bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Revelation 13
Revelation 13
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 14 →
1
Esia megbe la, mekpɔ lãfɔne aɖe wòle dodom tso atsiaƒu la me. Dzo ewo, ta adrẽ li nɛ, eye fiakuku le dzoawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi. Woŋlɔ busuŋkɔwo ɖe eƒe taawo ŋu.
2
Lã si mekpɔ la le abe lãkle ene. Eƒe afɔwo le abe sisiblisi tɔwo ene, eye eƒe nu le abe dzata tɔ ene. Ʋɔdriba la tsɔ eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ, eƒe fiazikpui kple dziɖuŋusẽ gã la na lã sia.
3
Lã la ƒe tawo dometɔ ɖeka dzé abe kubi wode eŋu ene, ke abia ku nɛ. Anyigbadzitɔwo katã ƒe mo wɔ yaa, eye wokplɔ lã la ɖo.
4
Amewo subɔ ʋɔdriba la, elabe etsɔ ŋusẽ si le esi na lã sia. Wosubɔ lã la gblɔ be: “Ame kae le abe lã sia ene? Ame kae ate ŋu awɔ aʋa kplii?”
5
Woɖe mɔ na lã la be wòagblɔ dàdanya kple busunya geɖewo, eye wòaɖu dzi ɣleti bla ene vɔ eve.
6
Eke nu gblɔ busunya ɖe Mawu, eƒe ŋkɔ la, eƒe nɔƒe kple ame siwo katã le dziƒo la ŋu.
7
Woɖe mɔ nɛ hã be wòawɔ aʋa kple ame siwo ŋu wokɔ, eye wòaɖu wo dzi. Wogana ŋusẽe ɖe to sia to kple dukɔ sia dukɔ, gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe kple amegbetɔƒomea katã dzi.
8
Anyigbadzinɔla siwo katã ƒe ŋkɔ mele Alẽvi si wowu la ƒe agbenɔlawo ƒe agbalẽ me, tso esime woɖo xexea me gɔme anyi o la, lasubɔe.
9
Ame si to li na la, nesee!
10
“Ne ehiã be woaɖe aboyo ame aɖe la, woaɖe aboyoe. Ne ehiã be woawu ame aɖe kple yi la, woawui kple yi. Wogblɔ esia bene ame siwo ŋu wokɔ la nado dzi eye woaxɔ se.”
11
Azɔ mekpɔ lã bubu, si do go tso anyigba me. Dzo eve le eta abe alẽvi tɔ ene, eye wòƒo nu abe ʋɔdriba ene.
12
Exɔ ŋusẽ triakɔ si le esi la tso lã gbãtɔ la gbɔ, eye wòwɔ eŋudɔ le eŋkume. Ezi anyigba kple edzinɔlawo katã dzi be woasubɔ lã gbãtɔ, si ŋu wode kubi kpɔ la.
13
Lã evelia sia wɔ nukunu gãwo. Ena dzo gɔ̃ hã ge tso dziƒo va dze anyigba dzi le amewo ŋkume.
14
Eble anyigbadzinɔlawo to nukunu siwo woɖe mɔ nɛ be newɔ le lã gbãtɔ ŋkume la me. Lã la gblɔ na xexemetɔwo be woawɔ lã si ŋu wode abii kple yi, ke wòtsi agbe la ƒe nɔnɔmekpakpa.
15
Wona ŋusẽ lã evelia be wòana gbɔgbɔ lã gbãtɔ la ƒe nɔnɔmekpakpa si wowɔ la, ale be nɔnɔmekpakpa la nate ŋu aƒo nu, eye wòawu ame siwo katã masubɔe o la.
16
Lã sia zi amewo katã dzi: ɖeviwo kple ametsitsiwo, kesinɔtɔwo kple ame dahewo, kluviwo kple ablɔɖemewo be woade dzesi woƒe nuɖusi kple ŋgonu.
17
Ale be ame aɖeke mate ŋu aƒle nu alo adzra naneke o, negbe dzesi la ɖe wòle eŋu hafi. Dzesi siae nye lãa ƒe ŋkɔ alo xexlẽmedzesi si le ŋkɔa teƒe.
18
Nunya hiã le nya sia ŋu bubu me. Ame si sea nu gɔme la, nebu lã la ƒe xexlẽmedzesi la kpɔ, elabe enye dzesi si sɔ kple ame ŋkɔ. Xexlẽmedzesi lae nye alafa ade bla ade vɔ ade.
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 14 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22