bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Revelation 15
Revelation 15
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 16 →
1
Esia megbe la, mekpɔ dzesi gã bubu le dziƒo si wɔ nuku ale gbegbe. Esiae nye mawudɔla adrẽ siwo si fuwɔame adrẽ le la. Fuwɔame siawoe nye mamlɛtɔwo, elabe woawoe ɖe Mawu ƒe dɔmedzoe mamlɛtɔ fia.
2
Mekpɔ atsiaƒu wòle abe ahuhɔ̃e si me biã hẽe abe dzo ene la ene. Ame siwo ɖu lã la, eƒe nɔnɔmekpakpa kple xexlẽmedzesi si nye eƒe ŋkɔ dzi la, le tsitre ɖe ahuhɔ̃eƒu la nu, eye Mawu ƒe kasaŋkuwo le wo si.
3
Wodzi Mawu ƒe dɔla, Mose kple Alẽvi la ƒe ha be: “O Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, wò dɔwɔwɔwo lolo eye wowɔ nuku loo! Wò dukɔwo ƒe Fia, Wò mɔwo le dzɔdzɔe eye wonye nyateƒe!
4
O Aƒetɔ, ame ka gɔ̃e mavɔ̃ wò o? Ame kae made bubu wò ŋkɔ ŋuti o? Elabe wò koe le kɔkɔe, dukɔwo katã ava subɔ wò, elabe woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖe go fia.”
5
Tete mekpɔ mawuxɔ si le dziƒo kple Mawu ƒe agbadɔ si me wònɔna la wole ʋuʋu ɖi.
6
Mawudɔla adrẽ, siwo si me fuwɔame adrẽawo le la do tso mawuxɔ la me. Wodo aklala bíɖibiɖi wu dzadzɛ si le dzo dam la, eye wotsɔ sikanudziblanu bla akɔtae.
7
Tete nugbagbe eneawo dometɔ ɖeka tsɔ sikakplu adrẽ, siwo yɔ taŋ kple Mawu, ame si li tso mavɔ me yi mavɔ me la ƒe dɔmedzoe la, na mawudɔla adrẽawo.
8
Dzudzɔ si do tso Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple eƒe ŋusẽ me la, yɔ mawuxɔ la taŋ. Ame aɖeke mete ŋu ge ɖe mawuxɔ la me o, va se ɖe esime fuwɔame adrẽ siwo mawudɔla adrẽawo he vɛ la nu va yi keŋ.
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 16 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22