bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Revelation 6
Revelation 6
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 7 →
1
Azɔ la, mekpɔ Alẽvi la wòɖe nutrenu adrẽawo dometɔ gbãtɔ ɖa. Tete mese nugbagbeawo dometɔ ɖeka ƒo nu abe dzie ɖe gbe ene gblɔ be: “Va!”
2
Kpɔ ɖa, mekpɔ sɔ ɣi aɖe. Edola lé dati ɖe asi, eye wotsɔ fiakuku aɖe nɛ. Edo go abe dziɖula ene, eye wòyi be yeaɖaɖu dzi.
3
Emegbe la, Alẽvi la ɖe nutrenu evelia ɖa, eye mese nugbagbe evelia gblɔ be: “Va!”
4
Sɔ bubu do. Ebiã hẽe. Woɖe mɔ na edola be wòaɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi, ale be amewo nawu wo nɔewo, eye wotsɔ yi gã aɖe nɛ.
5
Alẽvi la ɖe nutrenu etɔ̃lia ɖa, eye mese nugbagbe etɔ̃lia gblɔ be: “Va!” Kpɔ ɖa, sɔ yibɔ aɖe do. Edola lé nudanu ɖe asi.
6
Mese gbe aɖe abe nugbagbe eneawo dome wòɖi tso ene gblɔ be: “Lu nudzidzenu ɖeka naxɔ sikaga ɖeka, eye ƒo nudzidzenu etɔ̃ naxɔ sikaga ɖeka, ke mègagblẽ ami kple wain o!”
7
Esia yome la, Alẽvi la ɖe nutrenu enelia ɖa, eye mese nugbagbe enelia gblɔ be: “Va!”
8
Kpɔ ɖa, sɔ flukpe aɖe do. Edola la ŋkɔe nye Ku, eye Tsiẽƒe le eyome. Wona ŋusẽ wo ɖe xexea me ƒe akpa enelia dzi be woatsɔ aʋawɔwɔ, dɔwuame, dɔ vɔ̃ kpakple lã wɔadãwo awu amewoe.
9
Esi Alẽvia ɖe nutrenu atɔ̃lia ɖa la, mekpɔ ame siwo wowu le Mawu ƒe nya la kple ale si woɖi ɖase le eŋuti la ta la ƒe luʋɔwo le vɔsamlekpui la te.
10
Wodo ɣli sesĩe be: “Aƒetɔ dziɖula, kɔkɔetɔ kple nyateƒetɔ, ɣe ka ɣi koŋ nèle ʋɔnu drɔ̃ ge ame siwo wu mí le anyigba dzi, eye nàbia hlɔ̃ na mí mahã?”
11
Wotsɔ awu ɣi ʋlaya na wo dome ame sia ame, eye wogblɔ na wo be woagalala ʋɛ, va se ɖe esime woatsɔ wo havi subɔlawo kple wo nɔvi siwo wu ge woala, abe woawo ke ene la ƒe xexlẽme akpe ɖe wo tɔ ŋu, ale be xexlẽmea nade.
12
Azɔ la, mekpɔ Alẽvi la wòɖe nutrenu adelia la ɖa. Kpɔ ɖa, anyigba ʋuʋu sesĩe. Ɣe trɔ zu yibɔ hele abe avɔ yibɔ ƒlatsa ene; ɣleti trɔ zu abe ʋu ene.
13
Ɣletiviwo ge dze anyi, abe ale si atikutsetse gbogbowo duduna ɖe anyigba ne ya sesẽ ƒo ene.
14
Dziŋgɔli bu vĩ zi ɖeka abe ale si woŋlɔa agbalẽ ene, eye woɖe to kple ƒukpo ɖe sia ɖe ɖa le enɔƒe.
15
Anyigbadzifiawo, dziɖulawo, aʋakplɔlagãwo, kesinɔtɔwo, ŋusẽtɔwo kple ame bubuwo katã, kluviwo kple ablɔɖeviwo siaa ɣla wo ɖokui ɖe agadowo me kple agakpe siwo le towo dome la te.
16
Wogblɔ na towo kple agakpewo be: “Mimu dze mía dzi, ne miaɣla mí tso ame si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi la ŋkume kple Alẽvi la ƒe dziku nu,
17
elabe woƒe dɔmedzoe ŋkeke dziŋɔ la ɖo. Ame kae ate ŋu anɔ te ɖe enu?”
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22