kutri ɖe nuɖuɖu si anɔ anyi hena agbe mavɔ la ta. Nuɖuɖu siae Amegbetɔ Vi la lana mi, elabe eyama dzie Mawu Tɔ́ la da asi ɖo.”
28
Wobia Yesu be: “Nu ka míawɔ afia be míele Mawu ƒe dɔ wɔm?”
29
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Nu si Mawu di be miawɔ lae nye be miaxɔ ame si wòdɔ ɖa la dzi ase.”
30
Tete wobiae be: “Dzesi kae nàwɔ, bene míakpɔ axɔ dziwò ase? Nu ka wɔ ge nàla?
31
Mía tɔgbuiwo ɖu mana le gbedadaƒo, abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: ‘Ena nuɖuɖu wo tso dziƒo bene woaɖu.’ ”
32
Yesu gblɔ na wo azɔ be: “Nyateƒe tom mele na mi be menye Mose ye na abolo mi tso dziƒo o! Tɔ́nyee na abolo vavãtɔ si tso dziƒo la mi.
33
Elabe Mawu ƒe aboloe nye esi tso dziƒo va. Eyae naa agbe xexea me.”
34
Wogblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, na abolo sia mí ɣe sia ɣi.”
35
Yesu gblɔ na wo be: “Nyee nye abolo si naa agbe la. Ame si va gbɔnye la dɔ mawui gbeɖe o, eye ame si xɔ dzinye se la, tsikɔ mawui akpɔ o.
36
Ke megblɔe na mi be miekpɔm, gake miexɔe se o.
37
Ame sia ame si Tɔ́nye tsɔ nam la ava gbɔnye, eye ame si va gbɔnye la, nyematsɔe aƒu gbe o.
38
Elabe meɖi tso dziƒo va, menye be mawɔ nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ be mawɔ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu ko.
39
Ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nue nye be nu siwo katã wòtsɔ nam la dometɔ aɖeke nagabu o, ke boŋ be magbɔ agbe wo katã le ŋkeke mlɔetɔ la dzi.
40
Tɔ́nye ƒe lɔlɔ̃nue nye be ame sia ame si kpɔ Vi la, eye wòxɔ edzi se la nakpɔ agbe mavɔ, eye nye la, mafɔe ɖe tsitre le ŋkeke mlɔetɔ la dzi.”
41
Esi wògblɔ be: “Nyee nye abolo si ɖi tso dziƒo va” la, Yudatɔwo lĩ liʋiliʋĩ le Yesu ŋuti.
42
Wogblɔ be: “Ɖe menye Yesu, ame si nye Yosef vi lae nye esia oa? Míenya tɔ́a kple dadaa ɖe. Azɔ ale ke wɔ wòle gbɔgblɔm be yeɖi tso dziƒo va?”
43
Yesu gblɔ na wo be: “Migalĩ liʋiliʋĩ le mia nɔewo dome o.
44
Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye Tɔ́nye si dɔm ɖa lae hee vɛ o. Nye la, mafɔe ɖe tsitre le ŋkeke mlɔetɔ la dzi.
45
Woŋlɔ ɖe Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe agbalẽ me be, ‘Mawu lafia nu amewo katã!’ Ame sia ame si ɖoa to Tɔ́ la eye wòsrɔ̃a nu tso egbɔ la, vaa gbɔnye.
46
Esia mefia be ame aɖe kpɔ Tɔ́ la kpɔ o. Ame si tso Mawu gbɔ la, eya koe kpɔ Tɔ́ la kpɔ.
47
Nyateƒe tom mele na mi be ame si xɔ se la, agbe mavɔ le esi.
48
Nyee nye abolo si naa agbe.
49
Mia tɔgbuiwo ɖu mana le gbedadaƒo, ke woku.
50
Esia nye abolo si ɖi tso dziƒo va bene ame sia ame si ɖui la, nagaku o.
51
Nyee nye abolo si naa agbe si ɖi tso dziƒo va. Ne ame aɖe ɖu abolo sia la, anɔ agbe tegbee, eye abolo si matsɔ ana be xexea me nakpɔ agbe lae nye nye ŋutilã.”
52
Yudatɔwo ʋli nya le Yesu ƒe nya siawo ŋuti le wo nɔewo dome ŋutɔ hebia be: “Ale ke ame sia ate ŋu ana eƒe ŋutilã mí bene míaɖu?”
53
Ale Yesu gblɔ na wo be: “Nyateƒe tom mele na mi be, ne mieɖu Amegbetɔ Vi la ƒe ŋutilã eye mieno eƒe ʋu o la, agbe mele mia me o.
54
Ame si ɖua nye ŋutilã eye wònoa nye ʋu la, agbe mavɔ le esi, eye nye la, mafɔe ɖe tsitre le ŋkeke mlɔetɔ la dzi.
55
Elabe nye ŋutilã nye nuɖuɖu vavãtɔ, eye nye ʋu nye nunono vavãtɔ.
56
Ame si ɖua nye ŋutilã eye wònoa nye ʋu la, ele menye eye nye hã mele eme.
57
Abe ale si Tɔ́ gbagbe la dɔm ɖa, eye mele agbe le Tɔ́ la ta ene la, nenema ke ame si ɖuam la hã anɔ agbe le tanye.
58
Abolo si tso dziƒo lae nye esia. Mele abe abolo si ƒomevi tɔgbuiawo ɖu, eye woku la ene o. Ame si ɖu abolo sia la anɔ agbe tegbee.”
59
Yesu gblɔ nya siawo le ƒuƒoƒe, esime wònɔ nu fiam le Kapernaum.
60
Esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ geɖewo se nya sia la, wogblɔ be: “Nya sia sesẽ! Ame kae ate ŋu axɔe?”
61
Ke esi Yesu dze sii le eɖokui me be yeƒe nusrɔ̃lawo le liʋiliʋĩ lĩm le nya sia ŋuti la, egblɔ na wo be: “Ɖe esia ɖia mia nua?
62
Ke ne miekpɔ Amegbetɔ Vi la, wòle dziƒo, afi si wònɔ tsã la yim ɖe, nu ka miawɔ?
63
Gbɔgbɔ lae naa agbe, ke amegbetɔ ƒe ŋusẽ mele ɖeke me o. Nya siwo megblɔ na mi la, nye gbɔgbɔmenya siwo me agbe le.
64
Ke ame aɖewo le mia dome siwo mexɔe se o.” Yesu dze si ame siwo mexɔ edzi se o kple ame si lafia eyome mɔ la tso gɔmedzedzea me ke.
65
Eyi edzi gblɔ be: “Esia ta megblɔ na mi be ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe Tɔ́ lae ɖe mɔ nɛ.”
66
Tso esia dzi la, Yesu ƒe nusrɔ̃la geɖewo trɔ le eyome eye womegazɔna kplii o.
67
Yesu bia ame wui eveawo be: “Miawo hã miedi be yewoadzoa?”
68
Simon Petro ɖo eŋu nɛ be: “Aƒetɔ, ame ka gbɔ míadzo ayi? Agbe mavɔ nyawo le asiwò.
69
Míexɔe se eye míekpɔe dze sii be wòe nye Mawu ƒe Kɔkɔetɔ la.”
70
Yesu gblɔ na wo be: “Ɖe menye nyee tia mi ame wui eveawo oa? Ke mia dometɔ ɖeka nye Abosam.”
71
Yuda, Simon Iskariot vi la ŋutie wògblɔ esia le elabe eya, ame si nye ame wui eveawo dometɔ ɖeka lae le eyome mɔ fia ge.
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21