bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Revelation 19
Revelation 19
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 20 →
1
Esia megbe la, mese gbe aɖe abe ameha gã aɖe ƒe gbe ene le ɖiɖim le dziƒo le gbɔgblɔm be: “Mikafu Mawu! Agbexɔxɔ, ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ nye mía Mawu la tɔ.
2
Edrɔ̃a ʋɔnu nyateƒetɔe, eye wòtsoa afia dzɔdzɔe. Ebu fɔ gbolo si gblẽ anyigba dzi kple eƒe ahasiwɔwɔ la, hebia hlɔ̃e, elabe eyae wu eƒe subɔlawo.”
3
Wogado ɣli ake be: “Mikafu Mawu! Gbolodua ƒe dzudzɔ la anɔ tutum ayi dziƒo tegbee.”
4
Ame tsitsi bla eve vɔ eneawo kple nugbagbe eneawo de ta agu na Mawu, ame si bɔbɔ nɔ fiazikpuia dzi, eye wogblɔ be: “Amen! Mikafu Mawu!”
5
Tete gbe ɖi tso fiazikpui la gbɔ be: “Mikafu mía Mawu la, mi esubɔlawo katã, mi ɖevi kple ametsitsi siwo katã vɔ̃nɛ.”
6
Emegbe gbe aɖe ɖi. Ele abe ameha gã aɖe ƒe ɣlidodo, alo tsitsetse gã aɖe ƒe ɖiɖi alo dziɖegbe sesẽ ene. Ele gbɔgblɔm be: “Mikafu Mawu, elabe Aƒetɔ mía Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la le fia ɖum!
7
Mina míakpɔ dzidzɔ, adoe ɖe dzi atsɔ bubu nɛ, elabe Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖe ŋkekenyui la ɖo, eye srɔ̃a dzra eɖokui ɖo vɔ.
8
Wotsɔ aklala bíɖibiɖi wu si le dzo dam la nɛ be wòado.” Elabe aklala bíɖibiɖi nye nu si ɖea ame siwo ŋu wokɔ la ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ fiana.
9
Azɔ mawudɔla la gblɔ nam be: “Ŋlɔ ɖi be: Woyra ame siwo wokpe be woava Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖenuɖuƒe.” Egagblɔ nam be: “Mawu ƒe numenya tututu enye esia.”
10
Tete medze klo ɖe eƒe afɔnu be masubɔe, ke egblɔ nam be: “Mègawɔ nu ma o! Subɔlawo ko nye kple wò kpakple nɔviwò siwo le ɖase ɖim le Yesu ŋu la míenye. De ta agu na Mawu ɖeɖe ko.” Elabe ɖase si woɖina le Yesu ŋu lae do ŋusẽ Mawu ƒe gbeƒãɖelawo.
11
Esia megbe la, mekpɔ dziƒo wòʋu ɖi, eye sɔ ɣi aɖe le dzedzem. Ame si bɔbɔ nɔ edzi la ŋkɔe nye “Nuteƒewɔla” kple “Nyateƒetɔ.” Edrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe, eye wòwɔa aʋa le dzɔdzɔenyenye nu.
12
Eƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene, eye fiakuku geɖewo le eta. Woŋlɔ ŋkɔ aɖe ɖe eŋu si ame aɖeke menya o, negbe eya ŋutɔ ko.
13
Edo awu aɖe, si wonyrɔ ɖe ʋu me. Eŋkɔe nye “Mawu ƒe nya la.”
14
Dziƒoʋakɔwo do aklala bíɖibiɖi wu dzadzɛ ɣiwo, eye wole sɔ ɣiwo dzi kplɔe ɖo.
15
Aʋayi ɖaɖɛ aɖe le enu si wòatsɔ atsrɔ̃ dukɔwoe. Aɖu wo dzi kple gatikplɔ eye afanya nu kple Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dziku kple dɔmedzoe, abe ale si wofanyaa wain le wainfiãnu me la ene.
16
Ŋkɔ si woŋlɔ ɖe eƒe awu ʋlaya kple ata ŋu lae nye: “Fiawo ƒe Fia” kple “Aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ.”
17
Emegbe la, mekpɔ mawudɔla aɖe, wòle tsitre ɖe ɣe ŋkume. Edo ɣli sesĩe yɔ xe siwo katã dzona le ya me la gblɔ be: “Miva loo! Miva ƒo ƒu ne miaɖu Mawu ƒe fiẽnuɖuɖu gã la.
18
Miva ɖu fiawo, aʋafiawo, asrafowo, sɔwo kple sɔdolawo ƒe ŋutilã; ame sia ame tɔ ko, ablɔɖemewo kple kluviwo, ametsitsiwo kple ɖeviwo siaa ƒe ŋutilã!”
19
Tete mekpɔ lã la kple anyigbadzifiawo kpakple woƒe aʋakɔwo woho aʋa ɖe sɔdola la kple eƒe aʋakɔwo ŋu.
20
Woɖe aboyo lã la kple aʋatsogbeƒãɖela si wɔ nukunuwo. Nukunu siawo wòtsɔ ble ame siwo ŋu lã la ƒe dzesi le kple ame siwo subɔ eƒe nɔnɔmekpakpaa lae. Wotsɔ lã la kple aʋatsogbeƒãɖela la ƒu gbe agbagbee ɖe dzotá si me dzokpewo le bibim le la me.
21
Mamlɛawo ya la, wowu wo kple yi si do tso sɔdola la ƒe nu me, eye xewo katã ɖu woƒe ŋutilã ale si woate ŋui.
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 20 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22