bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
John 5
John 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 6 →
1
Esia megbe la, Yudatɔwo ƒe ŋkekenyui aɖe ɖo edzi, eye Yesu yi Yerusalem.
2
Azɔ tá aɖe le Yerusalem le Alẽgbo la gbɔ si woyɔna le Hebri-gbe me be Betesda. Akpata atɔ̃ le eto. Dɔlélawo ƒe ha gã aɖe mlɔ anyi ɖe
3
akpata siawo me. Wo dometɔ aɖewo nye ŋkuagbãtɔwo, ɖewo nye tekunɔwo, eye bubuwo nye lãmetututɔwo. Wonɔ afi ma nɔa lalam be woablu tsia,
4
elabe ɣe aɖewo ɣi la, Aƒetɔ ƒe dɔla aɖe va gena ɖe tsia me heblunɛ. Ale be ame sia ame si tre gege ɖe tsia me, le ebublu vɔ megbe la, dɔ ɖe sia ɖe si lém wòle la vɔna nɛ.
5
Ŋutsu aɖe si le dɔ lém ƒe bla etɔ̃ vɔ enyi sɔŋ la le afi ma.
6
Esi Yesu kpɔe eye wòdze sii be ame la nɔ dɔba dzi eteƒe didi ŋutɔ la, ebiae be: “Èdi be wò lã me nasẽa?”
7
Dɔnɔa ɖo eŋu be: “Amegã, ne woblu tsia la, ame mele asinye akɔm ada ɖe tá la me o; ale ne meyina ko la, ame bubu trea gege ɖe eme nam.”
8
Yesu gblɔ nɛ be: “Tsi tre, kɔ wò aba ne nàzɔ.”
9
Enumake ŋutsua ƒe lã me sẽ. Ekɔ eƒe aba eye wòzɔ. Gbe ma gbe nye Dzudzɔgbe,
10
ale Yudatɔwo gbe nya na ame si ŋu woda gbe le la gblɔ be: “Egbee nye Dzudzɔgbe. Se meɖe mɔ be nàtsɔ wò aba o.”
11
Eɖo eŋu na wo be: “Ame si da gbe le ŋutinye la, eya kee gblɔ nam be: ‘Kɔ wò aba nàzɔ!’ ”
12
Wobiae be: “Ame kae nye ame si gblɔ na wò be: ‘Kɔ wò aba nàzɔ?’ ”
13
Ame si ŋuti woda gbe le la, medze si Yesu o, elabe ameha gã aɖe nɔ afi ma, eye Yesu ɖe eɖokui ɖe aga le wo dome.
14
Emegbe la, Yesu kpɔ ame la le mawuxɔ la me eye wògblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, wò lã me sẽ! Mègawɔ nuvɔ̃ azɔ o. Ne ègawɔe la, nuvɔ̃ɖi wu esia awɔ wò.”
15
Ŋutsu la dzo yi ɖagblɔ na Yudatɔwo be Yesue nye ame si da gbe le ye ŋu.
16
Ale Yudatɔwo de asi Yesu yometiti me, elabe eda gbe le ame ŋu le Dzudzɔgbe.
17
Yesu gblɔ na wo be: “Tɔ́nye gale dɔwɔwɔ dzi ko, eye nye hã mele dɔ wɔm.”
18
Esia ta Yudatɔwo gadi vevie wu be yewoawu Yesu, elabe menye ɖoɖo si le Dzudzɔgbe ŋu la ko dzi wòda o, ke boŋ egblɔ hã be: Mawue nye ye Tɔ́, ale eto esia me fia be yesɔ kple Mawu.
19
Yesu gblɔ na wo be: “Nyateƒe tom mele na mi, be Vi la mate ŋu awɔ naneke le eya ŋutɔ ɖokui si o. Nu si wɔm Tɔ́ la le wòkpɔ la, eya kee Vi la hã wɔna.
20
Elabe Tɔ́ la lɔ̃ Via eye wòfia nu sia nu si eya ŋutɔ le wɔwɔm la Vi la hã. Ele dɔ gãwo wu esiawo fia ge Vi la be wòawɔ ale be miaƒe nu naku.
21
Abe ale si Tɔ́ la fɔa ame kukuwo ɖe tsitre, eye wònaa agbe wo ene la, nenema ke Vi la hã naa agbe ame si wòdi lae.
22
Tɔ́ la medrɔ̃a ʋɔnu ame aɖeke o, ke etsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ katã de Vi la si,
23
bene ame sia ame nabu Vi la, abe ale si wòbua Tɔ́ la ene. Ame si mebua Vi la o la, mebua Tɔ́ la, ame si dɔe ɖa la hã o.
