bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Revelation 1
Revelation 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 2 →
1
Esia nye Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia si Mawu nae be wòaɖe afia eƒe dɔlawo le nu siwo le dzɔdzɔ ge kpuie la ŋuti. Kristo to eƒe mawudɔla dzi na eƒe dɔla Yohanes nya nu siawo.
2
Yohanes ɖi ɖase le nu siwo katã wòkpɔ la ŋu. Eɖi ɖase le Mawu ƒe nya la kple nya si do le Yesu Kristo nu la ŋu.
3
Woyra ame si xlẽ Mawu ƒe gbedeasi sia. Woyra ame siwo se nu si woxlẽ la, eye wowɔ nya si woŋlɔ ɖi la dzi la, elabe ɣeyiɣi la tu aƒe.
4
Nye Yohanes ye le nya siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi, hame adrẽ, siwo le Asia-nutome la be: Mawu si li fifia, si le anyi tso gbe aɖe gbe, eye wòle vava ge la neve mia nu, eye wòana ŋutifafa mi. Nenema ke gbɔgbɔ adrẽ siwo le tsitre ɖe Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ kple
5
Yesu Kristo, ɖaseɖila nyateƒetɔ si nye ame siwo Mawu fɔ tso ame kukuwo dome la ƒe ŋgɔdola, eye wònye anyigbadzifiawo hã dziɖula la, neve mia nu eye woana ŋutifafa mi. Eyama ame si lɔ̃ mí, eye wòɖe mí tso míaƒe nuvɔ̃wo me kple eƒe ʋu,
6
ame si ɖo fiaɖuƒe anyi na mí, eye wòwɔ mí nunɔlawoe, be míasubɔ yeƒe Mawu kple Tɔ́ la, tɔe nye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.
7
Mikpɔ ɖa, ele vava ge le alilikpowo dzi! Ame sia ame akpɔe! Ame siwo tsɔ nu ƒo ɖee hã le ekpɔ ge! Anyigbadzitɔwo katã lawó avi hoo ɖe eŋuti! Esia nye nyateƒe! Amen.
8
Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, si li fifia, si le anyi tso gbe aɖe gbe, eye wòle vava ge la gblɔ be: “Nyee nye Gbãtɔ ganye Mlɔetɔ.”
9
Nye Yohanes, mia nɔvi, ame si nɔ Yesu yome kpli mi, eye míedo dzi kpe fu le dzigbɔɖeanyi me le fiaɖuƒe la ta, lae le nya sia gblɔm. Menɔ ƒukpo si woyɔna be Patmos la dzi le Mawu ƒe nya la ta, be maɖi ɖase le Yesu ŋu.
10
Le Aƒetɔ la ƒe ŋkeke dzi la, Gbɔgbɔ la ɖo menye. Tete mese gbe aɖe ɖi le megbenye sesĩe abe kpẽkuku ene
11
be: “Ŋlɔ nu si nèkpɔ la ɖi, eye nàtsɔ agbalẽ la aɖo ɖe hame adrẽ, siwo le Efeso, Smirna, Pergamo, Tiatira, Sardis, Filadelfia kple Laodikea.”
12
Metrɔ be makpɔ ame si le nu ƒom nam la ɖa. Kasia mekpɔ sikakaɖiti adrẽ.
13
Nane, si le abe amegbetɔ ene la le wo dome. Edo awu ʋlaya legbe, si ɖo afɔgɔme nɛ, eye wòbla edzi ɖe akɔta kple sikanudziblanu.
14
Eƒe ta kple taɖa fu tititi abe alẽfu ɣi alo tsikpe ene, eye eƒe ŋkuwo le abe dzo bibi ene.
15
Eƒe afɔwo le keklẽm abe ga dzẽ si wode dzo me heƒã la ene, eye eƒe gbe le abe tsitsetse gã aɖe ƒe ɖiɖi ene.
16
Elé ɣletivi adrẽ ɖe nuɖusi; yi nuevee ɖaɖɛ do tso eƒe nu me, eye eƒe mo le keklẽm abe ŋdɔkutsu ene.
17
Esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔnu hezu abe ame kuku ene. Ke etsɔ eƒe nuɖusi da ɖe dzinye gblɔ be: “Mègavɔ̃ o, nyee nye Gbãtɔ ganye Mlɔetɔ,
18
kple ame si le agbe. Meku kpɔ, ke azɔ la, mele agbe. Ku kple tsiẽƒe ƒe safuiwo le asinye.
19
Azɔ la, ŋlɔ nu siwo nèkpɔ, esiwo li fifi kple esiwo le dzɔdzɔ ge emegbe la ɖi.
20
Nya ɣaɣla si le ɣletivi adrẽ siwo nèkpɔ le nye nuɖusi kple sikakaɖiti adrẽawo me lae nye esi: Ɣletivi adrẽawo nye hame adrẽawo ƒe mawudɔlawo, eye akaɖiti adrẽawo nye hame adrẽawo.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22