bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Revelation 22
Revelation 22
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
1
Mawudɔla la fia tɔsisi si me tsi naa agbe lam. Tsia me kɔ keŋkeŋ abe ahuhɔ̃e dzadzɛtɔ ene, eye wòle dodom tso Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui la me
2
hele sísim to dua ƒe ablɔ titina. Ati si naa agbe la le tɔsisi la ƒe go eveawo dzi. Etsena ɣleti sia ɣleti. Eƒe aŋgbawo nye dɔyɔgbe na dukɔwo.
3
Womagakpɔ busunu aɖeke le dua me o. Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui anɔ eme, eye eƒe dɔlawo ade ta agu nɛ.
4
Woakpɔ eŋkume, eye eŋkɔ anɔ woƒe ŋgonu.
5
Zã megale dodo ge o, eye akaɖi alo ɣe ƒe keklẽ mahiã wo o, elabe Aƒetɔ Mawu la lanye kekeli na wo, eye woaɖu dzi tso mavɔ me yi mavɔ me.
6
Azɔ la, mawudɔla la gblɔ nam be: “Nyateƒenyawoe eye woate ŋu aɖo dzi ɖe wo ŋu. Aƒetɔ Mawu, ame si tsɔ eƒe gbɔgbɔ la na eƒe gbeƒãɖelawo la dɔ eƒe mawudɔla ɖa, be wòaɖe nu siwo le eme va ge kpuie la afia eƒe dɔlawo.
7
Kpɔ ɖa, megbɔna fifi laa!” Mawu yra ame siwo lé nya siwo woɖe gbeƒãe le agbalẽ sia me la me ɖe asi!
8
Nye Yohanes, nyee nye ame si se nu siawo eye mekpɔ wo. Esi mese nu siawo eye mekpɔ wo la, medze klo ɖe mawudɔla si ɖe wo fiam la ƒe afɔnu be made ta agu nɛ.
9
Ke egblɔ nam be: “Mègawɔ nu ma o! Subɔlawo ko nye kple wò kpakple nɔviwò, siwo nye Mawu ƒe gbeƒãɖelawo kpakple ame siwo katã ɖoa to nya, siwo le agbalẽ sia me la míenye. De ta agu na Mawu ɖeɖe ko!”
10
Azɔ mawudɔla la gblɔ nam be: “Mègaɣla nya siwo wogblɔ ɖi le agbalẽ sia me la o, elabe nu siawo le eme va ge kpuie.
11
Ame si wɔa nuvɔ̃ɖi la, nenɔ nuvɔ̃ɖia wɔwɔ dzi ko; ame si wɔa ɖinu la, nenɔ ɖinuwɔwɔa dzi ko; ame si wɔa nu dzɔdzɔe la, nenɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔa dzi ko, eye ame si le kɔkɔe la, neyi edzi wòanɔ kɔkɔe ko.”
12
“Kpɔ ɖa, megbɔna fifi laa! Mehe nye fetu gbɔnae. Maxe fe na ame sia ame ɖe nu si wòwɔ la nu.
13
Nyee nye Gbãtɔ ganye Mlɔetɔ; gɔmedzedzea kple nuwuwua.”
14
Woyra ame siwo nya woƒe awu ʋlayawo, bene woana mɔ wo woaɖu ati si naa agbe la ƒe tsetse, eye woato agboawo nu age ɖe dua me.
15
Ke dua godo nɔlawo nye: avuwo, afakalawo, matrewɔlawo, amewulawo, trɔ̃subɔlawo kple ame sia ame si lɔ̃ aʋatso eye wòkanɛ.
16
“Nye Yesu ŋutɔe dɔ nye mawudɔla ɖa, be wòaɖi ɖase na mi le nu siawo ŋuti ne hameawo nase. Nyee nye David ƒe ke kple eƒe dzidzimevi tututu; nyee nye ŋukeɣletivi keklẽ la.”
17
Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la gblɔ be: “Va!” Ame si see la negblɔ be: “Va!” Ame si wum tsikɔ le la, neva. Ame si le tsi si naa agbe la dim la, neva xɔe no femaxee.
18
Nye la, mele egblɔm na ame sia ame si se nya siwo woɖe gbeƒãe le agbalẽ sia me la be: Ne ame aɖe tsɔ nane kpe wo la, Mawu atsɔ fuwɔame siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la akpe eƒe fukpekpewoe nɛ.
19
Nenema ke ne ame aɖe ɖe nane le nya siwo woɖe gbeƒãe le agbalẽ sia me la me la, Mawu mana eƒe asi nasu nu nyui siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi o: makpɔ gome le ati si naa agbe la me o, eye makpɔ gome le du kɔkɔe la hã me o.
20
Ame si le ɖase ɖim le nu siawo ŋu la gblɔ be: “Ẽ, megbɔna fifi laa!” Amen, Aƒetɔ Yesu, va!
21
Aƒetɔ Yesu neve amewo katã nu.
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22