bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Revelation 14
Revelation 14
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 15 →
1
Azɔ mekpɔ Alẽvi la wòle tsitre ɖe Zion-to la dzi. Ame akpe alafa ɖeka bla ene vɔ ene, siwo ƒe ŋgonu woŋlɔ eya kple Tɔ́a ŋkɔ ɖo la, le eŋu.
2
Tete mese gbe aɖe ɖi le dziƒo, abe tsitsetse gã ƒe ɖiɖi alo dziɖegbe sesẽ ene. Gbe si mese la gaɖi kasaŋkuƒoƒo hã.
3
Wole ha yeye aɖe dzim le fiazikpui la kple nugbagbe eneawo kpakple ametsitsiawo ŋkume. Ame aɖeke mate ŋu asrɔ̃ ha la o, negbe ame akpe alafa ɖeka bla ene vɔ ene, siwo ta woxe fe ɖo le anyigba dzi la ɖeɖe ko.
4
Wonye ame siwo medɔ kple nyɔnu kpɔ o, eye wonye ɖetugbi siwo mede ŋutsu gbɔ kpɔ o. Woawoe nye ame siwo nɔa Alẽvi la yome yia afi sia afi si wòyina la. Woawo tae woxe fe ɖo, le amegbetɔwo dome, eye wonye ame gbãtɔ siwo wotsɔ na Mawu kple Alẽvi la.
5
Womeka aʋatso kpɔ o; mokaka aɖeke hã mele wo ŋu o.
6
Azɔ la, mekpɔ mawudɔla bubu aɖe, si le dzodzom le dziƒo kple anyigba dome. Nyanyui mavɔ la le esi, eye wòdi be yeaɖe gbeƒãe na anyigbadzinɔlawo, amegbetɔƒomeawo katã, to sia to, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple dukɔ sia dukɔ.
7
Mawudɔla la do ɣli sesĩe gblɔ be: “Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ bubu nɛ, elabe ɣeyiɣi la de be wòadrɔ̃ ʋɔnu amegbetɔƒome la. Misubɔ eyama, si wɔ dziƒo kple anyigba, atsiaƒu kple tsidzidziwo.”
8
Mawudɔla evelia kplɔ gbãtɔ ɖo le gbɔgblɔm be: “Egbã loo! Babilonia xɔŋkɔ la gbã loo! Du si kpe ahasiwɔwɔ na dukɔwo katã wono abe wain ene, eye wòhe dɔmedzoe va wo dzi la, gbã gudugudu!”
9
Mawudɔla bubu kplɔ gbãtɔ eveawo ɖo le gbɔgblɔm kple ɣli sesĩe be: “Ne ame aɖe subɔ lã la kple eƒe nɔnɔmekpakpa la, eye eƒe dzesi le eƒe ŋgonu alo asi ŋu la,
10
ano Mawu ƒe dɔmedzoe kple dziku sesẽ la abe wain tsimatɔ si wokɔ ɖe kplu me wòyɔ banaa la ene. Woatsɔ dzo kple dzokpe awɔ funyafunya ame sia le mawudɔla kɔkɔeawo kple Alẽvi la ŋkume.
11
Dzudzɔ si le tutum le funyafunya me la, ade dzi tso mavɔ me yi mavɔ me. Ame siawo, siwo subɔ lã la kple eƒe nɔnɔmekpakpa la kple ame siwo ŋu lã la ƒe ŋkɔdzesi le la, makpɔ gbɔɖeme zã kple keli akpɔ o.”
12
Wogblɔ esia be ame siwo ŋu wokɔ kple ame siwo lé Mawu ƒe sewo me ɖe asi, eye woxɔ Yesu dzi se la nado dzi.
13
Azɔ la, mese gbe aɖe ɖi tso dziƒo le gbɔgblɔm be: “Ŋlɔ ɖi be: Tso azɔ heyina la, woyra ame siwo le hadede me kple Aƒetɔ la hafi ku la!” Gbɔgbɔ la xɔ ɖe edzi be: “Woyra wo nyateƒe! Woavo tso woƒe fukpekpe me, elabe woƒe dɔwɔwɔ layi kpli wo.”
14
Azɔ mekpɔ alilikpo ɣi aɖe, si dzi nane si le abe amegbetɔ ene la bɔbɔ nɔ. Sikafiakuku le eta, eye hɛ gobɛ ɖaɖɛ aɖe le esi.
15
Mawudɔla bubu do tso mawuxɔ la me, eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ gblɔ na ame si bɔbɔ nɔ alilikpo la dzi be: “Nuŋeɣi ɖo! Do nuŋehɛ la ɖa ne nàŋe nu, elabe anyigbadzinukuwo ʋã na ŋeŋe!”
16
Ale ame si bɔbɔ nɔ alilikpo la dzi nye eƒe hɛ gobɛ la le anyigba dzi, eye wòŋe anyigbadzinukuwo.
17
Mekpɔ mawudɔla bubu wòdo tso mawuxɔ si le dziƒo la me. Hɛ gobɛ ɖaɖɛ aɖe le eya hã si.
18
Tete mawudɔla bubu, si kpɔ ŋusẽ ɖe dzo dzi la do tso vɔsamlekpui la me. Edo ɣli sesĩe gblɔ na mawudɔla si lé hɛ gobɛ ɖaɖɛ la ɖe asi la be: “Waintsetseawo ɖi! Do wò hɛ gobɛ la ɖa ne nàtso wainkpowo le anyigba la ƒe wainbɔ la me.”
19
Ale mawudɔla la nye eƒe hɛ la le anyigba dzi, eye wòtso waintsetse siwo le anyigba dzi. Elɔ wo ƒo ɖe wainfiãnu gã si nye Mawu ƒe dɔmedzoe la me.
20
Wofanya waintsetseawo kple afɔ le dua godo, eye ʋu ɖuɖu tso wainfiãnu la me. Ʋu la ɖɔ ŋutɔ. Eme goglo abe afɔ atɔ̃ ene, eye wòtsa heyi abe agbadroƒe alafa eve sɔŋ ene.
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 15 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22