bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Revelation 8
Revelation 8
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 9 →
1
Esi Alẽvi la ɖe nutrenu adrẽlia ɖa la, ɖoɖoe si kpoo le dziƒo abe gaƒoƒo afã ene.
2
Emegbe mekpɔ mawudɔla adrẽ le tsitre le Mawu ŋkume, eye wotsɔ kpẽ adrẽ de wo si.
3
Mawudɔla bubu si tsɔ sikadzudzɔdonu ɖe asi la va tsi tsitre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ. Wotsɔ atike ʋeʋẽe geɖe nɛ be wòatsɔ akpe ɖe Mawu ƒe amewo katã ƒe gbedodoɖa ŋu aɖo sika vɔsamlekpui si le fiazikpuia ŋgɔ la dzi.
4
Atike ʋeʋẽe, si wotɔ dzoe la ƒe dzudzɔ tu kpe ɖe Mawu ƒe amewo ƒe gbedodoɖawo ŋu, tso mawudɔla si le tsitre ɖe Mawu ŋkume la ƒe asiwo me yi dzi.
5
Emegbe la, mawudɔla la ɖe dzo tso vɔsamlekpui la me de dzudzɔdonu la me, eye wòtsɔe ƒu gbe ɖe anyigba dzi. Tete dzi ɖe gbe sesĩe, gbeɖiɖiwo ɖi, dzi ke dzo, eye anyigba ʋuʋu.
6
Tete mawudɔla adrẽ, siwo si kpẽ adrẽawo le la dzra ɖo be yewoaku kpẽawo.
7
Mawudɔla gbãtɔ la ku eƒe kpẽ. Tete tsikpe kple dzo tɔtɔ kple ʋu kɔ ɖe anyigba dzi. Anyigba ƒe akpa etɔ̃lia fiã; ati siwo le anyigba dzi la ƒe akpa etɔ̃lia kple gbe mumuwo keŋ fiã.
8
Mawudɔla evelia ku etɔ. Tete wotsɔ nane si le abe to gã aɖee le dzo bim ene la ƒu gbe ɖe atsiaƒu me.
9
Atsiaƒu ƒe akpa etɔ̃lia trɔ zu ʋu; nugbagbe siwo katã le atsiaƒu me la ƒe akpa etɔ̃lia ku, eye tɔdziʋuwo ƒe akpa etɔ̃lia gblẽ gbidii.
10
Mawudɔla etɔ̃lia ku eƒe kpẽ la, eye ɣletivi gã aɖe, si le keklẽm abe akakati ene la, ge tso dziƒo va dze tɔsisiwo ƒe akpa etɔ̃lia kple tsidzidziwo me.
11
Woyɔa ɣletivi la be Gbeveve. Tsiwo ƒe akpa etɔ̃lia trɔ zu tsi veve. Tsi sia wu ame geɖewo, elabe etrɔ zu aɖi.
12
Mawudɔla enelia ku eƒe kpẽ. Tete woƒo ɣe ƒe akpa etɔ̃lia, ɣleti ƒe akpa etɔ̃lia kple ɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia ale be woƒe keklẽ ƒe akpa etɔ̃lia do viviti. Esia wɔe be ŋkeke ƒe akpa etɔ̃lia kple zã hã ƒe akpa etɔ̃lia megakpɔ kekeli o.
13
Esia megbe la, mekpɔ hɔ̃ aɖe wòle dzodzom le ya me ʋĩi, eye mese wònɔ gbɔgblɔm sesĩe be: “Baba, baba, baba na anyigbadzinɔlawo! Kpẽ bubu, siwo mawudɔla etɔ̃, siwo susɔ gale kuku ge la tɔ vɔ̃ɖi wu!”
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 9 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22