bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Revelation 18
Revelation 18
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 19 →
1
Esia megbe la, mekpɔ mawudɔla bubu si ɖi tso dziƒo gbɔna. Ŋusẽ le esi ŋutɔ, eye eƒe ŋutikɔkɔe klẽ ɖe anyigba dzi.
2
Edo ɣli ŋusẽtɔe be: “Egbã loo! Babilonia xɔŋkɔ la gbã gudugudu! Etrɔ zu gbɔgbɔ vɔ̃wo, gbɔgbɔ makɔmakɔwo, xe makɔmakɔwo kple xe siwo wotsri la ƒe nɔƒe.
3
Elabe dukɔwo katã no eƒe dɔmedzoeha si eƒe ahasiwɔwɔ he vɛ la. Anyigbadzifiawo wɔ ahasi kplii, eye xexemesitsalawo zu kesinɔtɔwo to eƒe hadzedze vivivo me.”
4
Tete megase gbe bubu tso dziƒo le gbɔgblɔm be: “Nye amewo, mido go le eme! Ne menye nenem o la, miawo hã miava wɔ nuvɔ̃ siwo wòwɔ, eye woatsɔ fuwɔamewo ahe to na mi, abe ale si wotsɔ wo he to nɛ ene.
5
Elabe woli kɔ eƒe nuvɔ̃wo wokɔ ɖatɔ keke dziƒo ke, eye Mawu ɖo ŋku nu madzɔmadzɔ siwo wòwɔ la dzi.
6
Miwɔe nɛ, ɖe ale si eya hã wɔe na mi la nu. Miɖo eteƒe nɛ zigbɔzi eve, ɖe ale si eya wɔ mi la teƒe. Kplu si me wòku aha ɖo na mi la, miku eƒe teƒe eve nɛ.
7
Mina wòakpe fu, eye wòafa konyi ale si dze; ɖe eƒe atsyɔ̃ɖoɖo kple agbeɖuɖu vivivo la nu. Elabe egblɔna na eɖokui ɖaa be: ‘Fianyɔnue menye le afii. Nyemenye ahosi o, Nyemaxa nu akpɔ o!’
8
Ale fuwɔame siwo nye dɔléle, nuxaxa kple dɔwuame, aƒo ɖe edzi le ŋkeke ɖeka me. Woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ, elabe Aƒetɔ Mawu, ame si drɔ̃ ʋɔnui la, ŋusẽtɔ wònye.”
9
Ne anyigbadzifia siwo wɔ ahasi kplii, eye woɖu agbe kplii, kpɔ dzo si le efiãm la ƒe dzudzɔ wòle tutum la, woado ɣli afa avi ɖe eŋu.
10
Woanɔ adzɔge ʋĩi le vɔvɔ̃ na fu si kpem wòle la ta, agblɔ be: “Ao! Ao! Wò, du xɔŋkɔ! Wò, Babilonia ŋusẽtɔ! Gaƒoƒo ɖeka pɛ ko wotsɔ drɔ̃ ʋɔnu wò alea!”
11
Asitsala gã siwo le anyigba dzi la hã fa avi, fa konyi kplii, elabe ame aɖeke megaƒlea eƒe adzɔnuawo o.
12
Adzɔnu siawoe nye sika, klosalo, kpe xɔasi kple adzagba, aklala bíɖibiɖi, avɔ hẽ, seda kple awu dzĩ. Bubuwo hãe nye ati ʋeʋẽe ƒomeviwo katã, nu siwo katã wokpa kple nyiɖu kple ati xɔasiwo, nu siwo katã wowɔ kple ga dzẽ kple ga yibɔ kpakple kpe xɔasi.
13
Adzɔnu bubuwo hã ganye ati ʋeʋẽe si woyɔna be sinamɔn, ami ʋeʋẽe kple lifi, kotoklobo, wain, nuɖami, wɔ memee, lu, dɔwɔlãwo, ami sisi, aƒemelãwo, sɔwo, tasiaɖamwo, kluviwo kple keke ame ƒe agbe gɔ̃ hã.
14
Asitsalaawo gblɔ be: “Nu nyui siwo wò luʋɔ dina la bu ɖe wò vĩ. Wò kesinɔnuwo katã kple wò atsyɔ̃ hã bu; màgakpɔ wo akpɔ gbeɖe o.”
15
Asitsala siwo zu kesinɔtɔwo to nu siawo dzadzra me la anɔ tsitre ɖe adzɔge ʋĩi tso egbɔ, elabe wole vɔvɔ̃m na fu si kpem wòle la. Woafa avi, afa konyi kple ɣli
16
agblɔ be: “Ao! Ao! Du xɔŋkɔ; du si woɖo atsyɔ̃ na kple aklala bíɖibiɖi wu, avɔ dzĩ bíɖibiɖi wu kple awu dzĩ; du si wodo sika kple kpe xɔasiwo kpakple adzagba na lae nye esi!
17
Kesinɔnu siawo katã zu nu gbegblẽ le gaƒoƒo ɖeka pɛ ko me!” Tɔdziʋumegãwo katã kple mɔzɔlawo, tɔdziʋukulawo kple ame bubu siwo katã ɖoa tɔdziʋu tsaa asi to ƒu dzi la tsi tsitre ɖe adzɔge ke,
18
eye wofa avi kple ɣli esime wokpɔ du si le dzo bim la ƒe dzudzɔ.
19
Wolɔ kewɔ kɔ ɖe tame, fa avi hefa konyi gblɔ be: “Baba! Baba ko woado na du xɔŋkɔ sia! Afi siae tɔdziʋutɔwo kpɔ nu tso eƒe kesinɔnuwo me le ɖe! Ezu aƒedo le gaƒoƒo ɖeka pɛ ko me.”
20
O dziƒo, mi ame siwo ŋu wokɔ, mi amedɔdɔwo kple mi Mawu ƒe gbeƒãɖelawo, dzi nedzɔ mi be wohe to na du sia alea, elabe Mawu drɔ̃ ʋɔnui hebu fɔe ɖe nu si wòwɔ ɖe mia ŋu la ta!
21
Tete mekpɔ mawudɔla ŋusẽtɔ aɖe wòtsɔ kpe, si le abe té gã aɖe ene la, hedae ɖe atsiaƒu me, gblɔ be: “Alea woatsɔ Babilonia-du la axlã ɖe anyii, womagakpɔe akpɔ gbeɖe o.
22
Kasaŋku, saŋku, dze kple kpẽ magaɖi le mewò azɔ o. Womegale aɖaŋudɔwɔla aɖeke hã kpɔ ge le mewò o. Nenema ke womagase wɔtuté ƒe ɖiɖi o.
23
Akaɖi hã magaklẽ o, eye ŋugbetɔ kple srɔ̃a ƒe gbe magaɖi le mewò gbeɖe o. Elabe wò asiƒlelawoe nye xexeme ŋusẽtɔwo, eye nètsɔ wò afakaka ble dukɔwo katã.
24
Babilonia-dua mee wokpɔ Mawu ƒe gbeƒãɖelawo kple ame siwo ŋu wokɔ la ƒe ʋu le. Menye woawo tɔ ɖeɖe ko o, ke wokpɔ ame siwo katã wowu le anyigba dzi la tɔ hã.”
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 19 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22