bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Revelation 20
Revelation 20
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 21 →
1
Azɔ la, mekpɔ mawudɔla aɖe wòle ɖiɖim tso dziƒo, eye wòlé aʋlimesafui kple kɔsɔkɔsɔ titri aɖe ɖe asi.
2
Elé ʋɔdriba la: da xoxo si li tso blema ke la. Woyɔnɛ be Abosam kple Satana. Mawudɔla la blae da ɖi be wòanɔ anyi ƒe akpe ɖeka.
3
Etsɔ ʋɔdriba la ƒu gbe ɖe aʋlime, tu nu ɖe enu goŋ, eye wòtsɔ nutrenu tre enu, bene magakpɔ mɔ akplɔ dukɔwo atrae azɔ o, va se ɖe esime ƒe akpe ɖeka la nade. Esia megbe la, ele be woaɖe gae ɣeyiɣi kpui aɖe.
4
Emegbe la, mekpɔ ame aɖewo wonɔ anyi ɖe fiazikpui aɖewo dzi. Wona ŋusẽ ame siawo be woadrɔ̃ ʋɔnu. Mekpɔ ame siwo wowu elabe woɖi ɖase le Yesu kple mawunya la ŋu ta la ƒe luʋɔwo. Ame siawo mede ta agu na lã la, alo eƒe nɔnɔmekpakpa o, eye eƒe dzesi mele woƒe ŋgonu alo asi ŋu o. Wogbɔ agbe eye woɖu fia kple Kristo ƒe akpe ɖeka.
5
Ame kukuwo ƒe tsitretsitsi gbãtɔe nye esia. Ame kuku mamlɛawo ya megbɔ agbe hafi ƒe akpe ɖeka la de o.
6
Ame siwo kpɔ gome le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi gbãtɔ sia me la, Mawu yra wo hewɔ wo kɔkɔe. Ku evelia mekpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o. Woanye Mawu kple Kristo ƒe nunɔlawo, eye woaɖu dzi kplii ƒe akpe ɖeka.
7
Azɔ ne ƒe akpe ɖeka la de la, woaɖe Satana tso gaxɔ me.
8
Ado go aɖable dukɔ siwo le xexea me ƒe dzogoe eneawo katã dzi, siwo nye Gog kple Magɔg la. Aƒo wo nu ƒu hena aʋawɔwɔ. Wosɔ gbɔ abe ƒutake ene.
9
Wozɔ to xexe bliboa me, eye wova ɖe to ɖe ame siwo ŋu wokɔ kple du lɔlɔ̃ la. Ke dzo ge tso dziƒo va fiã wo keŋkeŋ.
10
Wotsɔ Abosam, ame si ble wo la ƒu gbe ɖe dzotá si me dzokpewo le bibim le la me. Afi siae wotsɔ lã la kple aʋatsogbeƒãɖela la ƒu gbe ɖo va yi. Woawɔ funyafunya wo le afi sia zã kple keli tso mavɔ me yi mavɔ me.
11
Azɔ la, mekpɔ fiazikpui lolo ɣi aɖe eye ame aɖe bɔbɔ nɔ edzi. Anyigba kple dziƒo bu ɖa le eŋkume, eye teƒe megali na wo woanɔ o.
12
Tete mekpɔ ame kuku geɖe: amegãwo kple ame gblɔewo siaa. Wotsi tsitre ɖe fiazikpuia ŋgɔ. Agbalẽ aɖewo le ʋuʋu ɖi. Wògaʋu agbalẽ bubu aɖe hã; eyae nye agbenɔlawo ƒe agbalẽ. Wotsɔ nu si woŋlɔ ɖe agbalẽawo me la drɔ̃ ʋɔnu ame kukuawo ɖe woƒe nuwɔnawo nu.
13
Atsiaƒu ɖe ame kuku, siwo le eme la ɖe go, eye ku kple tsiẽƒe hã ɖe asi le ame kuku siwo le wo me la ŋu. Azɔ wodrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ɖe nu si wòwɔ la nu.
14
Emegbe wotsɔ ku kple tsiẽƒe ƒu gbe ɖe dzotá la me. Dzotá siae nye ku evelia.
15
Ame sia ame si ƒe ŋkɔ womekpɔ le agbenɔlawo ƒe agbalẽa me o la, wotsɔe ƒu gbe ɖe dzotá la me.
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 21 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22