bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Revelation 21
Revelation 21
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 22 →
1
Esia megbe la, mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye. Elabe dziƒo gbãtɔ kple anyigba gbãtɔ nu va yi. Atsiaƒu hã megali o.
2
Tete mekpɔ Yerusalem yeye, du kɔkɔe la, wòɖi tso Mawu gbɔ le dziƒo gbɔna. Woɖo atsyɔ̃ nɛ nyuie abe ŋugbetɔ si wodzra ɖo na srɔ̃a ene.
3
Azɔ mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ gblɔ be: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe nɔƒe le amegbetɔwo dome azɔ. Anɔ wo gbɔ, eye woanye eƒe dukɔ. Mawu ŋutɔ anɔ kpli wo, [eye wòanye woƒe Mawu.]
4
Atutu aɖatsi ɖe sia ɖe ɖa le woƒe ŋkume. Ku maganɔ anyi o. Nenema ke nuxaxa, avifafa kple vevesese hã maganɔ anyi o, elabe nu siwo nɔ anyi gbã la nu va yi.”
5
Tete ame si bɔbɔ nɔ fiazikpuia dzi la gblɔ be: “Kpɔ ɖa, megbugbɔ nu sia nu wɔ yeye.” Egagblɔ hã be: “Ŋlɔe ɖi, elabe nyateƒenyawoe, eye woate ŋu aɖo dzi ɖe wo ŋu.”
6
Egblɔ nam be: “Nu sia nu de azɔ! Nyee nye Gbãtɔ ganye Mlɔetɔ, gɔmedzedzea kple nuwuwua. Ame si tsikɔ le wuwum la, mana tsi si naa agbe lae tso vudo si dzina ɖaa la me wòano femaxee.
7
Ame sia ame si ɖu dzi la, nu siawo asu esi. Manye eƒe Mawu, eye eya hã anye vinye.
8
Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo, dzimaxɔsetɔwo, ŋunyɔnuwɔlawo, amewulawo, matrewɔlawo, afakalawo, trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo katã ya la, woakpɔ wo tɔ gome le dzotá si me dzokpewo le bibim le la me. Esiae nye ku evelia.”
9
Azɔ mawudɔla siwo tsɔ kplu adrẽ, siwo yɔ taŋ kple fuwɔame adrẽ mamlɛawo la dometɔ ɖeka va gbɔnye hegblɔ nam be: “Va, ne mafia ŋugbetɔ si nye Alẽvi la srɔ̃ wò.”
10
Gbɔgbɔ la ɖo menye eye mawudɔla la kɔm yi ɖe to kɔkɔ gã aɖe dzi. Efia Yerusalem, du kɔkɔe lam, wòɖi tso Mawu gbɔ le dziƒo gbɔna.
11
Ele keklẽm kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe. Eƒe keklẽ le abe kpe xɔasi tɔxɛ ene. Ele abe yaspakpe ene eye eme kɔ abe ahuhɔ̃e ene.
12
Gli kɔkɔ titri, ƒo xlãe, eye agbo wui eve le gliawo ŋu. Mawudɔla wui eve le agboawo nu. Woŋlɔ Israel-to wui eveawo ƒe ŋkɔwo ɖe agboawo ŋu.
13
Agbo etɔ̃ le ɣedzeƒe, etɔ̃ le dzigbeme, etɔ̃ le anyigbeme eye etɔ̃ le ɣetoɖoƒe hã.
14
Gɔmeɖokpe wui evee li na dua ƒe gliawo, eye woŋlɔ Alẽvi la ƒe amedɔdɔ wui eveawo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.
15
Mawudɔla si ƒo nu kplim la lé sikanudzidzeti si wòatsɔ adzidze dua, eƒe agboawo kple gliawo ɖe asi.
16
Dzogoe ene li na dua, eye eƒe axawo ƒe didime kple kekeme sɔ. Mawudɔla la dzidze dua kple eƒe nudzidzeti la, eye wòkpɔ be axa ɖeka didi agbadroƒe akpe ɖeka alafa atɔ̃. Dua ƒe didime, kekeme kple kɔkɔme sɔ.
17
Mawudɔla la dzidze gli la hã; eya kɔ meta bla ade, le nudzidzenu si ŋudɔ wɔm wòle la nu.
18
Kpe si wotsɔ ɖo gli lae nye yaspa, eye wotsɔ sika nyuitɔ si me kɔ abe ahuhɔ̃e ene la tso du la ŋutɔe.
19
Wotsɔ kpe xɔasi ƒomevi vovovowo ɖo atsyɔ̃ na dua ƒe gliwo ƒe gɔmeɖokpeawoe. Gɔmeɖokpe gbãtɔ nye kpe si woyɔna be yaspa, evelia nye safir, etɔ̃lia nye xalkedon, enelia nye smaragad,
20
atɔ̃lia nye sardonik, adelia nye sardis, adrẽlia nye krisolit, enyilia nye beril, asiekelia nye topas, ewolia nye krisopras, wui ɖekɛlia nye hiakint, wui evelia nye ametist.
21
Du la ƒe agbo wui eveawo nye adzagba wui eve. Adzagba blibo ɖeka wotsɔ wɔ agboawo dometɔ ɖe sia ɖee. Dua ƒe ablɔ nye sika nyuitɔ sɔŋ eye wokpɔa nu toa eme abe ahuhɔ̃e ene.
22
Nyemekpɔ gbedoxɔ aɖeke le du la me o, elabe Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ kple Alẽvi la nye eƒe gbedoxɔ.
23
Ɣe alo ɣleti mehiã le dua me o, elabe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe nye eƒe kekeli, eye Alẽvi la nye eƒe akaɖi.
24
Eƒe kekeli mee dukɔ siwo le xexea me la lazɔ, eye anyigbadzifiawo atsɔ woƒe kesinɔnuwo ava emee.
25
Womatu dua ƒe agbowo le ŋkeke me o, eye zã mado le eme akpɔ o.
26
Dukɔwo atsɔ woƒe atsyɔ̃ɖonuwo kple kesinɔnuwo ava dua mee.
27
Ke nu makɔmakɔ aɖeke mage ɖe dua me o. Aʋatsokalawo kple ŋukpenanuwɔlawo manɔ eme o. Ame siwo ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖe Alẽvi la ƒe agbalẽ si me woŋlɔ agbenɔlawo ƒe ŋkɔ ɖo la koe anɔ eme.
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 22 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22