24
“Nyateƒe tom mele na mi, be ame si sea nye nya eye wòxɔ ame si dɔm ɖa la dzi se la, agbe mavɔ le esi. Womadrɔ̃ ʋɔnui o, ke eto ku me yi ɖe agbe la me xoxo.
25
Nyateƒe tom mele na mi be ɣeyiɣi li gbɔna, si me ame kukuwo ase Mawu Vi la ƒe gbe, eye ame siwo see la woanɔ agbe. Nenem ɣeyiɣi sia de gɔ̃ hã xoxo.
26
Abe ale si agbe le Tɔ́ la ŋutɔ me ene la, nenema ke wòna agbe le Vi la ŋutɔ hã me.
27
Ena ŋusẽe be wòadrɔ̃ ʋɔnu, elabe eyae nye Amegbetɔ Vi la.
28
Esia megawɔ mo yaa na mi o. Ɣeyiɣi li gbɔna, si me ame siwo katã le yɔdowo me la lase Amegbetɔ Vi la ƒe gbe,
29
eye woado go. Ame siwo wɔ nu nyui la, woatsi tsitre anɔ agbe, eye ame siwo wɔ nuvɔ̃ɖi la, woatsi tsitre bene woabu fɔ wo.
30
“ Nyemate ŋu awɔ naneke le nye ŋutɔ nye ŋusẽ me o. Nu si mese la, eya nue medrɔ̃a ʋɔnu ɖo, eye nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la le dzɔdzɔe elabe nyemewɔa nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nue mewɔna.
31
“Ne meɖi ɖase le ɖokuinye ŋuti la, nye ɖaseɖiɖi la menye nyateƒe o.
32
Ame bubu li, si ɖia ɖase le ŋunye, eye menya be ɖase si ɖim wòle le ŋutinye la nye nyateƒe.
33
Miedɔ ame ɖo ɖe Yohanes gbɔ, eye wògblɔ nyateƒe la na mi.
34
Ke nye la, nyemele gbɔgblɔm be mehiã amegbetɔ ƒe ɖaseɖiɖi le ŋutinye o. Megblɔ esia bene woaxɔ mi ɖe agbe.
35
Yohanes le abe akaɖi si le bibim eye wòle keklẽm la ene, eye mielɔ̃ be yewoakpɔ dzidzɔ le eƒe kekelia nu ɣeyiɣi ʋɛ aɖe ko.
36
Ke nye la, ɖaseɖiɖi si de blibo wu Yohanes tɔ la le asinye. Elabe dɔ siwo Tɔ́nye ɖe mɔ nam be mawɔ awu enu, siwo wɔm mele la, woawoe le ɖase ɖim le ŋutinye be Tɔ́ lae dɔm ɖa.
37
Tɔ́nye, ame si dɔm ɖa la, eya ŋutɔe ɖi ɖase le ŋutinye. Miese eƒe gbe kpɔ o, eye miekpɔ ale si wòle la hã kpɔ o.
38
Eƒe nya la mele mia me o, elabe ame si wòdɔ ɖa la miexɔ eyama dzi se o.
39
Miele mawunyagbalẽawo me dzrom tsitotsito elabe miesusu be yewokpɔa agbe mavɔ le wo me. Mawunyagbalẽawoe le ɖase ɖim le ŋutinye.
40
Gake miegbe be yewomava gbɔnye akpɔ agbe o.
41
“Nyemedi be amewo nakafum o.
42
Ke menya be mielɔ̃ Mawu o.
43
Meva le Tɔ́nye ŋkɔ me, ke miexɔm o. Ne ame bubu aɖe ava le eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ me la, miaxɔ eyama.
44
Ale ke lawɔ miate ŋu axɔ ase, esi miele kafukafu dim tso mia nɔewo gbɔ eye miedi kafukafu si tso Mawu ɖeka hɔ̃ la ko gbɔ o?
45
Migabu be nyee atso mia nu na Tɔ́ la o. Mose, ame si dzi mieda miaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo lae le mia nu tsom.
46
Ɖe miexɔ Mose dzi se vavã la, anye ne miaxɔ nye hã dzinye ase, elabe eya ŋlɔ nya ɖi le ŋutinye.
47
Ke ne miexɔ nu si wòŋlɔ ɖi la dzi se o la, ale ke lawɔ miaxɔ nye nyawo dzi ase?”
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21