bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Revelation 7
Revelation 7
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 8 →
1
Esia megbe la, mekpɔ mawudɔla ene, siwo le tsitre ɖe anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi. Woxe mɔ na anyigbadziya eneawo be womagaƒo le anyigba alo atsiaƒu dzi alo le ati aɖeke me o.
2
Azɔ megakpɔ mawudɔla bubu do tso ɣedzeƒe gbɔna, eye Mawu gbagbe la ƒe dzesidenu la le esi. Mawudɔla sia do ɣli sesĩe ɖo ɖe mawudɔla ene, siwo woɖe mɔ na be woawɔ nu vevi anyigba kple atsiaƒu la
3
gblɔ be: “Migawɔ nu vevi anyigba, atsiaƒu alo atiwo o, va se ɖe esime míatsɔ nutrenu la ade dzesi ŋgonu na míaƒe Mawu la ƒe dɔlawo gbɔ.”
4
Tete woyɔ ame siwo wode dzesii kple nutrenuawo tso Israel ƒe toawo katã me la ƒe xexlẽme mese. Eyae nye ame akpe alafa ɖeka bla ene vɔ ene.
5
Le Yuda ƒe toa me la, wode dzesi ame akpe wui eve; le Ruben ƒe toa me la, wode dzesi ame akpe wui eve; le Gad ƒe toa me la, wode dzesi ame akpe wui eve;
6
le Aser ƒe toa me la, wode dzesi ame akpe wui eve; le Naftali ƒe toa me la, wode dzesi ame akpe wui eve; le Manase ƒe toa me la, wode dzesi ame akpe wui eve;
7
le Simeon ƒe toa me la, wode dzesi ame akpe wui eve; le Levi ƒe toa me la, wode dzesi ame akpe wui eve; le Isaxar ƒe toa me la, wode dzesi ame akpe wui eve;
8
le Zebulon ƒe toa me la, wode dzesi ame akpe wui eve; le Yosef ƒe toa me la, wode dzesi ame akpe wui eve, eye le Benyamin ƒe toa me la, wode dzesi ame akpe wui eve.
9
Esia megbe la, mekpɔ ameha gã aɖe, si ame aɖeke mate ŋu axlẽ o la. Wotso amegbetɔƒomea katã me. Wotso to sia to, dukɔ sia dukɔ kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me, eye wodze ŋgɔ fiazikpui la kple Alẽvi la. Wo katã wodo awu ɣi ʋlaya, eye wolé deʋayawo ɖe asi.
10
Wole gbɔgblɔm kple ɣli sesĩe be: “Mía Mawu si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi kple Alẽvi la koe xɔa ame ɖe agbe!”
11
Mawudɔlawo katã tsi tsitre ƒo xlã fiazikpui la kple ametsitsiawo kpakple nugbagbe eneawo, eye wo katã wotsyɔ mo anyi ɖe fiazikpui la ŋgɔ, hesubɔ Mawu
12
gblɔ be: “Amen! Kafukafu, ŋutikɔkɔe, nunya, akpedada, bubu, ŋusẽ kple ŋutete nanye mía Mawu la tɔ tso mavɔ me yi mavɔ me! Amen!”
13
Ame tsitsiawo dometɔ ɖeka biam se be: “Ame kawoe nye esiawo le awu ɣi ʋlaya me? Afi ka wotso?”
14
Meɖo eŋu be: “Nye Aƒetɔ, nyemenya o. Wòa ènya.” Egblɔ nam be: “Woawoe nye ame siwo to fukpekpe dziŋɔ la me do dedie. Wonya woƒe awuwo, wofu tititi le Alẽvi la ƒe ʋu me.
15
Eya tae wole tsitre ɖe Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ le eƒe gbedoxɔ me le esubɔm zã kple keli. Ame si bɔbɔ nɔ fiazikpuia dzi la, ana woanɔ dedie le eŋkume.
16
Dɔ alo tsikɔ megale wo wu ge akpɔ o. Ɣe alo ŋdɔkutsu megale wo ɖu ge akpɔ o.
17
Alẽvi si le fiazikpui la titina la nye wo kplɔla. Akplɔ wo ayi afi si tsi si naa agbe le dzidzim le la, eye Mawu atutu aɖatsi le ŋkume na wo.”
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22